Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 104

Yesu Gatrɔ Yi Dziƒo

Yesu Gatrɔ Yi Dziƒo

ESI ŋkekeawo nɔ yiyim la, Yesu ɖe eɖokui fia eyomedzelawo zi geɖe. Ɣeaɖeɣi la, ame abe 500 ene kpɔe. Esi wòɖe eɖokui fia wo la, ènya nusi ƒe nya Yesu gblɔ na woa? Mawu ƒe fiaɖuƒe lae. Yehowa dɔ Yesu ɖe anyigba dzi be wòafia nu le Fiaɖuƒe la ŋuti. Eye esi wofɔe tso ame kukuwo dome hã la, enɔ esia wɔwɔ dzi.

Èɖo ŋku nusi Mawu ƒe fiaɖuƒea nye la dzia? Ẽ, fiaɖuƒe la nye Mawu ƒe dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ, si le dziƒo, eye Yesue nye Amesi Mawu tia be wòanye Fia. Abe alesi míesrɔ̃e ene la, Yesu ɖe fia nyui, si wòava nye la fia esime wònyi dɔwuitɔwo, da dɔ na dɔlélawo hefɔ ame kukuwo gɔ̃ hã la!

Eyata ne Yesu le dzi ɖum le dziƒo hena ƒe akpe ɖeka la, aleke anyigba dzi anɔ? Vavãe, woawɔ anyigba katã wòanye paradiso nyui aɖe. Aʋawɔwɔ, alo hlɔ̃dodo, alo dɔléle, alo ku, gɔ̃ hã maganɔ anyi o. Míenya be nyateƒee, elabena Mawu wɔ anyigba be wòanye paradiso be amewo nakpɔ dzidzɔ le edzi. Eyatae wòwɔ Eden-bɔ le gɔmedzedzea me ɖo. Eye Yesu akpɔ egbɔ be woawɔ nusi Mawu di be woawɔ la ade goe mlɔeba.

Ɣeyiɣi de azɔ be Yesu natrɔ ayi dziƒo. Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo hena ŋkeke 40 sɔŋ. Eyata kakaɖedzi le wo si be egale agbe. Gake hafi wòadzo le eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ la, egblɔ na wo be: ‘Minɔ Yerusalem vaseɖe esime miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la.’ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae nye Mawu ƒe ŋusẽ wɔdɔ, abe yaƒoƒo ene; esia akpe ɖe eyomedzelawo ŋu be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Mlɔeba la, Yesu gblɔ be: ‘Miaɖe gbeƒã le ŋutinye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.’

Esi Yesu gblɔ esia vɔ la, nukunu aɖe dzɔ. Ede asi dziyiyi me ɖo ta dziƒo abe alesi nàte ŋu akpɔe le afisia ene. Tete alilikpo aɖe xe nusrɔ̃lawo ŋku me be womegakpɔ Yesu azɔ o. Yesu dzo yi ɖe dziƒo, eye wòdze fiaɖuɖu gɔme le afima ɖe eyomedzela, siwo le anyigba dzi la dzi.