Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 68

Ŋutsuvi Eve Siwo Gagbɔ Agbe

Ŋutsuvi Eve Siwo Gagbɔ Agbe

NE ÈKU, eye wogagbɔ agbe wò ɖe, aleke dawò awɔ? Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ! Gake ɖe amesi ku la agate ŋu agbɔ agbea? Ðe wòdzɔ kpɔa?

Kpɔ ŋutsu ma, nyɔnu ma, kple ŋutsuvi ma ɖa. Ŋutsu lae nye nyagblɔɖila Eliya. Nyɔnu la, nye ahosi aɖe, si tso Zarpat, eye viae nye ŋutsuvi la. Gbeɖeka la, ŋutsuvi la dze dɔ. Dɔa sesẽ ale gbegbe be wòku. Eye Eliya gblɔ na nyɔnu la be: ‘Tsɔ ɖevi la nam.’

Eliya kɔ ɖevi la yi xɔtaxɔ mee hetsɔe mlɔ aba dzi. Edo gbe ɖa be: ‘O Yehowa, na ɖevi sia nagagbɔ agbe.’ Tete ɖevi la de asi gbɔgbɔ me! Eye Eliya kɔe tso xɔtaxɔa me ɖi va anyi hegblɔ na dadaa be: ‘Kpɔ ɖa, viwò la gbɔ agbe!’ Esia tae dadaa kpɔ dzidzɔ alea gbegbe ɖo.

Yehowa ƒe nyagblɔɖila vevi bubu aɖe ŋkɔe nye Elisa. Esubɔna abe Eliya ƒe kpeɖeŋutɔ ene. Gake emegbe la, Yehowa na Elisa hã wɔ nukunuwo. Gbeɖeka la, Elisa yi Sunem, afisi nyɔnu aɖe nyo dɔme nɛ le. Emegbe la, nyɔnu sia dzi ŋutsuvi.

Gbeɖeka ŋdi, esi ɖevia tsi la, eyi fofoa gbɔ le agble me. Tete ɖevia do ɣli be: ‘Nye ta le veyem!’ Wokɔ ɖevia yi aƒemee, eye emegbe wòku. Dadaa lé blanui ŋutɔ! Enumake wòyi ɖayɔ Elisa.

Esi Elisa va la, ekɔ ɖevi kuku la yi xɔ mee. Edo gbe ɖa na Yehowa hetsyɔ akɔ ɖe ɖevi la dzi. Tete ɖevi la xɔ dzo, eye wònyè zi adre. Dadaa kpɔ dzidzɔ ale gbegbe esi wòva kpɔ be ye vi la gbɔ agbe!

Ame geɖe woku. Esia na woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo lé blanui vevie. Ŋusẽ mele mía si be míafɔ ame kukuwo o. Gake ŋusẽ le Yehowa si. Emegbe la, míasrɔ̃ alesi wòafɔ ame akpeakpewo va agbe mee.