Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 39

Aron Ƒe Atikplɔ Ƒo Se

Aron Ƒe Atikplɔ Ƒo Se

KPƆ seƒoƒo kple atiku ɖiɖi, siwo to ɖe atikplɔ alo ati sia ŋuti la ɖa. Esiae nye Aron ƒe atikplɔ. Seƒoƒoawo kple atiku ɖiɖi la to ɖe Aron ƒe atikplɔa ŋuti le zã ɖeka ko me! Na míakpɔ nusitae la ɖa.

Ɣeyiɣi ʋɛ aɖee nye esia esime Israel-viwo le tsatsam le gbeadzi. Wo dometɔ aɖewo mesusu be Mose nanye kplɔla alo Aron nanye nunɔlagã o. Korax nye amesiawo dometɔ ɖeka; nenema kee nye Datan, Abiram, kple ameawo ƒe ŋgɔnɔla 250. Amesiawo katã va gblɔ na Mose be: ‘Nukatae nèdo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe mía nu?’

Mose gblɔ na Korax kple eyomedzelawo be: ‘Ne ŋu ke ŋdi la, mitsɔ dzoɖenuwo, eye miatsɔ dzudzɔdonuwo ɖe eme vɛ. Ne miava Yehowa ƒe agbadɔ la gbɔ. Míele amesi Yehowa tia la kpɔ ge.’

Esi ŋu ke la, Korax kple eyomedzela 250 la va agbadɔ la gbɔ. Ame geɖe, siwo de amesiawo dzi la hã va. Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔ. Mose gblɔ be: ‘Mite ɖa le ame vɔ̃ɖi siawo ƒe agbadɔ gbɔ. Migade asi woƒe naneke ŋuti o.’ Ameawo ɖo to, eye wote ɖe megbe tso Korax, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo gbɔ.

Emegbe Mose gblɔ be: ‘Esia ana mianya amesi Yehowa tia. Anyigba ake nu ami ame vɔ̃ɖi siawo.’

Esi Mose ƒo nu vɔ teti ko la, anyigba ke nu. Korax, Datan kple Abiram, kple amesiwo kpe ɖe wo ŋu la ƒe agbadɔ kple nunɔamesiwo ɖo do, eye anyigba la mia nu ɖe wo dzi. Esi ameawo se amesiwo le do ɖom la ƒe ɣlidodowo la, wodo ɣli be: ‘Misi! Anyigba la ava mi míawo hã!’

Korax kple eyomedzela 250 la gale tsitre ɖe agbadɔ la nu ko. Eyata Yehowa dɔ dzo ɖa, eye wòfia wo katã. Emegbe Yehowa gblɔ na Aron ƒe vi Eleazar be wòatsɔ amesiwo ku la ƒe dzoɖenuawo ahaƒoe gbadzɛ be woafa ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Vɔsamlekpui ƒe nutsyɔnu sia anye nuxɔxlɔ̃ na Israel-viwo be Aron kple viawo ɖeɖekoe kpɔ mɔ asubɔ abe nunɔlawo ene na Yehowa.

Gake Yehowa di be wòadze ƒã be Aron kple viawoe yetia be woanye nunɔlawo. Eyata egblɔ na Mose be: ‘Na Israel-ƒome ɖesiaɖe ƒe amegã natsɔ eƒe atikplɔ vɛ. Le Lewi-ƒomea me la, na Aron natsɔ eƒe atikplɔ vɛ. Eye nàda atikplɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe takpexɔ la me le nubablaɖaka la ŋkume. Amesi metia be wòanye nunɔla la ƒe atikplɔ aƒo se.’

Esi Mose ɖakpɔ wo le ŋdi la, kpɔ ɖa, seƒoƒo kple kutsetse ɖiɖi siawo to ɖe Aron ƒe atikplɔ la dzi! Eyata fifia èkpɔ nusitae Yehowa na Aron ƒe atikplɔ la ƒo sea?

Mose IV 16:1–17:14, 16-26; 26:10.