Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 65

Fiaɖuƒe La Ma

Fiaɖuƒe La Ma

ÈNYA nusita ŋutsu sia le eƒe awu vuvum kakɛkakɛa? Yehowae be nevuvui. Ŋutsu siae nye Mawu ƒe nyagblɔɖila Axiya. Ènya amesi nye nyagblɔɖila? Enye amesi Mawu gblɔa nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la na doa ŋgɔ.

Axiya le nu ƒom na Yerobeam le afisia. Yerobeam nye ŋutsu, si Salomo ɖo eƒe xɔtudɔ la ƒe akpa aɖe nu. Esi Axiya do go Yerobeam le mɔ sia dzi la, Axiya wɔ nukunu aɖe. Eɖe awu ʋlaya yeye, si wòdo la hevuvui ɖe kakɛ 12 me. Egblɔ na Yerobeam be: ‘Lɔ kakɛ 10 na ɖokuiwò.’ Ènya nusita Axiya tsɔ kakɛ 10 na Yerobeam mahã?

Axiya ɖe eme be, Yehowa le fiaɖuƒe la xɔ ge le Salomo si. Egblɔ be Yehowa le to 10 tsɔ ge na Yerobeam. Esia fia be to eve koe asusɔ na Salomo ƒe vi Rexabeam wòaɖu fia ɖe edzi.

Esi Salomo se nusi Axiya gblɔ na Yerobeam la, dzi kui ŋutɔ. Edi be yeawu Yerobeam. Gake Yerobeam si yi Egipte. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Salomo ku. Eɖu fia hena ƒe 40; ke azɔ la, via Rexabeam zu fia. Yerobeam se le Egipte be Salomo ku, eyata egbɔ va Israel.

Rexabeam menye fia ɖɔʋu o. Esẽ ŋuta ameawo ŋu wu fofoa Salomo gɔ̃ hã. Yerobeam kple ame ŋkuta aɖewo yi Fia Rexabeam gbɔ hebiae be wòakpɔ nublanui na ameawo. Gake Rexabeam gbe. Le nyateƒe me la, esẽ ŋuta wu tsã. Eyata ameawo ɖo fia Yerobeam ɖe to 10 dzi; gake Benyamin kple Yuda ƒe to eveawo lɔ̃ be Rexabeam nanye yewoƒe fia.

Yerobeam melɔ̃ be yeƒe amewo nayi Yerusalem aɖasubɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Eyata ewɔ sikanyivi eve, eye wòna to 10 fiaɖuƒe la subɔ wo. Eteƒe medidi o la, anyigba la yɔ fũ kple hlɔ̃dodo kple nuvlowɔwɔ.

Dzɔgbevɔ̃e hã ɖo to eve fiaɖuƒe la me. Esi Rexabeam zu fia mede ƒe atɔ̃ haɖe o la, Egipte-fia va wɔ aʋa kple Yerusalem. Etsɔ kesinɔnu geɖe dzoe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Eyata ɣeyiɣi kpui aɖe koe gbedoxɔ la nɔ kɔkɔe abe alesi wotui la ene.