Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 63

Nunyala Fia Salomo

Nunyala Fia Salomo

SALOMO nye ƒewuivi esime wòzu fia. Elɔ̃ Yehowa, eye wòdzea aɖaŋu nyui, si fofoa Dawid ɖo nɛ la yome. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Salomo ŋu, eyata egblɔ nɛ le drɔ̃e me le zã aɖe me be: ‘Salomo, nukae nèdi be mana ye?’

Tete Salomo ɖo ŋu be: ‘Yehowa, nye Mawu, ɖevi ko menye, eye nyemenya alesi maɖu fiae o. Eyata nam nunya be matsɔ aɖu wò amewo dzie le mɔ dzɔdzɔe nu.’

Nusi Salomo bia la dze Yehowa ŋu. Eyata egblɔ be: ‘Esi wònye mèbia agbe didi kple kesinɔnuwo o, ke boŋ nunya ta la, mana nunya wò wu amesiame, si nɔ anyi kpɔ. Gake mana nusi mèbia o la wò, kesinɔnuwo kple ŋutikɔkɔe siaa.’

Eteƒe medidi o la, nyɔnu eve tsɔ nya sesẽ aɖe va Salomo gbɔe. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: ‘Mí kple nyɔnu sia míele xɔ ɖeka me. Medzi ŋutsuvi, eye ŋkeke eve megbe la, eya hã dzi ŋutsuvi. Gbeɖeka le zã me la, eƒe vidzĩe la ku. Ke esi mele alɔ̃ me la, ekɔ via kuku la mlɔ axanye hekɔ vinyea. Esi mefɔ hekpɔ ɖevi kukua la, mekpɔ be menye tɔnyee o.’

Tete nyɔnu kemɛa gblɔ be: ‘Gbeɖe o! Tɔnyee nye ɖevi gbagbe la, eye etɔe nye kukua!’ Nyɔnu gbãtɔ ɖo ŋu be: ‘Ao! tɔwòe nye ɖevi kukua, eye tɔnyee nye agbagbea!’ Nyɔnuawo nɔ nyaʋiʋlia dzi alea. Nuka wɔ ge Salomo ala?

Edɔ be woatsɔ yi vɛ; esi wotsɔe vɛ la, egblɔ be: ‘Mife ɖevi gbagbe la me ɖe eve, eye mitsɔ afã na wo dometɔ ɖesiaɖe.’

Dadaa ŋutɔŋutɔ do ɣli be: ‘Gbeɖe o! Taflatse migawu ɖevi la o. Mitsɔe nɛ!’ Gake nyɔnu kemɛa gblɔ be: ‘Migatsɔe na mía dometɔ aɖeke o; mife eme ɖe eve.’

Salomo gblɔ mlɔeba be: ‘Migawu ɖevi la o! Mitsɔe na nyɔnu gbãtɔ. Eyae nye dadaa ŋutɔŋutɔ.’ Salomo nya esia, elabena vidada ŋutɔŋutɔ lɔ̃ ɖevi la ale gbegbe be elɔ̃ be woatsɔe na nyɔnu kemɛa be womagawui o. Esi amewo se alesi Salomo kpɔ nya la gbɔe la, edzɔ dzi na wo ŋutɔ be fia nyanu ma le yewo si.

Le Salomo ƒe dziɖuɣi la, Mawu yra ameawo be wòna anyigba la wɔ ƒo kple lu, weintsetsewo kple gbotsetsewo kple nuɖuɖu bubu geɖe. Ameawo ta avɔ nyuiwo henɔ aƒe nyuiwo me. Amesiame kpɔ nu nyui ɖesiaɖe wògbɔ eme.