Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nyemexɔe Se O!”

“Nyemexɔe Se O!”

ŊUTSU aɖe si le New York (United States, Amerika) gblɔ be: “Vinyeŋutsu Jonathan yina ɖe exɔlɔ̃wo srã ge kpɔ le teƒe si didi tso mía gbɔ kilometa ʋee aɖewo ko. Srɔ̃nye Valentina melɔ̃ ɖe eƒe yiyia dzi nɛ o. Etsia dzi ɖe ʋuwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu ɣesiaɣi. Gake dɔwɔwɔ le elektrɔnikmɔ̃wo ŋu dzɔa dzi na ɖevia, eye exɔlɔ̃awo ɖo dɔwɔƒe, afisi wòate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso wo ŋuti dɔwɔwɔ ŋu le. Menɔ aƒeme le Ɣetoɖoƒe Manhattan, New York. Srɔ̃nye zɔ mɔ yi eƒe ƒometɔwo srã ge kpɔ le Puerto Rico. Mesusu be, ‘Jonathan le gbɔgbɔ ge fifia.’ Kasia ame aɖe ƒo aƒea ƒe agbonuga. ‘Anye eya kokokoe.’ Gake menye eyae o. Kpovitɔwo kple atikewɔla siwo tso afisi afɔku aɖe dzɔ le ye. Kpovitɔ ɖeka biam se be: ‘Ènya amesi ƒe ʋukugbalẽvie nye siaa?’ Meɖo eŋu be, ‘Ẽ, vinye Jonathan tɔe.’ Wogblɔ be, ‘Míetsɔ du vɔ̃ aɖe vɛ na wò. Afɔku aɖe dzɔ, eye . . . viwòa, . . . viwòa tsi eme.’ Nusi megblɔ ɖe tame koe nye be ‘Nyemexɔe se o!’ Nudzɔdzɔ tsodzikaƒoname ma de abi lãme na mí si togbɔ be exɔ ƒe geɖe fifia hã la, mefa na mí vɔ kpɔ o.”

‘Míetsɔ du vɔ̃ aɖe vɛ na wò. Afɔku aɖe dzɔ, eye . . . viwòa, . . . viwòa tsi eme.’

Vifofo aɖe si le Barcelona (Spania) ŋlɔ be: “Míenye ƒome kpɔdzidzɔ aɖe le Spania le ƒe 1960 ƒe ƒeawo me. Srɔ̃nye María kpakple David, Paquito, kple Isabel, mía vi etɔ̃awo, siwo ƒe ƒewo nye 13, 11, kple 9 nɔ anyi.

“Gbeɖeka le March 1963 me la, Paquito tso suku gbɔ be ta le ye ɖum sesĩe ŋutɔ. Míenya nusi tututue na ta la nɔ eɖum sesĩe nenema o—gake menɔ anyi eteƒe didi boo aɖeke o. Le gaƒoƒo etɔ̃ megbe ko la, emia nu. Ʋu ɖuɖu ɖe eƒe ahɔhɔ̃ me si na eƒe agbe nu tso kpata.

“Ewu ƒe 30 fifia esi Paquito ku. Gake alesi eƒe kua nye vevesese helĩhelĩ na míi la mefa na mí kpɔ o. Naneke meli si dzilawo awɔ si ne wo vi ku la, womasee le wo ɖokui me be yewo ŋutɔ yewoƒe akpa vevi aɖee bu o—aleke ke eteƒe gadidii alo vi bubu nenie le wo si o.”

Nudzɔdzɔ eve sia siwo me vi ku na dzilawo le la fia alesi gbegbe ne ame ƒe vi ku wònyea vevesese gã si menya ŋlɔna be o. Nya siwo ɖɔkta aɖe gblɔ nye nyateƒe tututu esi wòŋlɔ be: “Vi ƒe kuku na ame wɔa nublanui eye wòtena ɖe ame dzi wu ame tsitsi tɔ elabena ɖevie nye ame susɔea si ŋu woabu ku ɖo le ƒomea me. . . . Ne ɖevi ku la, nu nyui siwo wole mɔ kpɔm na tso egbɔ le etsɔ me, ƒomedodo [viŋutsu, lɔ̃xoyɔvi, tɔgbui kple mama yɔviwo] kple nuteƒekpɔkpɔ . . . siwo mesu ame si haɖe o la bɔa ame.” Eye ne nyɔnu aɖe ƒe fu gblẽ la, eya hã sena le eɖokui me be nu vevi aɖe bu na ye nenema ke.

Nyɔnu aɖe si srɔ̃ ku ɖe nu me be: “Srɔ̃nye, Russell, nye asrafoɖɔkta ƒe kpeɖeŋutɔ le aʋagbedzi le Pacific nutome le Xexemeʋa II me. Ekpɔ aʋawɔwɔ dziŋɔwo teƒe eye wòtsi agbe le wo me. Egbɔ va United States eye wònɔ agbe si me tomefafa le wu. Emegbe eva zu Mawu ƒe Nya la fiala. Esi wòxɔ wu ƒe 60 vie la, eva nɔ dzesi siwo fia be exɔ dzidɔ la kpɔm. Edze agbagba be yeado vevie nu le yeƒe agbenɔnɔ me. Ke gbeɖeka le July 1988 me la, eƒe dzidɔa nyrã nɛ sesĩe eye wòku. Eƒe kua nye vevesese si wu gbɔgblɔ nam. Nyemete ŋu do hedenyuie nɛ teti hã o. Menye srɔ̃ koe wònye nam o. Eyae nye xɔ̃nye vevitɔ. Míenɔ agbe ɖekae ƒe 40 sɔŋ. Fifia ewɔ abe ɖe mele akogo tsi ge vevie ene.”

Esiawo nye nublanuinya akpe nane siwo dzɔna ɖe ƒomewo dzi le xexeame godoo gbesiagbe la dometɔ ʋee aɖewo ko. Abe alesi ame akpa gãtɔ siwo le nu xam agblɔe na wò ene la, ne viwò, srɔ̃wòŋutsu, srɔ̃wònyɔnu, dziwòla, alo xɔ̃wò ku la, enɔna abe alesi Kristotɔ agbalẽŋlɔla Paulo yɔe ene be enye “futɔ mamletɔ.” Zi geɖe la, alesi wowɔa nui ne wose nya dziŋɔ siae nye be woagbe be medzɔ o eye woagblɔ be, “Menye nyateƒee o! Nyemexɔe se o.” Wogaɖea nɔnɔme bubuwo hã fiana, abe alesi míava kpɔe ene.—Korintotɔwo I, 15:25, 26.

Gake hafi míadzro nuxaxa ƒe seselelãmewo me la, mina míaɖo nya vevi aɖewo ŋu gbɔ. Ne ame ku la, ɖe wòfia be nusianu vɔ nɛa? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li be míagate ŋu ava kpɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔwo akea?

Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi Le la Li

Biblia-ŋlɔla Paulo gblɔ be mɔkpɔkpɔ li be woavo tso “futɔ mamletɔ” ma si nye ku si me. Eŋlɔ be: “Futɔ mamletɔ si woaɖe ɖa kura la enye ku.” (Korintotɔwo I, 15:26, The New English Bible) Nukatae Paulo te ŋu ka ɖe edzi alea? Elabena Yesu Kristo, amesi wofɔ tso ame kukuwo dome ye fia nui. (Dɔwɔwɔwo 9:3-19) Eyata hãe Paulo te ŋu ŋlɔe be: “Elabena esi wònye ame [Adam] mee ku la to va ŋuti la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame [Yesu Kristo] ke me va. Elabena alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.”—Korintotɔwo I, 15:21, 22.

Yesu xa nu ŋutɔ esi wòdo go Nain-hosi la kple viaŋutsu si ku. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Esi [Yesu] gogo [Nain] du la ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wotsɔ ame kuku aɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, eye duametɔ geɖewo kpe ɖe eŋuti. Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o! Eye esi wòte va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ðekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre! Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa. Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gã aɖe tsi tre le mía dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.” Kpɔ alesi wòwɔ nublanui na Yesu, ale be wòfɔ ahosia ƒe vi ɖe tsitree ɖa! Kpɔ nusi esia fia na etsɔ si gbɔna la ɖa le susu me!—Luka 7:12-16.

Yesu wɔ nusi womaŋlɔ be akpɔ o esi wòfɔ ame kuku ɖe tsitre le eteƒekpɔlawo ƒe ŋkume le afima. Esia nye tsitretsitsi si ŋu nya wògblɔ ɖi do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia, si nye alesi woagbɔ agbe amewo le “dziƒo yeye” la ƒe dziɖuɖu te, la ƒe kpeɖodzi. Yesu gblɔ ɣemaɣi be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo] me la, woase eƒe gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go.”—Nyaɖeɖefia 21:1, 3, 4; Yohanes 5:28, 29; Petro II, 3:13.

Ame bubu siwo hã kpɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi teƒe kpɔe nye Petro, kple ame 12 la dometɔ bubu aɖe siwo nɔ Yesu ŋu le eƒe mɔzɔzɔwo me. Wosee ŋutɔŋutɔ esime Yesu si wofɔ ɖe tsitre ƒo nu na wo le Galilea-ƒuta. Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Yesu gblɔ na wo bena: Miva ɖu nu. Ke nusrɔ̃lawo dometɔ aɖeke medo dzi biae bena: Ameka nènye mahã o, elabena wonyae xoxo bena, Aƒetɔ lae. Yesu va, eye wòtsɔ abolo la na wo kple lã la hã nenema ke. Esiae enye zi etɔ̃lia, si Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.”—Yohanes 21:12-14.

Eyata Petro te ŋu tsɔ kakaɖedzi blibo ŋlɔe be: “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me.”—Petro I, 1:3.

Apostolo Paulo ɖee fia be mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le le ye si esi wògblɔ be: “Mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se, eye mɔkpɔkpɔ, si le asinye na Mawu la, le woa ŋutɔwo hã si bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:14, 15.

Eyata ame miliɔn geɖe ate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔe be yewoagakpɔ yewoƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la woagava nɔ agbe le anyigba dzi ake gake le nɔnɔme siwo to vovo sãa me. Nɔnɔme kawoe anɔ anyi ɣemaɣi? Míadzro mɔkpɔkpɔ si tso Biblia me si li na míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la me le agbalẽ sia ƒe akpa mamlea si ƒe tanyae nye “Ame Kukuwo ƒe Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi Le” me.

Gake gbã la, na míadzro nyabiabia siwo ava susu me na wò ne èle nu xam le wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ta la me: Ðe wòsɔ be maxa nu alea? Aleke mawɔ anyi nanya nɔ nam le nye nuxaxa la me? Nukae ame bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ kpe ɖe ŋunye be mado dzi le eme? Aleke mawɔ akpe ɖe ame bubu siwo le nu xam la ŋu? Eye vevietɔ, Nukae Biblia gblɔ le mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le na ame kukuwo la ŋu? Ðe magakpɔ nye lɔlɔ̃tɔ siwo ku la akea? Eye afikae makpɔ wo le?