Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 91

Yesu Fia Nu Le To Aɖe Dzi

Yesu Fia Nu Le To Aɖe Dzi

KPƆ, Yesue ma le anyinɔƒe. Ele nu fiam amesiawo katã le to aɖe si le Galilea la dzi. Amesiwo nɔ anyi ɖe egbɔ tututu la nye eƒe nusrɔ̃lawo. Etia wo dometɔ 12 be woanye apostolowo. Apostolowo nye Yesu ƒe nusrɔ̃la tɔxɛwo. Ènya woƒe ŋkɔwoa?

Simon Petro kple nɔvia Andrea woli. Yakobo kple Yohanes, siwo nye nɔviwo la hã li. Apostolo bubu hã ŋkɔe nye Yakobo, eye bubu hã ŋkɔe nye Simon. Apostolo eve ŋkɔe nye Yuda. Ðeka nye Yuda Iskariot, eye evelia nye Yuda, si wogayɔna be Tadeo. Filipo kple Natanael (wogayɔnɛ be Bartolomeo), kple Mateo kpakple Toma hã woli.

Esi Yesu trɔ tso Samaria gbɔ la, edze gbeƒãɖeɖe gɔme zi gbãtɔ be: ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo.’ Ènya nusi fiaɖuƒe ma nyea? Mawu ƒe dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe wònye. Yesue nye eƒe fia. Aɖu dzi tso dziƒo, eye wòahe ŋutifafa va anyigba dzii. Mawu ƒe fiaɖuƒe la awɔ anyigba la katã wòatrɔ zu paradiso nyui aɖe.

Yesu le nu fiam amewo tso fiaɖuƒea ŋuti. Eɖe eme na wo be: ‘Mido gbe ɖa ale, Mía Fofo si le dziƒo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò fiaɖuƒe nava. Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, abe alesi wowɔna le dziƒo ene.’ Ame geɖe yɔa esia be ‘Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa.’ Ame aɖewo yɔnɛ be ‘Mía Fofo.’ Àte ŋu agblɔ gbedodoɖa bliboa katã?

Yesu le alesi woawɔ nui ɖe wo nɔewo ŋu la hã fiam ameawo. Egblɔ be: ‘Nusi nèdi be amewo nawɔ na ye la, wò hã wɔ nenema na wo.’ Ne amewo nyo dɔme na wò la, medzɔa dzi na wò oa? Eyata Yesu le gbɔgblɔm be ele be míanyo dɔme na ame bubuwo. Manyo ŋutɔ be amesiame awɔ esia le paradiso-nyigba la dzi oa?