Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 108

Le Damasko Mɔ Dzi

Le Damasko Mɔ Dzi

ÈNYA amesi mlɔ anyi ɖe anyigba la? Saul ye. Ðo ŋku edzi be eyae nɔ amesiwo ƒu kpe Stefano la ƒe awuawo gbɔ. Kpɔ keklẽ gã ma ɖa! Nukae le dzɔdzɔm?

Esi wowu Stefano megbe la, Saul xɔ ŋgɔ henɔ Yesu yomedzelawo dim be yeawɔ nuvevi wo. Eyia aƒe ɖesiaɖe me hekplɔa wo ɖadea gaxɔ me. Nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe si yi du bubuwo me hedze egɔme ɖe gbeƒã “nyanyui” la le afima. Gake Saul yi du bubuawo me yi Yesu yomedzelawo di ge. Fifia edze mɔ yina Damasko. Gake le mɔa dzi la, nukunu aɖe va dzɔ:

Kasia keklẽ aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlã Saul. Edze anyi abe alesi míekpɔe le afisia ene. Tete gbe aɖe gblɔ be: ‘Saul, Saul! Nukatae nèle nuvevi wɔmem?’ Amesiwo le Saul ŋu la kpɔ keklẽ la hese gbeɖiɖi la, gake womete ŋu se nusi gblɔm wole la gɔme o.

Saul bia be: ‘Wò amekae, Aƒetɔ?’

Gbeɖiɖi la gblɔ be: ‘Nyee nye Yesu, amesi nèle nuvevi wɔmee la.’ Yesu gblɔ esia, elabena esi Saul le nuvevi wɔm Yesu yomedzelawo la, Yesu senɛ abe ye ŋutɔe wole nuvevi wɔmee ene.

Azɔ Saul bia be: ‘Aƒetɔ, nukae mawɔ?’

Yesu gblɔ nɛ be: ‘Tsi tre nàyi Damasko. Woagblɔ nusi nàwɔ la na wò le afima.’ Esi Saul tsi tre heʋu ŋku la, megale nu kpɔm o. Etsi ŋku! Eyata amesiwo le eŋu la lé eƒe alɔnu hekplɔe yi Damasko.

Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃la, siwo le Damasko la dometɔ ɖeka be: ‘Anania, tsi tre. Yi ablɔ, si woyɔna be Dzɔdzɔe la dzi. Bia ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saul la ta le Yuda ƒeme. Metiae be wòanye dɔla tɔxɛ nam.’

Anania yi. Esi wòkpɔ Saul la, eda eƒe asiwo ɖe edzi hegblɔ be: ‘Aƒetɔ la dɔm ɖe gbɔwò be nàgakpɔ nu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe nayɔ wò.’ Enumake nane, si le abe tsrowo ene la ge tso Saul ƒe ŋkuwo dzi, eye wògale nu kpɔm.

Wowɔ Saul ŋudɔ le mɔ gã aɖe nu be wòaɖe gbeƒã na dukɔ geɖe. Wova yɔe be apostolo Paulo, amesi ŋuti míasrɔ̃ nu geɖe le. Gake gbã la, na míakpɔ nusi Mawu dɔ Petro be wòawɔ la ɖa.