Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 80

Mawu Ƒe Amewo Dzo Le Babilon

Mawu Ƒe Amewo Dzo Le Babilon

ANƆ abe ƒe eve ene va yi tso esime Mediatɔwo kple Persiatɔwo xɔ Babilon. Ke kpɔ nusi le dzɔdzɔm fifia la ɖa! Ẽ, Israel-viwo le dzodzom le Babilon. Aleke wowɔ hafi kpɔ ablɔɖe? Amekae ɖe asi le wo ŋu?

Kores, Persia-fia, ye. Gbaɖegbe ʋĩ hafi woadzi Kores la, Yehowa na eƒe nyagblɔɖila ŋlɔ nu tso eŋu be: ‘Nusi tututu medi be nàwɔ lae nàwɔ. Agboawo anɔ ʋuʋu ɖi na wò be nàxɔ du la.’ Eye Kores ye nɔ ŋgɔ woxɔ Babilon. Mediatɔwo kple Persiatɔwo to agbo siwo le ʋuʋu ɖi la me hege ɖe du la me le zã me.

Gake Yehowa ƒe nyagblɔɖila Yesaya gagblɔ hã be Kores aɖe gbe be woagatu Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ la. Ðe Kores ɖe gbe sia? Ẽ. Kores gblɔ na Israel-viwo be: ‘Azɔ miheyi Yerusalem, miatu Yehowa, miaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la.’ Eye esiae Israel-vi siawo dze mɔ yina wɔwɔ ge.

Gake menye Israel-vi, siwo le Babilon la katãe ate ŋu azɔ mɔ didi la ayi Yerusalem o. Enye mɔ didi aɖe, abe agbadroƒe 500 (kilometa 800) ene, eye geɖe tsi akpa alo wonye dɔnɔwo be woate ŋu azɔ mɔ didi ma. Ame aɖewo hã meyi o le susu bubu aɖewo ta. Gake Kores gblɔ na amesiwo meyi o la be: ‘Mitsɔ klosalo kple sika kple nunana bubuwo na amesiwo trɔ yina Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa tu ge la.’

Eyata wotsɔ nunana geɖe na Israel-vi siawo, siwo yina Yerusalem la. Azɔ hã la, Kores tsɔ agbawo kple kplu, siwo Fia Nebukadnezar tsɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me esime wòtsrɔ̃ Yerusalem la na wo. Wona nu geɖe fũ ameawo be woatsɔ ayii.

Le mɔzɔzɔ abe ɣleti ene ene megbe la, Israel-viwo ɖo Yerusalem ɖe game dzi. Ƒe 70 tututu enye ma tso esime wotsrɔ̃ du la; eye anyigba la tsi ƒuƒlu keŋkeŋ, ame mele edzi o. Gake togbɔ be Israel-viwo trɔ va woa ŋutɔwo ƒe dukɔ me hã la, wole fu geɖe kpe ge abe alesi míele esrɔ̃ gee ene.