Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 99

Le Dziƒoxɔ Aɖe Me

Le Dziƒoxɔ Aɖe Me

YAWOÐAGBE fiẽsi va ɖo, ŋkeke eve va yi. Yesu kple eƒe apostolo 12 la va dziƒoxɔ gã sia me be woaɖu Ŋutitoto ƒe nuɖuɖu la. Ŋutsu si dzo yina lae nye Yuda Iskariot. Eyina alesi nunɔlawo awɔ alé Yesu la gblɔ ge na wo.

Ŋkeke si do ŋgɔ na gbemagbe la koe Yuda yi ɖabia wo be: ‘Ne mekpe ɖe mia ŋu mielé Yesu la, nukae mianam?’ Wogblɔ be: ‘Klosalo blaetɔ̃.’ Eyata Yuda yina amesiawo gbɔ be wòakplɔ wo ayi Yesu gbɔe. Ðe nu ma medzi ŋɔ ŋutɔ oa?

Woɖu Ŋutitoto nuɖuɖua vɔ. Gake fifia Yesu dze nuɖuɖu tɔxɛ bubu aɖe gɔme. Etsɔ abolo de asi na eƒe apostolowo hegblɔ be: ‘Miɖui, elabena esia enye nye ŋutilã, si woana ɖe mia ta.’ Emegbe wòtsɔ kplu, si me wein le la na wo hegblɔ be: ‘Minoe, elabena esia enye nye ʋu, si woakɔ ɖi ɖe mia ta.’ Biblia yɔ esia be ‘Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu.’

Israel-viwo ɖu Ŋutitoto la be wòaɖo ŋku ɣeyiɣi, si me mawudɔla ‘to woƒe aƒewo ŋuti’ le Egipte, gake wòwu ŋgɔgbevi, siwo katã le Egiptetɔwo ƒe aƒewo me la dzi na wo. Gake azɔ la, Yesu di be ye yomedzelawo naɖo ŋku ye dzi kple alesi yetsɔ yeƒe agbe na ɖe wo tae la. Esia tae wògblɔ na wo be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ sia ƒe ŋkeke ƒe sia ƒe.

Le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɖu vɔ megbe la, Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be woawɔ kalẽ ahasẽ ŋu le xɔse me. Mlɔeba la, wodzi hawo na Mawu eye wodzo. Fifia zã do ŋutɔ, zã ga wuieve va yi. Na míakpɔ afisi woyi la ɖa.