Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 77

Womade Ta Agu O

Womade Ta Agu O

ÈÐO ŋku ɖekakpui etɔ̃ siawo dzia? Ẽ, woawoe nye Daniel xɔlɔ̃ siwo gbe be yewomaɖu nusi menyo na yewo o la. Babiloniatɔwo yɔa wo be Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego. Gake fifia kpɔ wo ɖa. Nukatae womele ta dem agu na legba gã sia abe ameawo katã ene o? Na míakpɔ nusitae la ɖa.

Èɖo ŋku se siwo Yehowa ŋutɔ ŋlɔ woyɔna be Se Ewoawo la dzia? Wo dometɔ gbãtɔ gblɔ be: ‘Mègade ta agu na mawu bubu aɖeke o, negbe nye ɖeka ko.’ Ðekakpuiawo le se sia dzi wɔm togbɔ be ewɔwɔ mele bɔbɔe o gake.

Babilon-fia Nebukadnezar yɔ bubume geɖe be woade bubu legba, si yeli la ŋu. Fifi laa ko wògblɔ na ameawo katã be: ‘Ne miese kpẽwo, kasaŋkuwo kple hadzikpẽ bubuwo la, miabɔbɔ ade ta agu na sikalegba sia. Amesi mebɔbɔ de ta agu hesubɔe o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake.’

Esi Nebukadnezar se be Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego mebɔbɔ de ta agu o la, dzi kui ŋutɔ. Ena wokplɔ wo vɛ nɛ. Egaɖe gbe na wo be woade ta agu. Gake ɖekakpuiawo ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu. Wogblɔ na Nebukadnezar be: ‘Mía Mawu, si subɔm míele la ate ŋu aɖe mí. Gake ne megaɖe mí o hã la, míele ta de ge agu na wò sikalegba la o.’

Esi Nebukadnezar se esia la, dzi kui wu tsã. Kpodzo aɖe te ɖe wo ŋu, eyata eɖe gbe be: ‘Mido dzo ɖe kpoa me zi adre wu alesi wònɔ tsã!’ Tete wòna eƒe aʋawɔlawo dome ame sesẽtɔwo bla Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego hetsɔ wo ƒu gbe ɖe kpodzo la me. Kpodzo la bibim ale gbegbe be dzoƒaɖewo wu ŋutsu sesẽawo. Ke ɖekakpui etɔ̃, siwo woƒu gbe ɖe eme ya ɖe?

Fia la lé ŋku ɖe kpodzo la me, eye wòvɔ̃ ŋutɔ. Ebia be: ‘Ðe menye ŋutsu etɔ̃e míeƒu gbe ɖe kpodzo la me oa?’

Eƒe dɔlawo ɖo ŋu be: ‘Ẽ.’

Egblɔ be: ‘Gake mekpɔ ŋutsu ene wole zɔzɔm le dzo la me. Womele babla o, eye dzo la mele wo fiam o. Eye enelia le abe mawu aɖe ene.’ Fia la te ɖe kpodzo la ƒe mɔ nu hedo ɣli be: ‘Sadrax! Mesax! Abed-Nego! Mi Mawu Dziƒoʋĩtɔ la subɔlawo, mido go!’

Esi wodo go la, amesiame kpɔe dze sii be nuvevi mewɔ wo o. Eye fia la gblɔ be: ‘Woakafu Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒe Mawu la! Edɔ eƒe dɔla wòva ɖe wo, elabena wogbe be yewomade ta agu asubɔ mawu bubu aɖeke o negbe woƒe Mawu la ko.’

Ðe esia menye nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí be míadze eyome oa?