Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 64

Salomo Tu Gbedoxɔ

Salomo Tu Gbedoxɔ

HAFI Dawid naku la, etsɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzidzeme, si tso Mawu gbɔ la na Salomo. Le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Salomo dze gbedoxɔ la tutu gɔme, eye wòtsɔ ƒe adre kple afã tui. Ame akpe nanewo wɔ dɔ le gbedoxɔ la ŋu, eye wogblẽ ga geɖe ɖe xɔa tutu ŋu. Elabena wozã sika kple klosalo geɖe.

Xɔ gã eve le gbedoxɔ la ŋu abe alesi wònɔ le avɔgbadɔ la me ene. Gake xɔ siawo lolo wu avɔgbadɔa tɔ teƒe eve. Salomo na woda nubablaɖaka la ɖe gbedoxɔa ƒe emetɔa me, eye nu bubu, siwo le gbedoxɔa me la le xɔ evelia me.

Esi wowu gbedoxɔa nu la, woɖu ŋkekenyui gã aɖe. Salomo dze klo ɖe gbedoxɔ la ŋkume hedo gbe ɖa abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetata la me ene. Salomo gblɔ na Yehowa be: ‘Dziƒoa katã gɔ̃ hã melolo na wò o, kaka wòahanye gbedoxɔ sia, si metu na wò. Gake, Oo nye Mawu, taflatse se wò dukɔ la ƒe gbedodoɖa ɖe teƒe sia ŋu.’

Esi Salomo do gbe ɖa vɔ la, dzo tso dziƒo va. Efiã lã ƒe vɔsa, si woɖo anyi la. Eye keklẽ aɖe tso Yehowa gbɔ yɔ gbedoxɔ la taŋ. Esia fia be Yehowa le to ɖom, eye ekpɔ ŋudzedze ɖe gbedoxɔ la kple Salomo ƒe gbedodoɖa la ŋu. Fifia gbedoxɔ la zu afisi ameawo va dea ta agu le, ke menye avɔgbadɔ me o.

Salomo ɖu fia le nunya me hena ɣeyiɣi didi aɖe, eye ameawo kpɔ dzidzɔ. Gake Salomo ɖe nyɔnu geɖe tso dukɔ bubuwo me, amesiwo mesubɔa Yehowa o. Èkpɔ wo dometɔ ɖeka wòle legba subɔma? Mlɔeba la, Salomo srɔ̃wo na eya hã subɔ mawu bubuwo. Ne Salomo wɔ nusia la, ènya nusi dzɔna? Megagbɔa dzi ɖi na ameawo o. Enɔa ŋuta sẽm, eye ameawo megakpɔa dzidzɔ azɔ o.

Esia na Yehowa do dɔmedzoe ɖe Salomo ŋu, eye wògblɔ nɛ be: ‘Maxɔ fiaɖuƒe la le asiwò atsɔ na ame bubu. Nyemawɔ esia le wò agbenɔɣi o, ke boŋ le viwò ƒe fiaɖuɣi. Gake nyemaxɔ fiaɖuƒea teviwo katã le viwò si o.’ Na míakpɔ alesi esia dzɔe la ɖa.