Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 89

Yesu Kɔ Gbedoxɔ La Ŋu

Yesu Kɔ Gbedoxɔ La Ŋu

YESU medo dziku le afisia vevie ŋutɔ oa? Ènya nusitae wòdo dziku nenema ɖoa? Elabena amesiawo, siwo le Mawu ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem la nye ŋuklẽlawo. Wole agbagba dzem be yewoakpɔ ga geɖe tso amesiwo va Mawu subɔ ge le afisia la si.

Èkpɔ nyiviwo kple alẽwo kpakple akpakpa mawo katã? Amesiawo le lã siawo dzram le keke gbedoxɔa me le afisia. Ènya nusitaea? Elabena Israel-viwo hiã na lãwo kple xewo be woatsɔ asa vɔe na Mawu.

Mawu ƒe se la gblɔ be ne Israel-vi aɖe wɔ nuvɔ̃ la, ele be wòasa vɔ na Mawu. Gake ɣeyiɣi bubuwo hã li esi me wòle be Israel-viwo nasa vɔ. Gake afikae Israel-vi ate ŋu akpɔ xewo kple lãwo le atsɔ sa vɔe na Mawu?

Xewo kple lãwo nɔ Israel-vi aɖewo si. Eyata wote ŋu tsɔ esiawo sa vɔe. Gake lãwo alo xewo mele Israel-vi geɖe si o. Eye ame aɖewo le adzɔge ʋĩ tso Yerusalem gbɔ, eyata womete ŋu tsɔ woƒe lãwo ƒe ɖe va gbedoxɔa mee o. Eyata ameawo tsɔ lãwo alo xe, siwo hiã na wo la va afisiae. Gake amesiawo dzra nuawo woxɔ asi akpa. Wonɔ ameawo bam. Hekpe ɖe eŋu la, mele be woanɔ nu dzram le keke Mawu ƒe gbedoxɔ me afisia o.

Esiae ve dɔme na Yesu. Eyata wòmu ameawo ƒe kplɔ̃, siwo dzi ga le la, eye woƒe gawo kaka. Azɔ hã la, etsɔ ka wɔ ameƒotie eye wònyã lãwo katã ɖa le gbedoxɔa me. Eɖe gbe na amesiwo le akpakpawo dzram la be: ‘Mitsɔ wo do goe le afisia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ gadiƒee o.’

Yesu yomedzela aɖewo le egbɔ le Yerusalem-gbedoxɔa me afisia. Esi wokpɔ nusi wɔm Yesu le la, ewɔ nuku na wo. Tete woɖo ŋku Biblia ƒe akpa aɖe dzi afisi wogblɔ le Mawu ƒe Vi la ŋuti le be: ‘Lɔlɔ̃ na Mawu ƒe aƒe la axɔ dzo le eme.’

Esime Yesu de Ŋutitotoa ɖuƒe le Yerusalem la, ewɔ nukunu geɖe. Emegbe la, Yesu dzo le Yudea, eye wòdze eƒe mɔzɔzɔ gɔme hetrɔ yi Galilea. Gake esi wòyina la, eyi ɖato Samaria-nuto me. Na míakpɔ nusi dzɔ le afima la ɖa.