Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 79

Daniel Le Dzatawo Ƒe Do Me

Daniel Le Dzatawo Ƒe Do Me

OO, OO! Edze abe Daniel ɖe wòge ɖe xaxa gã aɖe me ene. Gake dzataawo mele nuvevi wɔmee o! Ènya nusitaea? Amekae tsɔ Daniel ƒu gbe ɖe dzata gbogbo siawo gbɔ? Na míakpɔe ɖa.

Ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Dario lae nye Babilon-fia azɔ. Elɔ̃ Daniel ŋutɔ elabena Daniel nye dɔmenyotɔ kple nunyala. Dario tia Daniel be wòanye dziɖula gãtɔ le yeƒe fiaɖuƒe la me. Esia na ame bubu, siwo le fiaɖuƒea me la ʋã ŋu Daniel, eyata nusi wowɔ enye esi.

Woyi Dario gbɔ hegblɔ be: ‘O Fia, míede adaŋu be nàde se aɖe be ame aɖeke mekpɔ mɔ ado gbe ɖa na mawu alo ame bubu aɖeke o hena ŋkeke 30, negbe wò fia ko. Ne ame aɖe gbe la, ke woatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo gbɔ.’ Dario menya nusita amesiawo di be woade se sia o. Gake ewɔ nɛ be susu nyui aɖee ma; eyata wòŋlɔ se la. Fifia womagate ŋu atrɔ se la o.

Esi Daniel se se si wode la, eyi aƒeme hedo gbe ɖa abe alesi wòwɔna tsã ene. Ame vɔ̃ɖiawo nya be Daniel madzudzɔ gbedodoɖa na Yehowa o. Wokpɔ dzidzɔ, elabena ewɔ abe woƒe ɖoɖo, si wowɔ be woawu Daniel la ɖe wòle edzi dzem ene.

Esi Fia Dario se nusita amesiawo di be woade se sia la, evee ŋutɔ. Gake mate ŋu atrɔ se la o, eyata ele nɛ be wòaɖe gbe be woatsɔ Daniel aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Gake fia la gblɔ na Daniel be: ‘Mexɔe se be wò Mawu, si nèsubɔna la aɖe wò.’

Nya la ve Dario ŋutɔ be mete ŋu dɔ alɔ̃ le zã ma me o. Esi ŋu ke la, eƒu du yi dzatawo ƒe do la gbɔ. Eyae ma le afima ɖaa. Edo ɣli be: ‘Daniel, Mawu gbagbe la subɔla! Ðe Mawu, si nèsubɔna la te ŋu ɖe wò le dzatawo si mea?’

Daniel ɖo eŋu be: ‘Mawu dɔ eƒe dɔla, be wòmia nu na dzatawo be womewɔ nuvevim o.’

Fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Eɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Emegbe ena wotsɔ ame vɔ̃ɖi, siwo dze agbagba be yewoawu Daniel la ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe doa me. Womede doa gɔme gɔ̃ hã hafi dzatawo xe wo hegbã woƒe ƒuwo o.

Eye Fia Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe amesiwo katã le eƒe fiaɖuƒea me la be: ‘Mede se be amesiame nade bubu Daniel ƒe Mawu la ŋu. Ewɔa nukunu gãwo. Eɖe Daniel be dzatawo meɖui o.’