Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 6

Yesu Dzidzi Va Se Ðe Eƒe Ku Me

Yesu Dzidzi Va Se Ðe Eƒe Ku Me

Wodɔ mawudɔla Gabriel ɖe ɖetugbi nyui aɖe, si ŋkɔe nye Maria la gbɔ. Egblɔ nɛ be adzi vi aɖe si aɖu fia yi ɖe mavɔmavɔ me. Wodzi Yesu, ɖevi la ɖe lãkpɔ me afisi alẽkplɔlawo yi egbɔ le. Emegbe la, ɣletivi aɖe kplɔ ŋutsu aɖewo tso Ɣedzeƒe yi ɖevi la gbɔe. Míele amesi na wokpɔ ɣletivi ma kple alesi woɖe Yesu tso agbagba, siwo wodze be woawui mee la srɔ̃ ge.

Emegbe la, míakpɔ Yesu esime wòxɔ ƒe 12 henɔ nu ƒom kple nufialawo le gbedoxɔa me la. Ƒe 18 megbe la, wonyrɔ Yesu ɖe tsi me, eye wòdze Fiaɖuƒe ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ si Mawu dɔe be wòava wɔ le anyigba dzi la gɔme. Yesu tia ame 12 hewɔ wo eƒe apostolowoe.

Yesu wɔ nukunu geɖe hã. Etsɔ tɔmelã ʋɛ aɖewo kple abolo ʋɛ aɖewo nyi ame akpewoe. Eda gbe le dɔlélawo ŋu, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Mlɔeba la, míele nu geɖe siwo dzɔ ɖe Yesu dzi le eƒe agbenɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛa me, kple alesi wowui la srɔ̃ ge. Yesu ɖe gbeƒã abe ƒe etɔ̃ kple afã ene, eyata Akpa ADELIA kpe ɣeyiɣi, si didi vie wu ƒe 34 ɖo.

 

LE AKPA SIA

ŊUTINYA 84 LIA

Mawudɔla Aɖe Yi Maria Gbɔ

Etsɔ Mawu ƒe gbedeasi aɖe vɛ nɛ: Maria le ŋutsuvi aɖe si ava ɖu fia tegbee la dzi ge.

ŊUTINYA 85 LIA

Wodzi Yesu Ðe Lãkpɔ Me

Nu ka tae woadzi ɖevi aɖe si ava zu fia le etsɔme la le lãkpɔ me?

ŊUTINYA 86 LIA

Ame Siwo Ɣletivi Fia Mɔe

Ame kae na afakalawo va nya afi si Yesu le? Ðewohĩ ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò.

ŊUTINYA 87 LIA

Yesu Ðevi La Le Gbedoxɔa Me

Ŋutete aɖe le eŋu si wɔ moyaa na ame tsitsi siwo fiaa nu le gbedoxɔa me la gɔ̃ hã.

ŊUTINYA 88 LIA

Yohanes Nyrɔ Yesu Ðe Tsi Me

Yohanes nyrɔa nu vɔ̃ wɔlawo ɖe tsi me, gake Yesu ya mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o. Ke nu ka tae Yohanes nyrɔe ɖe tsi me ɖo?

ŊUTINYA 89 LIA

Yesu Kɔ Gbedoxɔ La Ŋu

Lɔlɔ̃ ʋã Yesu wòdo dziku le nu siwo wɔm ameawo le ta.

ŊUTINYA 90 LIA

Ele Nyɔnua Gbɔ Le Vudoa To

Aleke tsi si Yesu ana nyɔnua la awɔe be tsikɔ magawui akpɔ o?

ŊUTINYA 91 LIA

Yesu Fia Nu Le To Aɖe Dzi

Srɔ̃ nu tso eƒe nya siwo me nunya le eye woɖea vi ɣesiaɣi la ŋu le eƒe Todzimawunyaa me.

ŊUTINYA 92 LIA

Yesu Fɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre

Le Mawu ƒe ŋusẽ me la, Yesu gblɔ nya kpui eve aɖewo ko tsɔ fɔ Yairo vinyɔnua ɖe tsitre.

ŊUTINYA 93 LIA

Yesu Nyi Ame Geɖewo

Esi Yesu nyi ame akpe geɖe nukutɔe la, nu vevi ka dzie esia ɖo kpee?

ŊUTINYA 94 LIA

Elɔ̃ Ðevi Suewo

Menye ɖeko Yesu fia apostoloawo be woalɔ̃ ɖeviwo ko evɔ o, ke efia wo hã be nu geɖe li woasrɔ̃ tso ɖeviwo gbɔ.

ŊUTINYA 95 LIA

Ale Si Yesu Fiaa Nui

Samariatɔ havilɔ̃la ƒe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la nye nufiafiaɖaŋu si wòzã zi geɖe.

ŊUTINYA 96 LIA

Yesu Da Dɔ Na Dɔlélawo

Nu kawoe nukunu siwo katã Yesu wɔ la ɖe fia?

ŊUTINYA 97 LIA

Yesu Gbɔna Abe Fia Ene

Ameha gã aɖe va kpe Yesu kple dzidzɔ, gake menye ame sia amee kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o.

ŊUTINYA 98 LIA

Le Amito La Dzi

Yesu gblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekea me la ŋuti nya na eƒe apostolo ene.

ŊUTINYA 99 LIA

Le Dziƒoxɔ Aɖe Me

Nu ka tae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ aɖe ƒe sia ƒe?

ŊUTINYA 100 LIA

Yesu Le Abɔ La Me

Nu ka tae Yuda to nugbugbɔ na Yesu dzi de eya amea asi?

ŊUTINYA 101 LIA

Wowu Yesu

Esime woklã Yesu ɖe atia ŋu eye wòsusɔ vie wòaku la, edo paradiso ŋugbe.