Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 84

Mawudɔla Aɖe Yi Maria Gbɔ

Mawudɔla Aɖe Yi Maria Gbɔ

NYƆNU dzetugbe siae nye Maria. Israel-nyɔnue wònye le Nazaret-du me. Mawu nya be enye nyɔnu nyui aɖe. Ema tae wòdɔ eƒe dɔla Gabriel ɖo ɖe egbɔ be wòaƒo ƒu nɛ. Ènya nya si Gabriel va gbɔgblɔ ge na Maria? Na míakpɔe ɖa.

Gabriel gblɔ nɛ bena: ‘Medo gbe na wò, wò amesi nu wove. Yehowa li kpli wò.’ Maria mekpɔ amesia kpɔ o. Dzidzi ƒoe elabena mese nusi wògblɔ nɛ la gɔme o. Gake enumake la Gabriel na eƒe dzi dze eme.

Egblɔ nɛ be: ‘Mègavɔ̃ o Maria, Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò ŋutɔ. Ema tae wòle nukunu aɖe wɔ ge na wò ɖo. Eteƒe madidi o àdzi vi. Eye nàyɔe be Yesu.’

Gabriel yi edzi gblɔ be: ‘Ðevi sia anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Yehowa aɖoe fiae abe Dawid ene. Gake Yesu anye fia yi ɖe mavɔmavɔ me, eye eƒe fiaɖuƒe nu mayi gbeɖe o!’

Maria bia be: ‘Aleke esiawo katã ava emee? Nyemeɖe srɔ̃ gɔ̃ hã o. Nyemedɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o, eyata aleke mawɔ adzi vi?’

Gabriel ɖo eŋu be: ‘Mawu ƒe ŋusẽ ava dziwò. Eyata woayɔ ɖevi la be Mawu ƒe Vi.’ Eye wògblɔ na Maria be: ‘Ðo ŋku wò ƒometɔ Elisabet dzi. Amewo gblɔ be etsi akpa na vidzidzi. Gake eteƒe madidi o la, adzi ŋutsuvi. Eyata èkpɔea, naneke wɔwɔ mesesẽ na Mawu o.’

Enumake Maria gblɔ be: ‘Yehowa ƒe dɔlanyɔnu menye! Neva eme nam abe alesi nègblɔ ene.’ Eye mawudɔla la dzo.

Maria wɔ kaba yi Elisabet kpɔ ge ɖa. Esi Elisabet se Maria ƒe nuƒo la, vidzĩe si le Elisabet ƒe dɔme la ti kpo kple dzidzɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ yɔ Elisabet fũ, eye wògblɔ na Maria be: ‘Woyra wò ŋutɔ le nyɔnuwo dome.’ Maria nɔ Elisabet gbɔ abe ɣleti etɔ̃ ene hafi yi aƒe le Nazaret.

Esusɔ vie ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Yosef la naɖe Maria. Gake esi Yosef se be Maria le vi dzi ge la, megadi be yeaɖee o. Ke Mawu ƒe dɔla gblɔ nɛ be: ‘Mègavɔ̃ Maria kpɔkplɔ wòanye srɔ̃wò o. Elabena Mawue nye amesi na ŋutsuvie.’ Eyata Maria kple Yosef woɖe wo nɔewo, eye wonɔ Yesu dzidzi lalam.