Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 7

Yesu Ƒe Tsitretsitsi Va Se Ðe Paulo Dede Gaxɔ Me

Yesu Ƒe Tsitretsitsi Va Se Ðe Paulo Dede Gaxɔ Me

Le Yesu ƒe ku megbe ŋkeke etɔ̃agbe la, wofɔe ɖe tsitre. Eɖe eɖokui fia eyomedzelawo zi atɔ̃ gbemagbe. Yesu yi edzi ɖe eɖokui fia wo hena ŋkeke 40. Emegbe esime eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo nɔ ekpɔm la, elia yi dziƒo. Le ŋkeke ewo megbe la, Mawu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ lalam le Yerusalem la dzi.

Emegbe la, Mawu ƒe futɔwo na wode apostoloawo gaxɔ me, gake mawudɔla aɖe ɖe wo. Tsitretsiɖeŋulawo ƒu kpe Stefano wòku. Gake míasrɔ̃ alesi Yesu tia tsitretsiɖeŋula siawo dometɔ ɖeka wòva zu esubɔla tɔxɛ, amesi va nye apostolo Paulo la. Eye le Yesu ƒe ku megbe ƒe etɔ̃ kple afã la, Mawu dɔ apostolo Petro be wòaɖe gbeƒã na Kornelio si menye Yudatɔ o la kple eƒe aƒekɔ.

Abe ƒe 13 ene megbe la, Paulo dze eƒe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ gɔme. Timoteo kpe ɖe eŋuti le eƒe mɔzɔzɔ evelia me. Míasrɔ̃ alesi Paulo kple eƒe zɔhɛwo kpɔ dzidzɔ geɖe le Mawu subɔsubɔ mee la. Mlɔeba la, wode Paulo gaxɔ me le Roma. Ƒe eve megbe la, woɖe asi le eŋu, gake wogadee gaxɔ me ake, eye emegbe wowui. Akpa ADRELIA ƒe nudzɔdzɔwo xɔ abe ƒe 32 ƒe ɣeyiɣi ene.

 

LE AKPA SIA

ŊUTINYA 102 LIA

Yesu Le Agbe

Esi mawudɔla aɖe mli kpea ɖa le Yesu ƒe yɔdoa nu la, asrafo siwo nɔ yɔdoa ŋu dzɔm la ƒe nu ku le nu si wokpɔ le yɔdoa me ta.

ŊUTINYA 103 LIA

Ege Ðe Xɔ Aɖe Si Le Tutu Me

Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo mekpɔe dze sii o?

ŊUTINYA 104 LIA

Yesu Gatrɔ Yi Dziƒo

Hafi Yesu nadzo ayi dziƒo la, ede se mamlɛtɔ na eƒe nusrɔ̃lawo.

ŊUTINYA 105 LIA

Wole Lalam Le Yerusalem

Nu ka tae Yesu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe nusrɔ̃lawo dzi le Pentekosteŋkekea dzi?

ŊUTINYA 106 LIA

Woɖe Wo Le Gaxɔ Me

Yuda subɔsubɔhakplɔlawo lé apostoloawo de gaxɔ me kple susu be yewoatɔ te woƒe gbeƒãɖeɖedɔa, gake ema tsi tsitre ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu.

ŊUTINYA 107 LIA

Woƒu Kpe Stefano

Esime wonɔ kpe ƒum Stefano be wòaku la, egblɔ nya wɔdɔɖeamedziwo le eƒe gbedodoɖa me.

ŊUTINYA 108 LIA

Le Damasko Mɔ Dzi

Keklẽ aɖe si nu sẽ kple gbe aɖe si ɖi tso dziƒo na nuwo trɔ le Saul ƒe agbe me.

ŊUTINYA 109 LIA

Petro Yi Kornelio Gbɔ

Ðe Mawu bua ame ƒomevi aɖewo alo dukɔ aɖe me tɔwo be wonyo wu bubuwoa?

ŊUTINYA 110 LIA

Timoteo—Paulo Ƒe Kpeɖeŋutɔ Yeye

Timoteo dzo le eƒe ƒomea gbɔ hekpe ɖe Paulo ŋu le gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ si me wokpɔ dzidzɔ le la me.

ŊUTINYA 111 LIA

Ŋutsuvi Si Dɔ Alɔ̃ La

Eutiko dɔ alɔ̃ esime Paulo nɔ eƒe nuƒo gbãtɔ ƒom, gake medɔ alɔ̃ esime wònɔ eƒe nuƒo evelia ya ƒom o. Le nuƒo gbãtɔ kple evelia dome la, nukunu ɖedzesi aɖe dzɔ.

ŊUTINYA 112 LIA

Ʋugbagbã Le Ƒukpo Aɖe Dzi

Esi wòdze abe wɔna aɖeke megali o ene la, Paulo xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ si na mɔkpɔkpɔ su esi.

ŊUTINYA 113 LIA

Paulo Le Roma

Aleke apostolo Paulo ate ŋu awɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa esime wòle gaxɔ me?