Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 52

Gideon Kple Eƒe Ame 300 La

Gideon Kple Eƒe Ame 300 La

ÈKPƆ nusi le dzɔdzɔm le afisia? Amesiawo katã nye Israel ƒe aʋawɔlawo. Amesiwo bɔbɔ la le tsi nom. Amesi tsi tre ɖe wo gbɔ tututu lae nye Ʋɔnudrɔ̃la Gideon. Ele alesi wole tsia nomee la kpɔm.

Lé ŋku ɖe mɔ vovovo, siwo nu ameawo le tsia nom le la ŋuti nyuie. Ame aɖewo tsyɔ nu ɖe tsia me ŋutɔŋutɔ. Ame ɖeka ya ku tsia ɖe eƒe asiʋlo me be yeate ŋu akpɔ nusi le edzi yim le ye megbe. Esia le vevie, elabena Yehowa gblɔ na Gideon be wòatia ŋutsu, siwo anɔ ŋudzɔ le tsia nono me la ɖeɖeko. Ame mamlɛawo ya la, Mawu gblɔ be woaɖo wo ɖe aƒeme. Na míakpɔ nusitae la ɖa.

Israel-viwo gaɖo fukpekpe me ake. Elabena womeɖo to Yehowa o. Midiantɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi hele nuvevi wɔm wo. Eyata Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa hena kpekpeɖeŋu, eye Yehowa se woƒe ɣlidodowo.

Yehowa gblɔ na Gideon be wòaƒo aʋawɔlawo nu ƒu, eye Gideon ƒo aʋawɔla 32,000 nu ƒu. Gake aʋawɔla, siwo tsi tre ɖe Israel ŋu la nye ame 135,000. Ke hã la, Yehowa gblɔ na Gideon be: ‘Wò ameawo sɔ gbɔ akpa.’ Nukatae Yehowa gblɔ nenema?

Elabena ne Israel ɖu aʋa la dzi la, woasusu be yewo ŋutɔwoe ɖu aʋa la dzi. Woasusu be yewomehiã na Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu hafi aɖu aʋa la dzi o. Eyata Yehowa gblɔ na Gideon be: ‘Gblɔ na amesiwo katã nye vɔvɔ̃nɔtɔwo la be woatrɔ ayi aƒeme.’ Esi Gideon gblɔ esia la, eƒe aʋawɔla 22,000 trɔ yi aƒeme. Esusɔ ame 10,000, siwo awɔ aʋa kple aʋawɔla 135,000 mawo katã.

Gake ɖo to! Yehowa gblɔ be: ‘Wò ameawo sɔ gbɔ akpa.’ Eyata egblɔ na Gideon be wòana ameawo nano tsi le tɔ sia to, eye amesiwo atsyɔ nu ɖe tsia me la, wòaɖo wo ɖe aƒeme. Yehowa do ŋugbe be: ‘Mana ame 300, siwo le ŋudzɔ le tsia nono me la naɖu aʋa la dzi.’

Aʋa la wɔɣi ɖo. Gideon ma ame 300 la ɖe hatsotso etɔ̃ me. Etsɔ kpẽ kple ze, si me akakati le la na amesiame. Esi zãtitina ɖo la, wo katã ɖe to ɖe futɔwo ƒe aʋasaɖa la. Tete wo katã ku woƒe kpẽawo hegbã zeawo zi ɖeka, eye wodo ɣli be: ‘Yehowa kple Gideon ƒe yie!’ Esi asrafo, siwo nye futɔwo nyɔ la, wotɔtɔ eye vɔvɔ̃ ɖo wo. Wo katã wode asi sisi me, eye Israel-viwo ɖu aʋa la dzi.