Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 72

Mawu Kpe Ðe Fia Hizkiya Ŋu

Mawu Kpe Ðe Fia Hizkiya Ŋu

ÈNYA nusitae ŋutsu sia le gbe dom ɖa na Yehowa? Nukatae wòkeke agbalẽ siawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ? Ŋutsu lae nye Xizkiya. Enye Israel ƒe anyiehe-to eve fiaɖuƒe la ƒe fia. Eye ele fukpekpe geɖe me. Nukatae?

Elabena Asiria-ʋakɔwo tsrɔ̃ dziehe ƒe to 10 la xoxo. Yehowa na wotsrɔ̃ wo, elabena ameawo vɔ̃ɖi ŋutɔ. Ke fifia la, Asiria-ʋakɔwo va aʋa wɔ ge kple to eve fiaɖuƒe la.

Fifi laa ko Asiria-fia ɖo agbalẽwo ɖe Fia Xizkiya. Agbalẽawoe nye esia Xizkiya ɖo Mawu ŋkume. Agbalẽawo ɖe alɔme le Yehowa ŋu, eye wobe Xizkiya nena ta. Esia tae Xizkiya do gbe ɖa be: ‘O, Yehowa, ɖe mí tso Asiria-fia si me. Eye dukɔwo katã nanya be wò ɖekae nye Mawu.’ Ðe Yehowa aɖo to Xizkiya?

Xizkiya nye fia nyui aɖe. Mele abe Israel-to 10 fiaɖuƒea ƒe fiawo alo fofoa, Fia Axaz vɔ̃ɖi la ene o. Xizkiya ɖo to Yehowa ƒe sewo katã nyuie. Eyata esi Xizkiya do gbe ɖa vɔ la, nyagblɔɖila Yesaya ɖo gbedasi sia ɖee tso Yehowa gbɔ be: ‘Asiria-fia mava Yerusalem o. Eƒe aʋawɔlawo dometɔ aɖeke mate ɖe eŋu o. Womada dati ɖeka hã ɖe du la me o.’

Kpɔ nɔnɔmetata, si le axa sia dzi la ɖa. Ènya amesiwo aʋawɔla kuku siawo katã nyea? Asiriatɔwoe. Yehowa dɔ eƒe dɔla, eye mawudɔla la wu Asiriatɔwo ƒe aʋawɔla 185,000 le zã ɖeka me. Eyata Asiria-fia la na ta hetrɔ dzo.

To eve fiaɖuƒe la kpɔ ɖeɖe, eye ameawo kpɔ ŋutifafa hena ɣeyiɣi aɖe. Esi Xizkiya ku la, viaŋutsuvi Manase zu fia. Manase kple via Amon, si kplɔe ɖo la nye fia vɔ̃ɖiwo. Eyata hlɔ̃dodo kple nuvlowɔwɔ gayɔ anyigba la dzi. Esi Amon ŋutɔ ƒe dɔla eve wowui la, woɖo viaŋutsuvi Yosiya fiae ɖe to eve fiaɖuƒe la dzi.