Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 83

Yerusalem Gliawo

Yerusalem Gliawo

KPƆ dɔ, siwo wɔm wole le afisia la ɖa. Israel-viwo ƒe ŋku biã ɖe Yerusalem-gliawo tutu ŋu. Esi Fia Nebukadnezar tsrɔ̃ Yerusalem ƒe 152 enye si va yi la, egbã gliawo ƒu anyi hetɔ dzo du la ƒe agbowo. Esi Israel-viwo trɔ tso Babilon gbã la, womegbugbɔ gliawo tu o.

Aleke nèbu be ameawo se le wo ɖokui me le afisia nɔnɔ me le ƒe gbogbo siawo me esi gli mele woƒe dua ŋu o la? Wonɔ vɔvɔ̃m. Woƒe futɔwo ate ŋu ava dze wo dzi bɔbɔe. Gake mlɔeba la, ŋutsu sia si nye Nexemya la le kpekpem ɖe ameawo ŋu be woagbugbɔ gliawo atu. Ènya amesi Nexemya nyea?

Nexemya nye Israeltɔ, si tso Susa-du, si me Mardoxai kple Ester wonɔ la me. Nexemya wɔ dɔ le fiasã me, eyata ɖewohĩ enye Mardoxai kple Fianyɔnu Ester xɔlɔ̃ nyui aɖe. Gake Biblia la megblɔ be Nexemya wɔ dɔ na Ester srɔ̃ Axasweros o. Fia Artaxsasta, si kplɔe ɖo lae wòwɔ dɔ na.

Ðo ŋku edzi be Artaxsasta ye nye fia nyui, si tsɔ ga gbogbo ma na Ezra be wòatrɔ ayi Yerusalem aɖaɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe gbedoxɔ la. Gake Ezra metu du la ƒe gli gbagbãwo o. Na míakpɔ nusi dzɔ hafi Nexemya wɔ dɔ sia la ɖa.

Ƒe 13 enye sia tso esime Artaxsasta tsɔ ga na Ezra be wòaɖo atsyɔ̃ na gbedoxɔ la. Fifia Nexemya ye nye Fia Artaxsasta ƒe ahakulawo ƒe amegã. Esia fia be eyae kua aha na fia la; eye wòkpɔ egbɔ be ame aɖeke magadze agbagba ade aɖi aha me na fia la o. Dɔ vevi aɖee nye esia.

Gbeɖeka la, Nexemya nɔviŋutsu Xanani kple Israel-ŋutsu bubu aɖewo va Nexemya gbɔ. Wogblɔ fu siwo kpem Israel-viwo le la kple alesi Yerusalem-gliawo gale gbagbãe la nɛ. Esia wɔ nublanui na Nexemya ŋutɔ, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa tso eŋu.

Gbeɖeka la, fia la kpɔ be Nexemya lé blanui, eye wòbiae be: ‘Nukatae nèlé blanui ale?’ Nexemya gblɔ nɛ be Yerusalem ƒe nɔnɔme wɔnublanui kple eƒe gli gbagbãwo tae. Fia la biae be: ‘Ke nuka dim nèle?’

Nexemya ɖo eŋu be: ‘Ðe mɔ nam mayi Yerusalem be magbugbɔ gliawo atu.’ Fia Artaxsasta nye dɔmenyotɔ aɖe. Ebe Nexemya neyi, eye wòkpe ɖe eŋu be wòkpɔ ati aɖewo hena etutu. Esi Nexemya ɖo Yerusalem teti ko la, egblɔ eƒe ɖoɖowo na ameawo. Wolɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be: ‘Mina míadze etutu gɔme.’

Esi Israel-viwo ƒe futɔwo kpɔ be glia le fɔflɔm la, wogblɔ be: ‘Míayi aɖawu wo ahatɔ te gliɖoɖo la.’ Gake Nexemya see, eye wòtsɔ yiwo kple akplɔwo na dɔwɔlawo hegblɔ be: ‘Migavɔ̃ míaƒe futɔwo o. Miwɔ aʋa na mia nɔviwo, mia viwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo.’

Ameawo sesẽ ŋutɔ. Woƒe aʋawɔnuwo le klalo ŋkeke kple zã, eye wonɔ glia hã ɖoɖo dzi. Eyata ŋkeke 52 koe wotsɔ wu gliawo ɖoɖo nui. Fifia ameawo ate ŋu aɖe dzi ɖi azɔ le dua me. Nexemya kple Ezra wofia Mawu ƒe se dukɔ la, eye dukɔa kpɔ dzidzɔ.

Gake nuwo megale abe alesi wònɔ hafi wokplɔ Israel-viwo yi Babilon abe gamenɔlawo ene o. Persia-fiae le dukɔa dzi ɖum, eye ele be woasubɔe. Gake Yehowa do ŋugbe be yeadɔ fia bubu aɖe ɖa; eye fia sia ahe ŋutifafa vɛ na dukɔ la. Amekae nye fia sia? Aleke wòahe ŋutifafa ava anyigba dzii? Anɔ abe ƒe 450 ene va yi hafi wogase nya aɖe tso esia ŋu. Wova dzi ɖevi vevi aɖe. Gake ŋutinya bubu aɖee nye ma.