Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 75

Ŋutsuvi Ene Le Babilon

Ŋutsuvi Ene Le Babilon

FIA Nebukadnezar kplɔ Israel-vi agbalẽnyala nyuitɔwo katã yi ɖe Babilon. Emegbe la, fia la tia ɖekakpui dzeɖekɛ, siwo zã wu ɖesiaɖe la le wo dome. Wo dometɔ enee nye ɖekakpui, siwo kpɔm nèle le afisia. Ðekae nye Daniel, eye Babiloniatɔwo yɔa etɔ̃ mamlɛawo be Sadrax, Mesax kple Abed-Nego.

Nebukadnezar ɖo be yeahe ɖekakpuiawo be woasubɔ le yeƒe fiasa me. Ne ehe wo hena ƒe etɔ̃ vɔ la, atia zazɛ̃tɔwo kekeake ɖeɖe be woakpe ɖe ye ŋu le nya sesẽwo me. Fia la di be ɖekakpuiawo ƒe lãme nasẽ nyuie le woƒe hehe la me. Eyata ede se be yeƒe subɔlawo natsɔ nuɖuɖu dami kple wein, si wotsɔna vɛ na ye kple yeƒe ƒomea la ke na ɖekakpuiawo katã.

Kpɔ ɖekakpui Daniel ɖa. Ènya nya, si gblɔm wòle na Nebukadnezar subɔlawo ƒe amegã Aspenaz mahã? Daniel le gbɔgblɔm nɛ be yemedi be yeaɖu fia ƒe nu damiawo o. Gake nya la ɖe fu na Aspenaz. Egblɔ be: ‘Fia lae tia nusi wòle be miaɖu ahano la. Eyata ne miaƒe lãme mesẽ abe ɖekakpui bubuawo tɔ ene o la, awum.’

Eye Daniel yi dzikpɔla, si Aspenaz ɖo eya kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo nu la gbɔ gblɔ nɛ bena: ‘Taflatse do mí kpɔ hena ŋkeke 10. Na amagbewo mí míaɖu, kple tsi, si míano. Emegbe nàtsɔ mí asɔ kple ɖekakpui bubu, siwo le fia ƒe nu ɖum la be amekawoe anya kpɔ wu hã.’

Dzikpɔla la lɔ̃ ɖe edzi. Ke esi ŋkeke 10 la de la, Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃awo ƒe lãme nya kpɔ wu ɖekakpui mamlɛawo katã. Eyata dzikpɔla la na woyi amagbeawo ɖuɖu dzi ɖe nusi fia na wo la teƒe.

Ƒe etɔ̃a megbe la, wokplɔ ɖekakpuiawo katã yi Nebukadnezar gbɔe. Esi fia la ƒo nu na wo katã vɔ la, ekpɔ be Daniel kple exɔlɔ̃ etɔ̃wo zã wu amesiame. Eyata exɔ wo be woakpe ɖe ye ŋu le fiasa la me. Eye ne fia la bia nya alo de nya sesẽwo asi na Daniel, Sadrax, Mesax kple Abed-Nego la, wosea egɔme zi 10 wu eƒe nunɔla kple nunyala ɖesiaɖe.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo