Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya

Nuxlẽla Lɔlɔ̃tɔ:

Èsee le ɖokuiwò me be yete ɖe Mawu ŋua? Ewɔna na ame geɖe be esia manya wɔ kura o. Ame aɖewo bui be eɖe eɖokui ɖa kura tso amegbetɔwo gbɔ; dzi ɖe le ame bubuwo ƒo le esi wobui be yewomedze ate ɖe eŋu o ta. Gake Biblia de dzi ƒo na mí lɔlɔ̃tɔe be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Ena kakaɖedzi esubɔlawo gɔ̃ hã be: “Nye, Yehowa wò Mawu, melé wò nuɖusi ɖe asi, nye ame si le gbɔgblɔm na wò be: ‘Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò.’”—Yesaya 41:13.

Aleke míawɔ hafi mía kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli alea? Le xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe sia ɖe me la, amea nyanya, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe nɔnɔme tɔxɛwo ŋu kple asixɔxɔ dede wo ŋu dzie ƒomedodoa nɔa te ɖo. Eya ta Mawu ƒe nɔnɔmewo kple ale si wòwɔa nui, siwo woɖe fia le Biblia me, nye nu vevi siwo ŋu wòle be míasrɔ̃ nu tsoe. Ne míede ŋugble le ale si Yehowa ɖea nɔnɔme siawo dometɔ ɖe sia ɖe fianae ŋu, ne míedze si ale si Yesu Kristo ɖe wo fia bliboe, kple ne míenya ale si míawo hã míate ŋu atu wo ɖoe la, ate mí ɖe Mawu ŋu. Míakpɔe be Yehowae dze anye xexea me katã ƒe Dziɖulagã deblibo la. Gakpe ɖe eŋu la, eyae nye Fofo si mí katã míehiã. Esi wònye ŋusẽtɔ, dzɔdzɔetɔ, nunyala, kple lɔlɔ̃tɔ ta la, megblẽa via wɔnuteƒewo ɖi gbeɖe o.

Neva eme be agbalẽ sia nakpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Yehowa Mawu ŋu geɖe wu, be ƒomedodo si me magblẽ gbeɖe o nanɔ mia kplii dome, ale be nànɔ agbe akafui yi ɖe mavɔmavɔ me.

Etalawo