Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 42

Tedzi Aɖe Ƒo Nu

Tedzi Aɖe Ƒo Nu

ÈSE tedzi aɖe wòle nu ƒom kpɔa? Ðewohĩ àgblɔ be: ‘Ao, lãwo mete ŋu ƒoa nu o.’ Gake Biblia gblɔ be tedzi aɖe ƒo nu. Na míakpɔ alesi wòdzɔe la ɖa.

Esusɔ vie Israel-viwo nage ɖe Kanaan-nyigba dzi. Balak, Moab-fia la le Israel-viwo vɔ̃m. Eyata edɔ ame ɖo ɖe ŋutsu zazɛ̃ aɖe, si ŋkɔe nye Bileam la be wòava ƒo fi ade Israel-viwo. Balak do ŋugbe be yeatsɔ ga gbogbo aɖe na Bileam, eyata Bileam lia eƒe tedzi hedze mɔ yina ɖe Balak gbɔ.

Yehowa medi be Bileam naƒo fi ade Yeƒe dukɔ la o. Eyata edɔ mawudɔla aɖe, si lé yi legbee aɖe ɖe asi la be wòatsi tre ɖe mɔa dzi be Bileam magayi o. Bileam mete ŋu le mawudɔla la kpɔm o, gake eƒe tedzia ya le ekpɔm. Eyata tedzi la le agbagba dzem be yeatrɔ adzo le mawudɔla la gbɔ, eye mlɔeba la, tedzi la tsyɔ akɔ ɖe mɔa dzi. Bileam do dziku ŋutɔ, eye wòtsɔ ati ƒo tedzi la.

Eye Yehowa na Bileam ƒe tedzi la ƒo nu nɛ. Tedzi la bia be: ‘Nukae mewɔ na wò hafi nèle ƒoyem?’

Bileam gblɔ be: ‘Èna be meɖi tsukunɔ. Ne yi ɖe wòle asinye la, ne mewu wò!’

Tedzi la bia be: ‘Ðe mewɔ nusia ɖe ŋuwò kpɔa?’

Bileam ɖo ŋu be: ‘Ao.’

Tete Yehowa na Bileam kpɔ mawudɔla, si lé yi ɖe asi le mɔa dzi la. Mawudɔla la bia be: ‘Nukatae nèƒo wò tedzia? Meva xe mɔ na wò, elabena mele be nàyi aɖaƒo fi ade Israel o. Ne wò tedzi la ɖe metrɔ ɖa le ŋunye o la, mawu wò, gake nyemawu wò tedzia ya o.’

Bileam gblɔ be: ‘Mewɔ nuvɔ̃. Nyemenya be ètsi tre ɖe mɔa dzi o.’ Mawudɔla la ɖe mɔ na Bileam wòdzo, eye Bileam yi ɖe Balak gbɔ. Egadi kokoko be yeaƒo fi ade Israel, gake Yehowa na wòyra Israel zi etɔ̃ sɔŋ boŋ.