Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 57

Mawu Tia David

Mawu Tia David

ÈKPƆ nusi dzɔa? Ðevi la xɔ alẽvi la le sisiblisi la si. Sisiblisi la va kɔ alẽvi la heyi ɖuɖu ge. Ðevi la ƒu du kplɔ wo ɖo heɖe alẽvi la le sisiblisi la ƒe nu me. Esi sisiblisi la tsi tre la, ŋutsuvi la vãe goŋgoŋ hexlãe ɖi wòku! Ɣebubuɣi la, exɔ alẽawo dometɔ ɖeka le dzata aɖe si. Ðe ɖevi ma mesesẽ ŋutɔ oa? Ènya amesi wònyea?

Eyae nye Dawid, ɖevi la. Ele Betlexem-du me. Tɔgbuia enye Obed, Rut kple Boaz ƒe viŋutsu la. Èɖo ŋku wo dzia? Eye Dawid fofo ŋkɔe nye Isai. Dawid kplɔna fofoa ƒe alẽwo. Esi Yehowa tia Saul be wòanye fia ƒe 10 megbee wodzi Dawid.

Ɣeyiɣi la de esime Yehowa gblɔ na Samuel be: ‘Tsɔ ami tɔxɛ aɖe, eye nàyi Isai ƒeme le Betlexem. Metia viawo dometɔ ɖeka be wòanye fia.’ Esi Samuel kpɔ Isai-vi ŋutsuvi tsitsitɔ Eliab la, egblɔ na eɖokui be: ‘Amesia kokokoe Yehowa tia.’ Gake Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Mègakpɔ eƒe kɔkɔme kple ɖekadzedze o. Menye eyae metia be wòanye fia o.’

Eye Isai yɔ viaŋutsuvi Abinadab va Samuel gbɔe. Gake Samuel gblɔ be: ‘Ao, menye eya hãe Yehowa tia o.’ Emegbe la, Isai kplɔ viaŋutsuvi Sama hã vɛ. Samuel gblɔ be: ‘Ao, Yehowa metia eya hã o.’ Isai kplɔ viaŋutsuvi adre va Samuel gbɔ, gake Yehowa metia wo dometɔ aɖeke o. Samuel bia be: ‘Ŋutsuviawo katãe nye esia?’

Isai ɖo ŋu be: ‘Esusɔ ɖevitɔ kekeake. Gake eyi alẽkplɔƒe.’ Esi wokplɔ Dawid vɛ la, Samuel kpɔ be edze ɖeka ŋutɔ. Yehowa gblɔ be: ‘Amesiae. Kɔ ami la ɖe edzi.’ Eye Samuel wɔe nenema. Ɣeyiɣi aɖo, esime Dawid ava zu Israel-fia.