Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 92

Yesu Fɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre

Yesu Fɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre

NYƆNUVI si kpɔm nèle le afisia la xɔ ƒe 12. Yesu lé eƒe asi ɖe asi, eye dadaa kple fofoa wole tsitre ɖe wo gbɔ. Ènya nusita wole dzidzɔ kpɔm nenema? Na míakpɔe ɖa.

Nyɔnuvi la fofo nye ame vevi aɖe, si ŋkɔe nye Yairo. Gbeɖeka la, vianyɔnuvia dze dɔ eye wotsɔe mlɔ aba dzii. Gake dɔa mele kakam ɖe eme nɛ o. Dɔa le nyanyram ɖe edzi boŋ. Yairo kple srɔ̃a woxa nu ŋutɔ, elabena ewɔ abe wo vi nyɔnuvi sue la ɖe wòle kuku ge ene. Eya koe nye nyɔnuvi, si le wo si. Eyata Yairo yi Yesu di ge. Ese nukunu, siwo wɔm Yesu le la ŋkɔ.

Esi Yairo kpɔ Yesu la, ameha gã aɖe ƒo xlãe. Gake Yairo to ameha la dome hedze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu heɖe kuku nɛ gblɔ be: ‘Vinye nyɔnuvi dze dɔ sesĩe ŋutɔ. Taflatse, va, eye nàna eƒe lãme nasẽ.’ Yesu gblɔ be yele vava ge.

Esi wonɔ yiyim la, ameha la nɔ wo nɔewo tutum be yewoate ɖe eŋu. Enumake Yesu tɔ hebia be: ‘Amekae ka asi ŋunye?’ Yesu se le eɖokui me be ŋusẽ do le ye me; eyata enya be ame aɖe ka asi ye ŋu. Gake amekae? Nyɔnu aɖe si le dɔ lém hena ƒe 12 sɔŋ lae. Eya hã va heka asi Yesu ƒe awuwo ŋu, eye dɔa vɔ nɛ!

Esia na Yairo ƒe dzi dze eme, elabena ekpɔ be Yesu ate ŋu ada dɔ na ame bɔbɔe. Gake dɔla aɖe va hegblɔ na Yairo be: ‘Dzudzɔ fuɖeɖe na Yesu. Viwò la ku.’ Yesu se nya la, eye wògblɔ na Yairo be: ‘Mègavɔ̃ o, eƒe lãme asẽ.’

Esi woɖo Yairo ƒe aƒeme la, ameawo nɔ avi fam kple nuxaxa vevie. Gake Yesu gblɔ be: ‘Migafa avi o. Ðevi la meku o. Alɔ̃ ko dɔm wòle.’ Gake woko Yesu heɖu fewu le eŋu, elabena wonya be ɖevi la ku.

Emegbe Yesu kplɔ nyɔnuvi la fofo kple dadaa kpakple eƒe apostolo etɔ̃ yi xɔ, si me ɖevia mlɔ la me. Elé eƒe asi hegblɔ be: ‘Tsi tre!’ Eye nyɔnuvia gbɔ agbe abe alesi nèle ekpɔm le afisia ene. Tete wòtsi tre hezɔ azɔli! Ema tae dzi le dadaa kple fofoa dzɔm vevie nenema ɖo.

Menye esiae nye ame gbãtɔ si Yesu fɔ ɖe tsitre o. Gbãtɔ, si ƒe nya Biblia gblɔ lae nye ahosi aɖe si le Nain la ƒe viŋutsu. Emegbe la, Yesu fɔ Lazaro, Maria kple Marta nɔviŋutsu ɖe tsitre. Ne Yesu le dzi ɖum abe Mawu ƒe fia ene la, afɔ ame kuku geɖewo va agbe mee. Ðe esia mado dzidzɔ na mí oa?