Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 86

Ame Siwo Ɣletivi Fia Mɔe

Ame Siwo Ɣletivi Fia Mɔe

ÈKPƆ ɣletivi keklẽ ma, si ŋutsu siawo dometɔ ɖeka le asi fiamee la? Ɣletivi la dze esime wodo go le Yerusalem. Amesiawo tso Ɣedzeƒe, eye wonye ɣletivimefakalawo. Woxɔe se be ɣletivi yeye sia le yewo kplɔm yina ame vevi aɖe gbɔe.

Esi ameawo ɖo Yerusalem la, wobia be: ‘Afikae ɖevi, si ava nye Yudatɔwo ƒe fia la le?’ “Yudatɔwo” nye ŋkɔ bubu si woyɔna na Israel-viwo. Ŋutsuawo gblɔ be: ‘Míekpɔ ɖevi sia ƒe ɣletivi la gbã esime míenɔ Ɣedzeƒe, eye míeva be míade ta agu nɛ.’

Esi Herodes, amesi nye fia le Yerusalem la se esia la, dɔme vee. Medi be fia bubu aɖeke naxɔ ye teƒe o. Eyata Herodes yɔ nunɔlagãwo hebia wo be: ‘Afikae woadzi fia, si ƒe ŋugbe wodo la ɖo?’ Woɖo eŋu be: ‘Biblia la gblɔ be le Betlexem.’

Eyata Herodes yɔ amesiwo tso Ɣedzeƒe la hegblɔ be: ‘Miyi ɖadi ɖevi la. Ne miekpɔe la, miava gblɔe nam. Medi be nye hã mayi aɖade ta agu nɛ.’ Gake le nyateƒe me la, Herodes le ɖevi la dim be yeawu!

Eye ɣletivi la nɔ ŋgɔ na ameawo yi Betlexem, eye wòtɔ ɖe teƒe si ɖevia le la tame. Esi ameawo ge ɖe aƒea me la, wokpɔ Maria kple Yesu, vidzĩe la. Woɖe nunanawo ɖe go hetsɔ na Yesu. Gake emegbe la, Yehowa gblɔ na ŋutsuawo le drɔ̃e me be womegatrɔ yi Herodes gbɔ o. Eyata woto mɔ bubu yi wo de.

Esi Herodes se be amesiwo tso Ɣedzeƒe la trɔ yi aƒe la, dɔme vee vevie ŋutɔ. Eyata ede se be woawu ŋutsuvi, siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la le Betlexem. Gake Yehowa xlɔ̃ nu Yosef do ŋgɔ le drɔ̃e me; eye Yosef kple eƒe ƒome la si yi Egipte. Emegbe esi Yosef se be Herodes ku la, ekplɔ Maria kple Yesu va aƒee le Nazaret. Afisiae Yesu tsi le.

Amekae nèsusu be eyae na be ɣletivi yeye ma klẽ? Ðo ŋku edzi be esi ŋutsuawo kpɔ ɣletivia la, woyi ɖe Yerusalem gbã. Satana Abosam di be yeawu Mawu ƒe Vi la, eye wònya be Yerusalem-fia Herodes adi be yeawui. Eyata anye Satanae na ɣletivi ma klẽ.