Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 35

Yehowa Na Eƒe Sewo

Yehowa Na Eƒe Sewo

ESI Israel-viwo dzo le Egipte abe ɣleti eve ene megbe la, wova ɖo Sinai-to, si wogayɔna be Xoreb la gbɔ. Teƒe sia kee Yehowa ƒo nu na Mose le le ave bidzo la me. Ameawo ƒu asaɖa anyi ɖe afisia henɔ anyi vie.

Esi ameawo nɔ lalam le toa gɔme la, Mose lia to la. Yehowa gblɔ na Mose le toa tame be Yedi be Israel-viwo naɖo to Ye ahazu Yeƒe dukɔ tɔxɛ. Esi Mose ɖi la, egblɔ nusi Yehowa gblɔ la na Israel-viwo. Eye ameawo gblɔ be yewoaɖo to Yehowa, elabena yewodi be yewoanye eƒe dukɔ.

Fifia Yehowa wɔ nukunu aɖe. Ena to la tame tu dzudzɔ, eye wòna dzi ɖe gbe. Eƒo nu na ameawo hã be: ‘Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu, si kplɔ mi tso Egipte.’ Emegbe wòde se be: ‘Migade ta agu na mawu bubu aɖeke o, negbe nye ko.’

Mawu gana se asieke bubu Israel-viwo. Ameawo nɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ. Wogblɔ na Mose be: ‘Wò boŋ ƒo nu na mí, elabena míele vɔvɔ̃m be ne Mawu ƒo nu na mí la, míaku.’

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be: ‘Va gbɔnye le to la tame. Matsɔ kpe gbadza eve, siwo dzi meŋlɔ se, siwo dzi medi be ameawo nawɔ ɖo la na wò.’ Eye Mose lia to la ake. Enɔ afima hena ŋkeke 40 kple zã 40.

Mawu na se geɖe eƒe amewo. Mose ŋlɔ se siawo ɖi. Mawu tsɔ kpe gbadza eve la hã na Mose. Mawu ŋutɔ ŋlɔ se 10, siwo wògblɔ na ameawo katã la ɖe kpe siawo dzi. Woyɔa wo be Se Ewoawo.

Se Ewoawo nye se veviwo. Gake se bubu geɖe, siwo Mawu na Israel-viwo la hã le vevie. Se siawo dometɔ ɖekae nye: ‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò tamesusu blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo.’ Bubu hãe nye: ‘Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.’ Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, gblɔ be esiawoe nye se gãtɔ eve, siwo Yehowa na eƒe dukɔ Israel. Emegbe la, míasrɔ̃ nu le Mawu ƒe Vi la kple eƒe nufiafiawo ŋuti.