Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 109

Petro Yi Kornelio Gbɔ

Petro Yi Kornelio Gbɔ

APOSTOLO Petro ye ma le tsitre ɖe afima, eye exɔlɔ̃wo dometɔ aɖewoe ma le emegbe. Gake nukatae ŋutsu ma le klo dzem na Petro? Ðe wòle be wòawɔ nenema? Ènya amesi wònyea?

Ŋutsu lae nye Kornelio. Roma-srafoha ƒe aʋafia wònye. Kornelio menya Petro o, gake wogblɔ nɛ be wòayɔe va eƒeme. Na míakpɔ alesi wòva dzɔe la ɖa.

Yesu yomedzela gbãtɔwo nye Yudatɔwo, gake Kornelio menye Yudatɔ o. Gake elɔ̃ Mawu, edoa gbe ɖa nɛ eye wònyoa dɔme na amewo. Gbeɖeka ŋdɔ la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be: ‘Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò, eye ele wò gbedodoɖawo ŋu ɖo ge. Dɔ amewo woayɔ ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Petro la vɛ. Ele Yope le Simon ƒeme, le ƒua nu.’

Kornelio dɔ amewo enumake be woaɖadi Petro. Esi ŋu ke, eye ameawo le Yope ɖom la, Petro le Simon ƒe aƒe la ƒe xɔta. Mawu na Petro kpɔ nane le susu me le afima abe avɔ gã aɖe, si le ɖiɖim tso dziƒo ene. Lã ƒomevi vovovowo le avɔ la me. Le Mawu ƒe se nu la, lã siawo ŋu mekɔ woaɖu o, gake gbeɖiɖi aɖe gblɔ be: ‘Petro, tsi tre, wu wo nàɖu.’

Petro ɖo ŋu be: ‘Ao! Nyemeɖu nu makɔmakɔ kpɔ o.’ Gake gbeɖiɖia gblɔ na Petro be: ‘Mègayɔ nusi Mawu gblɔ azɔ be eŋu kɔ la be nu makɔmakɔ o.’ Nusia dzɔ zi etɔ̃ sɔŋ. Esi Petro nɔ ŋugble dem be yease nusia gɔme la, amesiwo Kornelio dɔ la va ɖo aƒea me hebia Petro ta.

Petro ɖi tso xɔa ta hegblɔ be: ‘Nye dim miele. Nukatae mieva ɖo?’ Esi ŋutsu la gblɔ be mawudɔla aɖe gblɔ na Kornelio be wòayɔ Petro va eƒemee la, Petro lɔ̃ be yeayi kpli wo. Esi ŋu ke la, Petro kple exɔlɔ̃wo dze mɔ yi Kornelio gbɔ le Kaisarea.

Kornelio ƒo eƒe ƒometɔwo kple exɔlɔ̃ veviwo nu ƒu. Esi Petro va ɖo la, Kornelio ɖado goe. Edze klo hede ta agu ɖe Petro ƒe afɔ nu abe alesi nèkpɔe le afisia ene. Gake Petro gblɔ be: ‘Tsi tre; nye ŋutɔ hã ame ko menye.’ Nyateƒee, Biblia la gblɔ be medze be woade ta agu ahasubɔ amegbetɔ o. Yehowa ɖeka ko wòle be míade ta agu na.

Azɔ Petro ɖe gbeƒã na amesiwo ƒo ƒu la be: ‘Medze sii be Mawu lɔ̃a amesiwo katã dina be yewoasubɔe la.’ Esi wònɔ nu ƒom la, Mawu dɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖa, eye ameawo te gbe vovovowo gbɔgblɔ. Esia wɔ nuku na Yudatɔ, siwo nye nusrɔ̃la kplɔ Petro ɖo la, elabena wosusu be Yudatɔwo nu ko Mawu vena. Eyata esia fia wo be Mawu mebua ameƒomevi aɖewo be wonyo alo le vevie na ye wu bubuwo o. Ðe ema menye nu nyui aɖe si dzi mí katã míaɖo ŋkui oa?