Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 113

Paulo Le Roma

Paulo Le Roma

KPƆ kɔsɔkɔsɔ si wode Paulo la, kple Roma-srafo si le eŋu dzɔm la hã ɖa. Paulo nye gamenɔla le Roma. Ele lalam be Roma-dziɖula Kaisaro nagblɔ nusi woawɔ nɛ. Esime wònɔ gaxɔ me la, woɖe mɔ be amewo nayi egbɔ.

Esi Paulo ɖo Roma ŋkeke etɔ̃ megbe la, eɖo gbe ɖe Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo be woava kpɔ ye ɖa. Yudatɔ geɖe siwo le Roma la va. Paulo ɖe gbeƒã na wo tso Yesu kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la ŋu. Ame aɖewo xɔe se hezu Kristotɔwo, gake ame aɖewo mexɔe se o.

Paulo ɖe gbeƒã na asrafo vovovo, siwo nɔ eŋu dzɔm la hã. Eɖe gbeƒã na amesiame, si wòate ŋui la le ƒe eve si wònɔ gaxɔ me la me. Nusi do tso emee nye be, Kaisaro ƒe aƒe la gɔ̃ hã se Fiaɖuƒe ƒe nyanyui la, eye wo dometɔ aɖewo zu Kristotɔwo.

Ke amedzro kae nye si le agbalẽ ŋlɔm le kplɔ̃ dzi? Àte ŋu ayɔ eŋkɔ kpɔa? Ahã, Timoteo ye. Timoteo hã nɔ gaxɔ me le Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖeɖe ta, gake woɖe asi eya ŋu. Eye wòva kpekpe ge ɖe Paulo ŋu le afisia. Ènya nusi ŋlɔm Timoteo lea? Na míakpɔe ɖa.

Èɖo ŋku Filipi kple Efeso duawo dzi le Ŋutinya 110 lia mea? Paulo ye na woɖo Kristo-hamewo ɖe du mawo me. Ke esi Paulo le gaxɔ me la, eŋlɔ agbalẽwo ɖo ɖe Kristotɔ siawo. Agbalẽ siawo le Biblia la me, eye woyɔa wo be Efesotɔwo kple Filipitɔwo. Azɔ Paulo le nya, si le esi la gblɔm na Timoteo be wòaŋlɔ aɖo ɖe wo xɔlɔ̃ Kristotɔ, siwo le Filipi la.

Filipitɔwo nyo dɔme na Paulo ŋutɔ. Woɖo nunanawo ɖee le gaxɔa me, eyata Paulo le akpe dam na wo. Epafrodito ye nye amesi tsɔ nunana la vɛ. Gake elé dɔ vevie eye wòku kloe. Fifia eƒe lãme sẽ, eye wòdzra ɖo be yeayi aƒe. Ne etrɔ yi Filipi la, atsɔ Paulo kple Timoteo ƒe agbalẽ la ɖe asi ayii.

Esime Paulo nɔ gaxɔ me la, egaŋlɔ agbalẽ eve bubu, siwo le Biblia me la. Eŋlɔ ɖeka na Kristotɔ, siwo le Kolose la. Ènya agbalẽa ŋkɔa? Kolosetɔwo. Agbalẽ evelia nye eya ŋutɔ ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe exɔlɔ̃ vevi, si nye Filemon, amesi hã le Kolose. Agbalẽ la ku ɖe Filemon ƒe kluvi, Onesimo ŋuti.

Onesimo si le Filemon gbɔ heva Roma. Onesimo se be wode Paulo gaxɔ me le afisia. Eva srã Paulo kpɔ, eye Paulo ɖe gbeƒã nɛ. Eteƒe medidi o Onesimo hã zu Kristotɔ. Azɔ eve Onesimo ŋutɔ be yesi. Eyata ènya nusi Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Filemon le eƒe agbalẽa mea?

Paulo bia Filemon be wòatsɔ nusi Onesimo wɔ la akee. Paulo ŋlɔ bena: ‘Mele eɖom ɖe wò. Fifia meganye wò kluvi ko o. Ke enye nɔvi Kristotɔ nyui aɖe hã.’ Esi Onesimo trɔ yina Kolose la, etsɔ agbalẽ eve siawo ɖe asi; etsɔ ɖeka na Kolosetɔwo, eye evelia na Filemon. Filemon akpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòse be yeƒe kluvi la zu Kristotɔ.

Agbalẽ, si Paulo ŋlɔ na Filipitɔwo kple Filemon la nye nyanyui ŋutɔ aɖe na wo. Egblɔ na Filipitɔwo be: ‘Mele Timoteo ɖom ɖe mi, gake mele mia gbɔ va ge kpuie.’ Eye wòŋlɔ na Filemon be: ‘Di teƒe ɖi nam be ne meva la, manɔ afima.’

Esi woɖe asi le Paulo ŋu la, eyi ɖasrã nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo kpɔ le teƒe geɖe. Gake emegbe la, wogade Paulo gaxɔ me le Roma. Fifia ya la, enya be wole ye wu ge. Eyata eŋlɔ agbalẽ na Timoteo be wòava kaba, be: ‘Mewɔ nuteƒe na Mawu, eye Mawu aɖo eteƒe nam.’ Esi wowu Paulo ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, wogatsrɔ̃ Yerusalem ake, fifia ya la, Romatɔwoe tsrɔ̃e.

Gake nu geɖe gale Biblia la me. Yehowa Mawu na apostolo Yohanes ŋlɔ eƒe agbalẽ mamlɛawo hekpe ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ŋu. Biblia ƒe agbalẽ sia ƒo nu le ɣeyiɣi, si gbɔna la ŋu. Azɔ na míasrɔ̃ nusi ɣeyiɣi, si gbɔna la tsɔ gbɔnɛ.