Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 94

Elɔ̃ Ðevi Suewo

Elɔ̃ Ðevi Suewo

KPƆ Yesu ɖa, ekpla asi kɔ na ɖevi sue ma. Àte ŋu adze sii be Yesu léa be na ɖevi suewo vavã. Amesiwo le wo kpɔm la nye eƒe apostolowo. Nya ka gblɔm Yesu le na wo? Na míakpɔe ɖa.

Fifi laa ko Yesu kple eƒe apostolowo gbɔ tso didi aɖe ƒe. Le mɔa dzi la, apostoloawo ʋli nya le wo nɔewo dome. Eyata esi woɖo aƒe la, Yesu bia wo be: ‘Nya ka ʋlim miele le mɔa dzi?’ Le nyateƒe me la, Yesu nya nya, si ʋlim wole la. Gake ebia be yeakpɔ be apostoloawo agblɔe na ye hã.

Apostoloawo meɖo ŋu o, elabena wonɔ nya ʋlim le wo dometɔ, si ava nye gãtɔ la ŋu. Apostolo aɖewo di be yewoanye amegã wu bubuawo. Mɔ ka dzi Yesu ato agblɔe na wo be menyo be woadi be yewoanye gãtɔwo o?

Eyɔ ŋutsuvi sue la hetsɔe tsi tre ɖe wo katã ŋku me. Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Medi be mianya esia nyuie be, Ne mietrɔ zu abe ɖevi suewo ene o la, miayi ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la me gbeɖe o. Amesi anɔ abe ɖevi sia ene lae nye gãtɔ le fiaɖuƒe la me.’ Ènya nusita Yesu gblɔ nya sia?

Eyae nye be ɖevi suewo metsia dzimaɖi be yewoanye amegã alo woabu yewo wu ame bubuwo o. Eyata ele be apostoloawo nasrɔ̃ alesi woanɔ abe ɖeviwo ene le esia me, eye womaganɔ dzre wɔm ɖe gãnyenye ŋu o.

Yesu ɖe alesi wòléa be na ɖevi suewo la fia le ɣebubuɣiwo hã. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, ame aɖewo kplɔ wo vi suewo vɛ be woava kpɔ Yesu. Apostoloawo dze agbagba be woanya wo. Gake Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be: ‘Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena amesiwo le abe woawo ene la tɔe nye Mawu ƒe fiaɖuƒe la.’ Eye Yesu xɔ ɖeviawo ɖe eƒe asiwo me heyra wo. Ðe menye dzidzɔ be míanya be Yesu lɔ̃a ɖevi suewo oa?