Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 88

Yohanes Nyrɔ Yesu Ðe Tsi Me

Yohanes Nyrɔ Yesu Ðe Tsi Me

KPƆ akpakpa ma, si le ɖiɖim ɖe ŋutsua ƒe ta dzi la ɖa. Ŋutsu lae nye Yesu. Fifia exɔ abe ƒe 30 ene. Eye ŋutsu, si le egbɔe nye Yohanes. Míesrɔ̃ nane tso eŋu xoxo. Èɖo ŋku ɣeyiɣi si Maria yi eƒe ƒometɔ Elisabet gbɔ, eye vidzĩe, si le Elisabet ƒe dɔme la ti kpo kple dzidzɔ la dzia? Ðevi ma, si nɔ dɔme lae nye Yohanes. Gake nuka wɔm Yohanes kple Yesu wole le afisia?

Fifi laa ko Yohanes nyrɔ Yesu ɖe Yordan-tɔsisia me. Aleae wonyrɔa amee. Gbã la, wonyrɔa amea ɖe tsia gɔme, eye emegbe wogafɔnɛ ɖe dzi. Esi wònye nusiae Yohanes wɔna na amewo ta la, woyɔnɛ be Yohanes Amenyrɔɖetsimela. Gake nukatae Yohanes nyrɔ Yesu ɖe tsi me?

Yohanes nyrɔe, elabena Yesu va egbɔ hebiae be wòanyrɔ ye. Yohanes na nyɔnyrɔ amesiwo di be yewoaɖee afia be eve yewo be yewowɔ nu baɖawo. Gake ɖe Yesu wɔ nu baɖa aɖe kpɔ esi avee mahã? Ao, Yesu mewɔ nu baɖa kpɔ o, elabena Mawu ŋutɔ ƒe Vi wònye tso dziƒo. Eyata ebia be Yohanes nanyrɔ ye le susu bubu aɖe ta. Na míakpɔ susu si ta wònye la ɖa.

Hafi Yesu nava Yohanes gbɔ le afisia la, atikpala wònye. Atikpala nye amesi tsɔa ati kpaa nuwoe, abe kplɔ̃wo kple zikpuiwo ene. Maria srɔ̃, Yosef, nye atikpala eye wòfia Yesu hã be wòanye atikpala. Gake Yehowa medɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be wòanye atikpala o. Dɔ tɔxɛ aɖe le esi nɛ be wòawɔ, eye ɣeyiɣi la de be Yesu nadze ewɔwɔ gɔme. Eyata be Yesu natsɔ afia be yeva ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu wɔ ge la, ebia Yohanes be wòanyrɔ ye. Ðe Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe esia ŋua?

Ẽ, elabena esi Yesu do le tsia me la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: ‘Amesiae nye Vinye, si dzea ŋunye.’ Edze hã abe ɖe dziƒo ʋu, eye akpakpa sia ɖi ɖe Yesu dzi ene. Gake menye akpakpa ŋutɔŋutɔe o. Ðeko wòdze abe akpakpa ene. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe wònye.

Fifia nu geɖe li, si ŋu Yesu nade ŋugble le, eyata eya ɖeka yi ɖanɔ teƒe aɖe ŋkeke 40. Satana va egbɔ le afima. Satana dze agbagba zi etɔ̃ be yeana Yesu nawɔ nane, si tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu. Gake Yesu mewɔe o.

Emegbe la, Yesu trɔ dzo hedo go ŋutsu aɖewo, siwo va zu eyomedzela alo nusrɔ̃la gbãtɔwo. Wo dometɔ aɖewo ŋkɔe nye Andrea, Petro (wogayɔnɛ be Simon), Filipo, kple Natanael (wogayɔnɛ be Bartolomeo). Yesu kple nusrɔ̃la yeye siawo yi ɖe Galilea-nuto me. Esi woɖo Galilea la, wotɔ ɖe Natanael ƒe du, si nye Kana la me. Afima Yesu de srɔ̃ɖeŋkekenyui gã aɖe ɖuƒe le, eye wòwɔ eƒe nukunu gbãtɔ. Ènya nukunu si wònyea? Etrɔ tsi wòzu wein.