Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 48

Gibeontɔ Nunyalawo

Gibeontɔ Nunyalawo

AZƆ Kanaan-du geɖe le klalo be yewoawɔ aʋa kple Israel. Wobu be yewoate ŋu aɖu dzi. Gake amesiwo le Gibeon-du, si te ɖe wo ŋu me la mebui nenema o. Woxɔ se be Mawu le kpekpem ɖe Israel-viwo ŋu, eye womedi be yewoawɔ aʋa kple Mawu o. Ènya nusi Gibeontɔwo wɔa?

Woɖo be yewoawɔ yewo ɖokui abe didiƒe aɖe yewotso ene. Wo dometɔ aɖewo do awu vuvuwo kple afɔkpa vuvuwo. Wotsɔ kotoku vuvuwo do agbae na woƒe tedziwo, eye wotsɔ abolo ƒuƒu dzefufu aɖewo ɖe asi. Eye woyi ɖagblɔ na Yosua bena: ‘Míetso didi aɖe ƒe, elabena míese miaƒe Mawu gã, Yehowa ŋkɔ. Míese nusiwo katã wòwɔ na mi le Egipte la. Eyata míaƒe amegãwo gblɔ be míadi nuɖuɖu aɖe hena mɔzɔzɔ, eye míava gblɔ na mi be: “Dɔlawo míenye na mi. Mido ŋugbe be yewomawɔ aʋa kpli mí o.” Mikpɔ ɖa, mɔ legbe la wɔe be míaƒe awuwo vuvu, eye míaƒe abolo hã do xoxo heƒu.’

Yosua kple kplɔla bubuwo xɔ Gibeontɔwo dzi se. Eyata wodo ŋugbe be yewomawɔ aʋa kpli wo o. Gake ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova nya be Gibeontɔwo ƒe nɔƒe medidi o.

Yosua bia wo be: ‘Nukatae miegblɔ na mí be yewotso didiƒe?’

Gibeontɔwo ɖo ŋu be: ‘Elabena wogblɔ na mí be miaƒe Mawu Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ Kanaan-nyigba sia katã na mi. Eyata míevɔ̃ be miele mía wu ge.’ Gake Israel-viwo wɔ woƒe ŋugbedodo la dzi, eye womewu Gibeontɔwo o. Ke boŋ la, wowɔ wo woƒe dɔlawoe.

Yerusalem-fia la do dziku, elabena Gibeontɔwo wɔ ŋutifafa kple Israel. Eyata egblɔ na fia ene bubuwo be: ‘Miva kpe ɖe ŋunye míawɔ aʋa kple Gibeon.’ Eye fia atɔ̃ siawo wɔ nenema. Nunyanue Gibeontɔwo wɔ be wowɔ ŋutifafa kple Israel, esi wɔe be fia siawo va wɔ aʋa kpli woa? Míele ekpɔ ge ɖa.