Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 43

Yosua Zu Kplɔla

Yosua Zu Kplɔla

MOSE di be yeayi Kanaan kple Israel-viwo. Eyata ebia be: ‘Yehowa, na matso Yordan-tɔsisi la, be makpɔ anyigba nyui la.’ Gake Yehowa gblɔ be: ‘Esɔ gbɔ, mègagblɔ nya sia azɔ o.’ Ènya nusitae Yehowa gblɔ nya ma?

Le nusi dzɔ esime Mose ƒo agakpe la tae. Ðo ŋku edzi be eya kple Aron mede bubu Yehowa ŋu o. Womegblɔ na ameawo be Yehowae na tsi do le agakpea me o. Susu sia tae Yehowa gblɔ be yemana woade Kanaan o.

Le Aron ƒe ku megbe ɣleti ʋɛ aɖewo la, Yehowa gblɔ na Mose be: ‘Kplɔ Yosua tsi tre ɖe nunɔla Eleazar kple ameawo ŋkume. Gblɔ na amesiame le wo katã ŋkume be Yosua ye nye kplɔla yeye la.’ Mose wɔ nusi tututu Yehowa gblɔ la abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetata la me ene.

Emegbe Yehowa gblɔ na Yosua be: ‘Sẽ ŋu, eye mègavɔ̃ o. Wòe akplɔ Israel-viwo ayi Kanaan-nyigba, si ƒe ŋugbe medo na wo la dzie, eye manɔ anyi kpli wò.’

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be wòalia ayi Nebo-to, si le Moab-nyigba dzi la tame. Le etame la, Mose ate ŋu akpɔ Yordan godo ahakpɔ Kanaan-nyigba nyui la. Yehowa gblɔ be: ‘Anyigba siae medo ŋugbe be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob viwo. Mena nèkpɔe, gake nyemana nàɖo afɔ edzi o.’

Mose ku ɖe Nebo-to la tame. Exɔ ƒe 120. Ŋusẽ ganɔ eŋu, eye eƒe ŋku ganɔ nu kpɔm nyuie. Ameawo lé blanui ŋutɔ, eye wofa avi, elabena Mose ku. Gake wokpɔ dzidzɔ be Yosua nye yewoƒe kplɔla yeye.