Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 4

Israel-fia Gbãtɔ Va Se Ðe Aboyomenɔnɔ Le Babilon

Israel-fia Gbãtɔ Va Se Ðe Aboyomenɔnɔ Le Babilon

Saul va zu Israel-fia gbãtɔ. Gake Yehowa gbee, eye wòtia Dawid be wòaɖu fia ɖe eteƒe. Míasrɔ̃ nu geɖe tso Dawid ŋuti. Esi wònye ɖevi la, ewɔ aʋa kple Goliat, ame dzɔtsu la. Emegbe la, esi le Fia Saul, ŋuʋãla la nu. Eye Abigail dzetugbee la xe mɔ nɛ be mewɔ bometsinu o.

Emegbe la, míasrɔ̃ nu geɖe le Dawid ƒe vi Salomo, amesi xɔ ɖe Dawid teƒe abe Israel-fia ene la ŋuti. Israel-fia gbãtɔ etɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe ɖu fia hena ƒe 40. Le Salomo ƒe ku megbe la, woma Israel ɖe fiaɖuƒe eve me, anyiehe kple dziehe fiaɖuƒe.

To 10 ƒe dziehe fiaɖuƒe la nɔ anyi ƒe 257 hafi Asiriatɔwo va tsrɔ̃e. Ƒe 133 megbe la, wotsrɔ̃ to eve ƒe anyiehe fiaɖuƒe la hã. Fifia ya la, woɖe aboyo Israel-viwo yi ɖe Babilon. Eyata Akpa ENELIA kpe ƒe 510 ƒe ŋutinya ɖo, ɣeyiɣi, sia me nukunu geɖe dzɔ.

 

LE AKPA SIA

ŊUTINYA 56 LIA

Saul—Israel Fia Gbãtɔ

Mawu ŋutɔe tia Saul gake eva gbee emegbe; míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Saul ƒe ŋutinyaa me.

ŊUTINYA 57 LIA

Mawu Tia David

Nu kae Mawu kpɔ le David ŋu si nyagblɔɖila Samuel mekpɔ o?

ŊUTINYA 58 LIA

David Kple Goliat

Menye akafo ɖeɖe koe David zã tsɔ kpe aʋa kple Goliat o, ke ewɔ nu bubu aɖe si de ŋgɔ boo la hã ŋu dɔ.

ŊUTINYA 59 LIA

Nu Si Ta Wòle Be David Nasi

Saul kpɔ dzidzɔ ɖe David ŋu gbã, gake eva ʋã ŋui hedi be yeawui. Nu ka tae?

ŊUTINYA 60 LIA

Abigail Kple David

Abigail yɔ srɔ̃a be yakame, gake esia kpɔ ŋutsua ƒe agbe ta gbe ma gbe.

ŊUTINYA 61 LIA

Woɖo Fia David

David to nu siwo wòwɔ kple nu siwo melɔ̃ be yeawɔ o dzi ɖee fia be yedze anye Israel-fia.

ŊUTINYA 62 LIA

Dzɔgbevɔ̃e Ðo David Ƒeme

David da vo gã aɖe si he xaxa va eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea dzi ƒe geɖe.

ŊUTINYA 63 LIA

Nunyala Fia Salomo

Ðe wòɖoe be yeafe ɖevia ɖe eve ŋutɔŋutɔa?

ŊUTINYA 64 LIA

Salomo Tu Gbedoxɔ

Togbɔ be Salomo ƒe nunya de ŋgɔ hã la, woble enu wòwɔ nu gbegblẽ kple bometsinu aɖe.

ŊUTINYA 65 LIA

Fiaɖuƒe La Ma

Esi Yeroboam dze dziɖuɖu gɔme teti ko la, ena dukɔ la da le Mawu ƒe sewo dzi.

ŊUTINYA 66 LIA

Izebel—Fianyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe

Izebel tsɔa akpa sesẽ xɔa nu sia nu si wòdi be nezu ye tɔ.

ŊUTINYA 67 LIA

Yehosafat Ðo Dzi Ðe Yehowa Ŋu

Nu ka tae hadzila siwo mebla aʋakpa o la adze ŋgɔ na asrafo siwo ho aʋa?

ŊUTINYA 68 LIA

Ŋutsuvi Eve Siwo Gagbɔ Agbe

Ðe wòanya wɔ be woagbɔ agbe ame aɖe si kua? Ɛ̃, edzɔ kpɔ!

ŊUTINYA 69 LIA

Nyɔnuvi Aɖe Kpe Ðe Kalẽtɔ Aɖe Ŋu

Dzi nɔ eƒo wòƒo nu, si wɔe be nukunu aɖe va dzɔ mlɔeba.

ŊUTINYA 70 LIA

Yona Kple Tɔmelã Gã La

Yona srɔ̃ nu vevi aɖe ku ɖe toɖoɖo Yehowa ŋu.

ŊUTINYA 71 LIA

Mawu Do Paradiso Aɖe Ŋugbe

Paradiso gbãtɔ nɔ sue; esia ya axɔ anyigba bliboa dzi.

ŊUTINYA 72 LIA

Mawu Kpe Ðe Fia Hizkiya Ŋu

Mawudɔla ɖeka wu Asiria asrafo 185,000 sɔŋ le zã ɖeka me.

ŊUTINYA 73 LIA

Israel Fia Nyui Mamlɛtɔ

Dzi nɔ Yosiya ƒo wòɖe afɔ vevi aɖe esime wònye ɖekakpui.

ŊUTINYA 74 LIA

Ŋutsu Si Mevɔ̃na O

Yeremiya susui be yemetsi haɖe ne yeanye nyagblɔɖila o, gake Mawu ya nya be Yeremiya ate ŋui.

ŊUTINYA 75 LIA

Ŋutsuvi Ene Le Babilon

Wokpɔ dzidzedze togbɔ be woɖe wo ɖe aga tso woƒe ƒometɔwo gbɔ hã.

ŊUTINYA 76 LIA

Wotsrɔ̃ Yerusalem

Nu ka tae Mawu na Israel ƒe futɔ siwo nye Babilontɔwo la va tsrɔ̃ Yerusalem?