Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 67

Yehosafat Ðo Dzi Ðe Yehowa Ŋu

Yehosafat Ðo Dzi Ðe Yehowa Ŋu

ÈNYA ŋutsu siawo kple nusi wɔm wolea? Woyina aʋa, eye ŋutsu, siwo le ŋgɔ la le ha dzim. Gake ɖewohĩ àbia be: ‘Nukatae yiwo kple akplɔwo mele hadzilawo si be woawɔ aʋae o?’ Na míakpɔe ɖa.

Yosafat nye Israel ƒe to eve fiaɖuƒe la ƒe fia. Enɔ anyi le ɣeyiɣi, si tututu me to 10 ƒe dziehe fiaɖuƒe ƒe Fia Axab kple Izebel nɔ anyi la me. Gake Yosafat nye fia nyui aɖe, eye fofoa Asa hã nye fia nyui aɖe. Eyata amesiwo le to eve ƒe anyiehe fiaɖuƒea me la nɔ agbe vivi.

Gake fifia nane dzɔ, si do vɔvɔ̃ na ameawo. Dɔlawo va gblɔ na Yosafat be: ‘Aʋakɔ gã aɖe tso Moab, Amon kple Seir-to ƒe dukɔwo me be woava dze dziwò.’ Israel-vi geɖe ƒo ƒu ɖe Yerusalem be woabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Woyi gbedoxɔ la me, eye Yosafat do gbe ɖa le afima be: ‘O Yehowa mía Mawu, míenya nusi míawɔ o. Wɔna aɖeke mele mía ŋu le aʋakɔ gã sia nu o. Wòe míekpɔ mɔ na hena kpekpeɖeŋu.’

Yehowa see, eye wòna esubɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ na ameawo be: ‘Aʋa la menye mia tɔ o, ke Mawu tɔe. Menye miawoe le aʋa la wɔ ge o. Minɔ nu kpɔm ko, eye miakpɔ alesi Yehowa le mia ɖe gee ɖa.’

Esi ŋu ke la, Yosafat gblɔ na ameawo be: ‘Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu!’ Eye wòɖo hadzilawo eƒe aʋawɔlawo ŋgɔ, eye esi wonɔ azɔlia dzi la, wonɔ kafukafuhawo dzim na Yehowa. Esi wotu aʋa la kpuie la, ènya nusi dzɔa? Yehowa na be asrafo, siwo nye futɔwo la wɔ aʋa kple wo nɔewo. Eye hafi Israel-viwo naɖo la, asrafo, siwo nye futɔwo la dometɔ ɖesiaɖe ku!

Ðe menye nunyanu be Yosafat ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu oa? Ne míawo hã míeɖo dzi ɖe eŋu la, míanye nunyalawo.