Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 100

Yesu Le Abɔ La Me

Yesu Le Abɔ La Me

ESI Yesu kple eƒe apostoloawo ɖi tso dziƒoxɔa me la, woyi ɖe Getsemane-bɔa me. Wova afisia kpɔ zi geɖe. Fifia Yesu gblɔ na wo be woanɔ ŋudzɔ ahado gbe ɖa. Eye wòyi ŋgɔ ʋɛ, eye wòtsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa.

Emegbe la, Yesu trɔ va eƒe apostoloawo gbɔ. Nukae nèsusu be wole wɔwɔm? Wodɔ alɔ̃! Yesu gblɔ na wo zi etɔ̃ be woanɔ ŋudzɔ; gake ɣesiaɣi, si wòtrɔ va wo gbɔ la, wonɔ alɔ̃ dɔm. Esi Yesu va zi mamlɛtɔ la, egblɔ be: ‘Gaƒoƒo sia dzie wòle be miadɔ alɔ̃a? Gaƒoƒo la de azɔ be woadem asi na nye futɔwo.’

Le ɣeyiɣi ma me tututu la, wose ameha gã aɖe ƒe zinyenye. Kpɔ ɖa! Ameawo tsɔ yiwo kple kpowo gbɔnae! Eye wolé akakatiwo ɖe asi be woakpɔ nui. Esi wote ɖe wo ŋu la, ame aɖe do le amehawo dome heva Yesu gbɔ tututu. Egbugbɔ nu nɛ abe alesi nàkpɔe le afisia ene. Ŋutsu lae nye Yuda Iskariot! Nukatae wògbugbɔ nu na Yesu?

Yesu bia be: ‘Yuda, ɖe nètsɔ nugbugbɔ fia yonyeme mɔa?’ Ẽ, nugbugbɔ la nye dzesi. Ena amesiwo kplɔ Yuda ɖo la nya be Yesu, amesi dim wole lae nye esi. Eyata Yesu ƒe futɔwo zɔ ɖe edzi helée. Gake Petro maɖe mɔ woakplɔ Yesu adzoe aʋa mawɔmawɔe o. Eɖe eƒe yi, si wòtsɔ ɖe asi la heda amesi te ɖe eŋu la. Yi la da ŋutsu la ƒe ta ƒu hekpa eƒe nuɖusi me to. Gake Yesu ka asi ŋutsu la ƒe to ŋu eye wònye tre.

Yesu gblɔ na Petro be: ‘Tsɔ wò yi la de eteƒe. Ðe mènya be mate ŋu abia Fofonye be wòanam mawudɔla akpe geɖe be woaɖem oa?’ Ẽ, ate ŋui! Gake Yesu mebia be Mawu naɖo eƒe dɔla aɖeke ɖa o, elabena enya be gamea de be yeƒe futɔwo nalé ye. Eyata ena wokplɔe yii. Na míakpɔ nusi va dzɔ ɖe Yesu dzi azɔ la ɖa.