Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 51

Rut Kple Naomi

Rut Kple Naomi

AGBALẼ aɖe le Biblia me, si woyɔna be Rut. Enye ŋutinya aɖe, si ƒo nu tso ƒome aɖe, si nɔ anyi le ɣeyiɣi, si me ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel la ŋuti. Rut nye ɖetugbi aɖe, si tso Moab-nyigba dzi; metso Mawu ƒe dukɔ Israel me o. Gake esi Rut se Mawu vavã Yehowa ŋkɔ la, elɔ̃e ŋutɔ. Naomi nye nyɔnu tsitsi aɖe, si kpe ɖe Rut ŋu be wòdze si Yehowa.

Naomi nye Israel-nyɔnu. Eya kple srɔ̃a kple wo vi ŋutsu eve ʋu yi Moab-nyigba dzi esime nuɖuɖu vɔ le Israel. Gbeɖeka la, Naomi srɔ̃ ku. Emegbe la, Naomi viŋutsu eveawo ɖe Moab-nyɔnuvi eve, siwo ŋkɔe nye Rut kple Orpa. Gake ƒe 10 megbe la, Naomi viŋutsu eveawo ku. Naomi kple nyɔnuvi eveawo lé blanui ale gbegbe! Nuka wɔ ge Naomi ala fifia?

Gbeɖeka la, Naomi ɖo be yeatrɔ azɔ mɔ didi la ayi aƒe le yeƒe amewo gbɔ. Rut kple Orpa di be yewoanɔ egbɔ, eyata woawo hã wokplɔe ɖo. Esi wozɔ mɔ sẽ la, Naomi trɔ ɖe nyɔnuviawo ŋu hegblɔ be: ‘Mitrɔ yi aƒe mia dadawo gbɔ.’

Naomi gbugbɔ nu na nyɔnuviawo hedo hedenyuie na wo. Kasia wode asi avifafa me, elabena wolɔ̃ Naomi ŋutɔ. Wogblɔ be: ‘Gbeɖe! Míakplɔ wò ɖo ayi wò amewo gbɔ. Gake Naomi ɖo ŋu be: ‘Mitrɔ yi aƒe, vinyewo. Eme anyo na mi le aƒe.’ Eye Orpa dze mɔ ɖo ta aƒe. Gake Rut ya metrɔ o.

Naomi trɔ ɖe eŋu hegblɔ be: ‘Orpa trɔ dzo. Wò hã trɔ yi aƒe kplii.’ Gake Rut ɖo ŋu be: ‘Mègazi dzinye be matrɔ le yowòme o! Na mayi kpli wò. Afisi nàyi la, nye hã mayi, eye afisi nànɔ la, afima nye hã manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu. Afisi nàku ɖo la, afima nye hã maku ɖo, eye afimae woaɖim ɖo.’ Esi Rut gblɔ esia la, Naomi megazi edzi azɔ be wòatrɔ o.

Mlɔeba la, nyɔnu eveawo de Israel. Woɖo nɔƒe ɖe afisia. Enumake la, Rut dze dɔwɔwɔ gɔme le agble me, elabena luŋeɣi ɖo. Ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Boaz la ɖe mɔ nɛ be wòafɔ lu le yeƒe agble me. Ènya amesi nye Boaz dadaa? Eyae nye Raxab, si nɔ Yerixo la.

Boaz gblɔ na Rut gbeɖeka be: ‘Wogblɔ wò nyawo katã nam, kple alesi nènyo dɔmee na Naomi. Menya alesi nègblẽ fofowò kple dawò kpakple wò dukɔ ɖi, kple alesi nèva nɔ amesiwo mènya tsã o la domee. Yehowa neve nuwò!’

Rut ɖo ŋu be: ‘Ève nunye ŋutɔ. Èna nye dzi dze eme nyuie le alesi nèƒo nu nam la ta.’ Boaz lɔ̃ Rut ŋutɔ, eyata eteƒe medidi o ko woɖe wo nɔewo. Esia dzɔ dzi na Naomi ŋutɔ! Gake Naomi gakpɔ dzidzɔ ɖe edzi wu esime Rut kple Boaz wodzi ŋutsuvi gbãtɔ, si woyɔ be Obed la. Emegbe Obed va zu Dawid tɔgbui, amesi ŋu míasrɔ̃ nu geɖe le emegbe.

Biblia ƒe agbalẽ, si nye Rut.