Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 60

Abigail Kple David

Abigail Kple David

ÈNYA nyɔnu dzetugbe, si gbɔna Dawid gbɔ la? Eŋkɔe nye Abigail. Susu nyui le esi, eyata exe mɔ na Dawid be magawɔ nu gbegblẽ o. Gake hafi míasrɔ̃ nu tso ema ŋu la, na míakpɔ nusi nɔ dzɔdzɔm ɖe Dawid dzi la ɖa.

Esi Dawid si le Saul nu la, ebe ɖe agado aɖe me. Nɔviawo kple eƒe ƒometɔ mamlɛawo ɖakpe ɖe eŋu le afima. Ame abe 400 ene va egbɔ, eye Dawid va zu woƒe kplɔla. Emegbe Dawid yi Moab-fia gbɔ hegblɔ nɛ be: ‘Taflatse na fofonye kple danye nanɔ gbɔwò vaseɖe esime makpɔ nusi adzɔ ɖe dzinye.’ Emegbe la, Dawid kple eƒe amewo te bebe ɖe towo dzi.

Esia megbee Dawid va kpɔ Abigail. Srɔ̃a Nabal nye anyigbatɔ aɖe, si nye kesinɔtɔ. Alẽ 3,000 kple gbɔ̃ 1,000 le esi. Nabal nye ame vloe aɖe. Gake srɔ̃a Abigail dze tugbe ŋutɔ. Enya nu dzɔdzɔe hã wɔwɔ. Gbeɖeka la, eɖe eƒe ƒomea tso afɔku me gɔ̃ hã. Na míakpɔ alesi wòwɔe la ɖa.

Dawid kple eƒe amewo nyo dɔme na Nabal. Wokpe ɖe wo ŋu hekpɔ eƒe alẽwo ta. Eyata gbeɖeka Dawid dɔ eƒe ame aɖewo ɖe Nabal be wòana nu ye. Dawid ƒe amewo va Nabal gbɔ esime wo kple eƒe kpeɖeŋutɔwo le fu kom na alẽwo. Nuɖukplɔ̃ɖogbee wònye, eyata nu geɖe le Nabal si wòaɖu. Eyata Dawid ƒe ameawo gblɔ be: ‘Míenyo dɔme na mi. Míefi miaƒe alẽ aɖeke o, ke boŋ míekpɔ wo dzi nyuie. Eyata azɔ taflatse mina nuɖuɖu aɖe mí.’

Nabal gblɔ be: ‘Nyematsɔ nye nuɖuɖu na mi amesiawo ƒomevi o.’ Eƒo nu movitɔe, eye wògblɔ nya vɔ̃wo ɖe Dawid ŋu. Esi ameawo yi ɖagblɔ nya la na Dawid la, Dawid do dziku ŋutɔ. Egblɔ na eƒe ameawo be: ‘Mitsɔ miaƒe yiwo!’ Tete wodze mɔ heyi Nabal kple eƒe amewo wu ge.

Nabal ƒe amewo dometɔ ɖeka, si se Nabal ƒe movinyawo la gblɔ nusi dzɔ la na Abigail. Enumake Abigail ƒo nuɖuɖu aɖewo nu ƒu. Etsɔe do agbae ɖe tedziwo dzi hedze mɔ. Esi wòdo go Dawid la, eɖi le eƒe tedzia dzi hebɔbɔ gblɔ be: ‘Taflatse mègaɖo to srɔ̃nye Nabal ƒe nyawo o. Movitɔe wònye, eye movinue wòwɔna. Nunanae nye si. Taflatse xɔe, eye nàtsɔ nusi dzɔ la ake mí.’

Dawid gblɔ be: ‘Nyɔnu nunyalae nènye. Ètsi nunye be nyemewu Nabal atsɔ ɖo eƒe movinuwɔwɔ teƒe nɛ o. Azɔ yi aƒeme le ŋutifafa me.’ Emegbe esi Nabal ku la, Abigail va zu Dawid srɔ̃wo dometɔ ɖeka.