Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 82

Mordekai Kple Esta

Mordekai Kple Esta

NA MÍAYI megbe ƒe ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Ezra ƒe Yerusalem yiyi. Mardoxai kple Ester wonye Israeltɔ vevitɔ kekeakewo le Persia-fiaɖuƒe la me. Ester ye nye fianyɔnu la, eye etɔgã ƒe vi Mardoxai koe nye ame evelia, si kplɔ fia ɖo le fiaɖuƒe la me. Na míakpɔ alesi esia va emee la ɖa.

Ester dzilawo ku esime wònye ɖevi sue, eyata Mardoxai ye nyii. Fiasã aɖe nɔ Persia-fia Axasweros si le Susa-du me, eye Mardoxai nye eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka. Gbeɖeka la, fiasrɔ̃ Wasti meɖo to fia la o; eyata fia la ɖe nyɔnu yeye be wòanye yeƒe fianyɔnu. Ènya nyɔnu, si wòtia la? Eyae nye ɖetugbi Ester dzetugbee la.

Èkpɔ dadala sia, si amewo le ta dem agu na la? Haman ye nye esia. Ame vevi aɖe wònye le Persia. Haman di be Mardoxai, si le anyinɔƒe afisia la hã nade ta agu na ye. Gake Mardoxai made ta agu nɛ o. Ekpɔ be medze be woade ta agu na ame vɔ̃ɖi ma ƒomevi o. Esia ve dɔme na Haman ŋutɔ. Eyata nusi wòwɔe nye si.

Haman da alakpa ɖe Israel-viwo si na fia la. Egblɔ be: ‘Wonye ame baɖa, siwo mewɔa wò sewo dzi o. Ele be woawu wo.’ Axasweros menya be ye srɔ̃ Ester nye Israeltɔ o. Eyata eɖo to Haman, eye wòna wowɔ se be le ŋkeke aɖe dzi la, woawu Israel-viwo katã.

Esi Mardoxai se sea la, etɔtɔ ŋutɔ. Eɖo du ɖe Ester be: ‘Gblɔe na fia la, eye nàɖe kuku nɛ be wòaɖe mí.’ Enye nusi tsi tre ɖe Persiatɔwo ƒe se ŋuti be woayi fia gbɔ, negbe ɖe wòyɔ wò hafi. Gake Ester yi esime womeyɔe o. Fia la do eƒe sikatikplɔ la ɖee, esia fia be womawui o. Ester kpe fia la kple Haman ɖe nuɖukplɔ̃ gã aɖe ŋu. Fia la bia Ester le afima be nunana ka dim wòle tso ye si hã. Ester gblɔ nɛ be, ne eya kple Haman agava nuɖukplɔ̃ bubu ŋu etsɔ la, yeagblɔe nɛ.

Le nu evelia ɖuƒe la, Ester gblɔ na fia la be: ‘Wole mí kple nye dukɔ la wu ge.’ Fia la do dziku hebiae be: ‘Amekae ɖo be yeawɔ nu dziŋɔ ma?’

Ester gblɔ be: ‘Futɔ lae nye Haman, ŋutsu vɔ̃ɖi sia!’

Fifia dɔme ve fia la vevie. Eɖe gbe be woawu Haman. Emegbe la, fia la ɖo Mardoxai ame evelia, si kplɔ eya ŋutɔ ɖo le fiaɖuƒe la me. Emegbe Mardoxai na wode se yeye, si ɖe mɔ na Israel-viwo be woaʋli woƒe agbe ta le ŋkeke si woɖo be woawu wo la dzi. Esi Mardoxai va zu amegã alea ta la, ame geɖe kpe ɖe Israel-viwo ŋuti, eye woɖe wo tso woƒe futɔwo si me.

Biblia ƒe agbalẽ si nye Ester.