Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊUTINYA 116

Ale Si Míawɔ Anɔ Agbe Tegbee

Ale Si Míawɔ Anɔ Agbe Tegbee

ÈNYA agbalẽ, si xlẽm nyɔnuvi sue la kple exɔlɔ̃wo lea? Ẽ, agbalẽ si tututu xlẽm nèle fifia lae—Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo. Woawo hã wole ŋutinya, si xlẽm nèle fifia la xlẽm—“Alesi Míawɔ Anɔ Agbe Tegbee.”

Ènya nusi srɔ̃m wolea? Gbãtɔe nye be hafi míanɔ agbe tegbee la, ele be míanya nu tso Yehowa kple Via Yesu ŋuti. Biblia la gblɔ be: ‘Esiae nye agbe mavɔ ƒe mɔ la. Be nàsrɔ̃ nu le Mawu vavã ɖeka la kple Via, Yesu Kristo, si wòdɔ ɖo ɖe anyigba dzi la ŋuti.’

Aleke míawɔ asrɔ̃ nu le Yehowa Mawu kple Via Yesu ŋuti? Mɔ ɖekae nye be míaxlẽ Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo tso gɔmedzedzea vaseɖe nuwuwu. Eƒo nu geɖe tso Yehowa kple Yesu ŋuti, alo mele eme oa? Egaƒo nu geɖe tso nusiwo wowɔ kple nusiwo wogale wɔwɔ ge la ŋuti. Gake ehiã be míawɔ nu geɖe wu agbalẽ siawo xexlẽ ko.

Èkpɔ agbalẽ bubu, si le anyigba la? Biblia lae. Na ame aɖe naxlẽ Biblia la ƒe akpa, siwo me woɖe agbalẽ sia ƒe ŋutinyawo le la na wò. Biblia la gblɔ nusiwo katã hiã na mí be míate ŋu asubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nu ahakpɔ agbe mavɔ la na mí. Eyata ele be míaɖoe be míasrɔ̃ Biblia la edziedzi.

Gake nusɔsrɔ̃ le Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋu ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso woawo kple woƒe nufiafiawo ŋuti, gake míakpɔ agbe mavɔ o. Ènya nu bubu si gahiã?

Ehiã hã be míaƒe agbenɔnɔ nasɔ kple nusiwo míesrɔ̃na la. Èɖo ŋku Yuda Iskariot dzia? Enye ame 12, siwo Yesu tia be woanye yeƒe apostolowo la dometɔ ɖeka. Yuda nya nu geɖe tso Yehowa kple Yesu ŋu. Gake nukae dzɔ ɖe edzi? Eva zu ɖokuitɔdila emegbe, eye wòde Yesu asi na eƒe futɔwo hexɔ klosalo 30. Eyata Yuda makpɔ agbe mavɔ o.

Èɖo ŋku Gexazi, ŋutsu si ŋu míesrɔ̃ nu le le Ŋutinya 69 me la dzia? Edi be avɔ kple ga, siwo menye etɔ o la nasu ye si. Eyata eda alakpa tsɔ xɔ nusiawoe. Gake Yehowa he to nɛ. Nenema kee ne míeɖo to eƒe sewo o la, ahe to na míawo hã.

Gake ame nyui geɖe li, siwo subɔ Yehowa le nuteƒewɔwɔ me. Ðe míedi be míanɔ abe woawo ene oa? Ðevi sue Samuel nye kpɔɖeŋu nyui aɖe, si yome míadze. Ðo ŋku edzi be abe alesi míekpɔe le Ŋutinya 55 mee ene la, exɔ abe ƒe ene alo atɔ̃ ko ene esime wòdze Yehowa subɔsubɔ gɔme le eƒe agbadɔ me. Eyata aleke nèganye ɖevie hã la, mèle sue akpa be màte ŋu asubɔ Yehowa o.

Gake amesi mí katã míedi be míasrɔ̃ lae nye Yesu Kristo. Esi wònye ŋutsuvi sue gɔ̃ hã abe alesi wòle Ŋutinya 87 mee ene la, eyi gbedoxɔ la me heƒo nu na ame bubuwo tso Fofoa, si le dziƒo la ŋuti. Mina míadze eƒe kpɔɖeŋu la yome. Mina míagblɔ míaƒe nuku Mawu, Yehowa kple Via Yesu Kristo ŋutinya na ame geɖe, si míate ŋui la. Ne míewɔ nusiawo la, ekema míate ŋu anɔ agbe tegbee le Mawu ƒe paradiso yeyea me le anyigba dzi.