Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 1

“Kpɔ Ða! Mía Mawue Nye Esi!”

“Kpɔ Ða! Mía Mawue Nye Esi!”

1, 2. (a) Nya kawoe nàdi be yeabia Mawu? (b) Nya kae Mose bia Mawu?

 ÀTE ŊU akpɔ ale si wòanɔ ɖa le susu me be yele dze ɖom kple Mawua? Eŋu bubu alea ɖeɖe dzaa dea vɔvɔ̃ ame me—be xexea me katã ƒe Dziɖulagã ye nye ma le nu ƒom kpli wò! Ètɔ sẽe gbɔ, gake ète kpɔ ƒo nu. Eɖo to wò, eɖo nya ŋu na wò, eye ena mɔ wò gɔ̃ hã be nàbia nya sia nya si dze ŋuwò la ye faa. Azɔ nya kae nàbia?

2 Ɣeyiɣi didi aɖee nye esi va yi la, ŋutsu aɖe nɔ nɔnɔme sia tututu me. Eŋkɔe nye Mose. Gake nya si wòbia Mawu awɔ nuku na wò. Mebia nya le eɖokui, eƒe etsɔme, alo fu si kpem ameƒomea le gɔ̃ hã ŋu o. Mawu ƒe ŋkɔ boŋue wòbia. Esi wònye be Mose nya Mawu ƒe ŋkɔ xoxo ta la, ɖewohĩ eƒe biabiaa awɔ mo yaa na wò. Eya ta gɔmesese deto aɖe anya nɔ eƒe biabiaa ŋu. Le nyateƒe me la, nya vevitɔ kekeake si Mose ate ŋu abiae nye ema. Ŋuɖoɖoa ka mí katã. Ate ŋu ana nàɖe afɔ vevi si ate wò ɖe Mawu ŋu kplikplikpli. Le mɔ ka nu? Mina míadzro dzeɖoɖo vevi ma me.

3, 4. Nu kawoe dzɔ hafi Mose kple Mawu ɖo dze, eye nu ka ŋue woɖo dze tso?

3 Ƒe 80 ye Mose xɔ ɣemaɣi. Edzo le wo detɔ Israel-vi siwo nye kluviwo le Egipte gbɔ, eye wòvae nɔ dzronyigba dzi ƒe 40. Gbe ɖeka esi wònɔ toa ƒe lãhawo kplɔm la, ekpɔ nu wɔnuku aɖe. Ŋuve aɖe nɔ bibim gake menɔ fiafiãm o. Bibim ko wònɔ henɔ keklẽm le toa ŋu abe mɔfiakaɖi aɖe ene. Mose ɖe zɔ yi ŋgɔ be yeakpɔe nyuie. Aleke gbegbe wòaɖi voe nye esi esi wòse gbe aɖe ƒo nu nɛ tso dzoa me! Mawu to eƒe dɔla nyanuɖela aɖe dzi ale be woa kple Mose woɖo dze geɖe. Eye abe ale si ɖewohĩ nènya ene la, afi mae Mawu dɔ Mose si menɔ lɔlɔ̃m gbã o le be wòadzo le tomefafa si me wònɔ me atrɔ ayi Egipte ava ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me.—2 Mose 3:1-12.

4 Ɣeyiɣi ma mee Mose ate ŋu abia Mawu nya sia nya si dzroe hafi. Gake se nya si wòbiae ɖa: “Tsɔe be meyi Israel-viwo gbɔ, eye megblɔ na wo be: ‘Mia tɔgbuiwo ƒe Mawu lae dɔm ɖe mia gbɔ,’ eye wobiam be: ‘Eŋkɔ ɖe hã la?’ Nya kae magblɔ na wo?”—2 Mose 3:13.

5, 6. (a) Nyateƒenya vevi si me kɔ kae Mose ƒe biabiaa fia mí? (b) Nu si dze fɔbubu kae wowɔ ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu? (d) Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be Mawu ɖe eƒe ŋkɔ fia ameƒomea?

5 Nu gbãtɔ si biabia ma fia míe nye be ŋkɔ le Mawu si. Mele be míatsɔ nyateƒenya sia nu tsɛe o. Ke hã ame geɖe bunɛ nu tsɛe. Woɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe gbogbo aɖewo me hetsɔ dzesideŋkɔ siwo nye “Aƒetɔ” kple “Mawu” ɖo eteƒe. Nu sia nye nu wɔnublanui si dze fɔbubu wu ɖe sia ɖe si wowɔ le mawusubɔsubɔ me kpɔ la dometɔ ɖeka. Wò ya bu eŋu kpɔ, ne èdo go ame aɖe zi gbãtɔ ɖe, nu kae nye nu gbãtɔ si nàwɔ? Ðe menye eƒe ŋkɔe nàbiae oa? Nenemae wòle le sidzedze Mawu hã gome. Menye ŋkɔmanɔsitɔ aɖe alo ame saga aɖe si míate ŋu adze sii alo ase eƒe nɔnɔmewo gɔme o ye wònye o. Togbɔ be ŋku mate ŋu akpɔe o hãa, eli ŋutɔŋutɔ, eye ŋkɔ le esi—si nye Yehowa.

6 Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ɖe eƒe ŋkɔa fia mí elabe edi be yeana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe mí: Edi be míadze si ye eye mía kpli ye dome nanɔ kplikplikpli. Esiae nye tiatia nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔ le agbe me. Gake Yehowa wɔ nu siwo yi ŋgɔ wu eƒe ŋkɔ ko yɔyɔ na mí. Efia nu mí tso Ame si tɔ ŋkɔa hã ŋu.

Nu Si Mawu Ƒe Ŋkɔ Fia

7. (a) Aleke woɖea Mawu ƒe ŋkɔa gɔmee? (b) Nu ka tututue Mose di be yeanya esi wòbia Mawu Eƒe ŋkɔ?

7 Yehowa ŋutɔe tia eƒe ŋkɔ si ŋu gɔmesese tɔxɛ le. Woɖea “Yehowa” gɔme be “Enana Wòvaa Eme.” Enye ame si le etɔxɛ le xexea me godoo, elabena eyae na nuwo katã va li. Azɔ hã, enana eƒe tameɖoɖowo katã vaa eme, eye ate ŋu ana esubɔla madeblibowo nava zu nu sia nu si wòdi be woanye gɔ̃ hã. Nu siawo ŋu bubu wɔa dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe. Ke ɖe gɔmesese bubu aɖe gale Mawu ƒe ŋkɔa ŋua? Edze ƒãa be Mose di be yeanya nu geɖe. Nyae nye be, enya be Yehowae nye Wɔlaa, eye enya Mawu ƒe ŋkɔ. Mawu ƒe ŋkɔa menye nu yeye o. Amewo nɔ ezãm ƒe alafa geɖe xoxo. Eya ta ɖikeke mele eme o be esi Mose bia Mawu ƒe ŋkɔa, Ame si tɔ ŋkɔa ta biam wònɔ. Efia be enɔ biabiam be: ‘Nu kae magblɔ na wò dukɔ Israel tso ŋuwò si atu ale si woxɔ dziwò see ɖo, eye wòana woase egɔme be àva ɖe yewo nyateƒe?’

8, 9. (a) Aleke Yehowa ɖo Mose ƒe biabiaa ŋu, eye nu ka tae ale si woɖea Eƒe ŋuɖoɖoa gɔme zi geɖea mede o? (b) Nyagbɔgblɔ si nye “Mava Nye Nu Si Metia Be Manye” gɔme ɖe?

8 Mose ƒe biabiaa wɔe be Yehowa gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi aɖe tso eɖokui ŋu, eye nya si wògblɔ la do ƒome kple gɔmesese si le Eƒe ŋkɔa ŋu. Egblɔ na Mose be: “Mava Nye Nu Si Metia Be Manye.” (2 Mose 3:14) Biblia gɔmeɖeɖe geɖe ƒe akpa sia xlẽ be: “Ame si menye, eyae menye.” Gake nya sia ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔwo ɖee fia be menye ɖe Mawu nɔ kpe ɖom edzi be yeli dzro ko o. Ke boŋ ɖe Yehowa nɔ nu fiam Mose kple mí katã be ‘yeatiae be yeanye’ nu sia nu si hiã ale be yeƒe ŋugbedodowo nava eme. Woɖe kpukpui sia gɔme le J. B. Rotherham ƒe gɔmeɖeɖea me tẽe be: “Mava Nye nu sia nu si dze ŋunye.” Ame aɖe si bi ɖe Hebrigbe si wotsɔ ŋlɔ Biblia me hã ɖe egɔme ale: “Nɔnɔme alo hiahiã ka kee wònye o . . . , Mawu ‘ava nye’ egbɔkpɔnu si hiã.”

9 Nu kae nya ma fia na Israel-viwo? Kplamatsɛdonu ka kee nɔ wo ŋgɔ o, nɔnɔme sesẽ ka ke mee wonɔ o, Yehowa ava nye nu sia nu si hiã be wòaɖe wo tso kluvinyenye me akplɔ wo ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Ðikeke mele eme o be ŋkɔa gɔme sese kpe ɖe wo ŋu woɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu nenema egbea. (Psalmo 9:10) Nu ka tae?

10, 11. Aleke gɔmesese si le Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be enye vifofo nyuitɔ kekeake? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Le kpɔɖeŋu me: Dzilawo nya ale si wòle be woatrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu le wo viwo dzi kpɔkpɔ me. Le ŋkeke ɖeka me la, ete ŋu va hiãna be dzila nanye dɔnɔdzikpɔla, nuɖala, nufiala, tohela, ʋɔnudrɔ̃la, kple bubuawo. Dzila geɖe sena le wo ɖokui me be dɔ vovovo siawo wu tsɔtsɔ na yewo. Wokpɔnɛ be yewo viwo ɖoa ŋu ɖe yewo ŋu bliboe, elabe ɖeviawo ka ɖe edzi be Papa alo Dada ate ŋu atsi yewoƒe vevesese nu, akpɔ masɔmasɔwo katã gbɔ, adzra yewoƒe fefenu ɖe sia ɖe si gblẽa ɖo, eye wòaɖo yewoƒe biabia gbogboawo ŋu na yewo. Ɣeaɖewoɣia, etena ɖe dzilawo dzi ŋutɔ ne womete ŋu wɔ nu siwo katã wòhiã be woawɔ na wo viwo o.

11 Yehowa hã nye dzila lɔ̃ame. Ate ŋu ava nye nu sia nu si hiã ale be wòalé be na via siwo le anyigba dzi la le mɔ nyuitɔ kekeake nu, gake medaa eya ŋutɔ ƒe dzidzenu debliboawo dzi o. Eya ta eƒe ŋkɔ, Yehowa, le mía fiam be edi be míakpɔe be yenye Vifofo nyuitɔ kekeake. (Yakobo 1:17) Mose kple Israel-vi wɔnuteƒewo katã va kpɔe be Yehowa wɔa nu wòsɔna kple gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu vavã. Woƒe nu ku esi wokpɔ eteƒe Yehowa va nye Aʋafia matsiaʋa, dzɔdzɔmenuwo katã ƒe Aƒetɔ, Senala si ɖeke mesɔ kplii o, Ʋɔnudrɔ̃la, Xɔtuɖaŋunyala, Nunala si na nuɖuɖu kple tsi wo, kple Ame si kpɔ egbɔ be woƒe awuwo kple afɔkpawo mevuvu o, kpakple bubu geɖe.

12. Aleke Farao bu Yehowae, gake aleke Mose ya bui?

12 Mawu to mɔ sia dzi ɖe eƒe ŋkɔ fia, eɖe nu wɔdɔɖeamedziwo fia le Ame si tɔ ŋkɔa ŋu, eye wòɖee fia gɔ̃ hã be nya si yegblɔna tso ye ɖokui ŋua le eteƒe. Ðikeke mele eme o be Mawu di be míadze si ye. Ðe míawo hã míedi be míadze siia? Mose di be yeadze si Mawu. Didi sẽŋu ma trɔ eƒe agbenɔnɔ eye ewɔe be wòte ɖe Fofoa si le dziƒo ŋu kplikplikpli. (4 Mose 12:6-8; Hebritɔwo 11:27) Ewɔ nublanui be Mose ŋɔlimetɔ ʋɛ aɖewo ko sie didi ma tɔgbi nɔ. Esi Mose yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ na Farao la, Egipte-fia dadala ma da gbe ɖo ɖa be: “Ame kae nye Yehowa?” (2 Mose 5:2) Farao medi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu o. Ke boŋ egbe Israel ƒe Mawu la fewuɖuɖutɔe be mele vevie o alo be mele ɖeke me o. Nuŋububu ma le ame geɖe si egbea. Esia wɔnɛ be womedzea si nu si le vevie wu o—si nye be Yehowae nye Aƒetɔ Dziɖulagã.

Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa

13, 14. (a) Nu ka tae woyɔ dzesideŋkɔ geɖe na Yehowa le Biblia me, eye wo dometɔ aɖewo ɖe? (Kpɔ  aɖaka si le axa 14.) (b) Nu ka tae wònye Yehowa ɖeka koe dze woayɔ be “Aƒetɔ Dziɖulagã”?

13 Yehowa te ŋu trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu ale gbegbe be esɔ be woyɔ dzesideŋkɔ vovovowo nɛ le Ŋɔŋlɔawo me. Togbɔ be eƒe ŋkɔa le vevie wu dzesideŋkɔ siawo hãa, wofia nu bubu geɖe mí tso nu si eƒe ŋkɔa tsi tre ɖi na ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woyɔe be: “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa.” (2 Samuel 7:22) Dzesideŋkɔ sia dze zi alafa geɖe le Biblia me eye ena míekpɔ ɖoƒe kɔkɔ si Yehowa le. Eya ɖeka koe dze anye xexea me katã Dziɖula. Kpɔ nu si tae ɖa.

14 Yehowa ɖeka koe nye Wɔla. Nyaɖeɖefia 4:11 gblɔ be: “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” Kafukafunya mawo mate ŋu ayi na ame bubu aɖeke o. Yehowae na nu sia nu si le xexea me katã va li! Ðikeke aɖeke mele eŋu o be Yehowa dze na bubu, ŋusẽ, kple ŋutikɔkɔe elabe eyae nye Aƒetɔ Dziɖulagã kple nuwo katã Wɔla.

15. Nu ka tae woyɔa Yehowa be “Fia mavɔmavɔtɔ”?

15 Dzesideŋkɔ bubu si wozãna na Yehowa ɖeɖe koe nye “Fia mavɔmavɔtɔ.” (1 Timoteo 1:17; Nyaɖeɖefia 15:3) Dzesideŋkɔ sia gɔme ɖe? Asesẽ na míaƒe susu si seɖoƒe li na be wòase egɔme, gake Yehowa nye mavɔmavɔtɔ le mɔ eve nu—le ɣeyiɣi si va yi kple esi gbɔna me. Psalmo 90:2 gblɔ be: “Wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.” Eya ta gɔmedzedze mele Yehowa si o; enɔ anyi ɣeawokatãɣi. Esɔ be woyɔe be “Ame Si Li Tso Gbe Aɖe Gbe Ʋĩi Ke,” elabe eli tso mavɔ me hafi ame alo nu bubu ɖe sia ɖe si le xexea me va dzɔ! (Daniel 7:9, 13, 22) Ame ka tɔe adzɔ be wòatɔ gbe eƒe dzedze be wòanye Aƒetɔ Dziɖulagã?

16, 17. (a) Nu ka tae míate ŋu akpɔ Yehowa o, eye nu ka ta mele be esia nawɔ nuku na mí o? (b) Nu ka tae míagblɔ be Yehowa nye ame si li ŋutɔŋutɔ wu nu sia nu si míate ŋu akpɔ alo aka asi?

16 Ke hã ame aɖewo tɔa gbe eƒe gomenɔamesia, abe ale si Farao wɔe ene. Kuxia ƒe akpa aɖee nye be amegbetɔ madeblibowo ɖoa ŋu ɖe nu siwo woƒe ŋku kpɔna ko ŋu akpa. Míate ŋu akpɔ Aƒetɔ Dziɖulagã la o. Gbɔgbɔe wònye, eye amegbetɔ mate ŋu akpɔe kple ŋku o. (Yohanes 4:24) Azɔ hã, ne ɖe amegbetɔ ŋutilã kple ʋu atsi tre ɖe Yehowa Mawu ŋkume tẽe la, kunyae wòanye. Yehowa ŋutɔ gblɔ na Mose be: “Màte ŋu akpɔ nye ŋkume o, elabena ame aɖeke mate ŋu akpɔm aganɔ agbe o.”—2 Mose 33:20; Yohanes 1:18.

17 Mele be nya ma nawɔ nuku na mí o. Yehowa ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe akpa aɖe ko fia Mose to mawudɔla aɖe dzi. Nu kae do tso eme? Mose ƒe “mo nɔ keklẽm” hena ɣeyiɣi aɖe le ema megbe. Israel-viwo vɔ̃ be yewoakpɔ Mose gɔ̃ hã ƒe mo tẽe. (2 Mose 33:21-23; 34:5-7, 29, 30) Eya ta ɖikeke mele eme o be amegbetɔ dzro aɖeke mate ŋu atsɔ ŋku akpɔ Aƒetɔ Dziɖulagãa ŋutɔ le eƒe ŋutikɔkɔe katã me o! Ðe esia fia be meli ŋutɔŋutɔ o le esi míate ŋu akpɔe alo aka asi eŋu o ta? Ao, nu geɖe li míekpɔna kple ŋku o gake míelɔ̃na ɖe edzi ɖikekemanɔmee be woli. Esia ƒe ɖewoe nye yaƒoƒo kple ame ƒe tamesusu. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa li ɖaa, metrɔna ne ɣeyiɣi va le yiyim o, ne eganye ƒe miliɔn akpe geɖe hã! Le gɔmesese ma nua, enye ame si li ŋutɔŋutɔ wu nu sia nu si ŋu míate ŋu aka asi alo akpɔ, elabena xexemenu siwo míekpɔna ate ŋu ado xoxo ahanyunyɔ. (Mateo 6:19) Gake ɖe esia fia be ŋusẽ makpɔkpɔ aɖe si si seselelãme mele o, si metsɔ ɖeke le eme na mí o koe wònyea? Mina míakpɔe ɖa.

Mawu Si Si Nɔnɔme Nyuiwo Le

18. Ŋutega kae wona Ezekiel kpɔ, eye nu kawoe mo ene siwo le “nu gbagbe” siwo ƒo xlã Yehowa si la tsi tre ɖi na?

18 Togbɔ be míate ŋu akpɔ Mawu o hãa, nya wɔdɔɖeamedziwo le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si dziƒo le. Ezekiel ƒe agbalẽa ƒe ta gbãtɔ nye kpɔɖeŋu ɖeka. Wona Ezekiel kpɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo le ŋutega me, eye ekpɔe wònye dziƒotasiaɖam gã aɖe. Nu si koŋ wɔ dɔ ɖe Ezekiel dzie nye ale si woɖɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu siwo ƒo xlã Yehowa. (Ezekiel 1:4-10) “Nu gbagbe” siawo wɔa dɔ aduadu kple Yehowa, eye woƒe dzedzeme ɖe nu vevi aɖe fia mí tso Mawu si subɔm míele ŋu. Mo ene le wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Woawoe nye nyitsu, dzata, hɔ̃ kple amegbetɔ ƒe mo. Edze ƒãa be wotsi tre ɖi na nɔnɔme ene siwo dzi Yehowa ƒe amenyenye wɔnukua nɔ te ɖo.—Nyaɖeɖefia 4:6-8, 10.

19. Nɔnɔme kae (a) nyitsu ƒe mo (b) dzata ƒe mo (d) hɔ̃ ƒe mo (ɖ) amegbetɔ ƒe mo, tsi tre ɖi na?

19 Le Biblia mea, nyitsu tsia tre ɖi na ŋusẽ zi geɖe, eye esɔ nenema, elabena enye lã si ŋu ŋusẽ le ale gbegbe. Dzata ya tsia tre ɖi na dzɔdzɔenyenye zi geɖe, elabena ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ bia dzinɔameƒo, eye wonya dzatawo be dzi nɔa wo ƒo ŋutɔ. Wonya hɔ̃wo nyuie be woƒe ŋku ɖa ale gbegbe, eye wote ŋu kpɔa nu nyaŋuiwo gɔ̃ hã le adzɔge ʋĩi. Eya ta hɔ̃ ƒe moa tsi tre ɖi na Mawu ƒe nunya deŋgɔa wòsɔ. Ke amegbetɔ ƒe moa ya ɖe? Nya lae nye be amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu koe te ŋu ɖea Mawu ƒe nɔnɔme si ƒo ɖe sia ɖe ta, si nye lɔlɔ̃, fiana. (1 Mose 1:26) Wotea gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme siwo nye ŋusẽ, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple lɔlɔ̃ dzi enuenu le Ŋɔŋlɔawo me ale gbegbe be woate ŋu ayɔ wo be Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔwo.

20. Ðe wòle be míatsi dzi be Yehowa anya trɔa, eye nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

20 Ðe wòle be míatsi dzi be Mawu anya trɔ elabe ƒe akpe geɖee nye esia tso esime woɖɔe nenema le Biblia mea? Ao, Mawu ƒe amenyenye metrɔna o. Egblɔ na mí be: “Nyee nye Yehowa; nyemetrɔna o.” (Malaki 3:6) Yehowa ɖenɛ fiana ɣesiaɣi be yenye Vifofo nyuitɔ kekeake, elabe le nɔnɔme ɖe sia ɖe mea, eɖea eƒe amenyenye si akpe ɖe mía ŋu wua fiana. Le Mawu ƒe nɔnɔmeawo katã domea, esi ƒo wo tae nye lɔlɔ̃. Edzena le nu sia nu si wòwɔna me. Ewɔa eƒe ŋusẽ, dzɔdzɔenyenye, kple nunya ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me. Le nyateƒe mea, Biblia gblɔ nya ɖedzesi aɖe tso Mawu kple nɔnɔme sia ŋu. Egblɔ be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) De dzesii be megblɔ be lɔlɔ̃ le Mawu si alo be Mawu lɔ̃a ame o. Ke boŋ egblɔ be Mawu nye lɔlɔ̃. Lɔlɔ̃ xɔ eya amea me bliboe, eya ta ewɔa nu sia nu le lɔlɔ̃ me.

“Kpɔ Ða! Mía Mawue Nye Esi!”

21. Aleke míase le mía ɖokui me ne míeva le si dzem Yehowa ƒe nɔnɔmewo ɖe edzi?

21 Èkpɔ eteƒe ɖevi sue aɖe fia asi fofoa na exɔlɔ̃wo eye wòtsɔ dzidzɔ kple dàda gblɔ faa be, “Fofonyee ma” kpɔa? Mawu subɔlawo tɔ dzɔ le go sia go me be woase le wo ɖokui me nenema ɖe Yehowa ŋu. Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava si me nuteƒewɔlawo agblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mía Mawue nye esi!” (Yesaya 25:8, 9) Zi ale si nèva le si dzem Yehowa ƒe nɔnɔmewo ɖe edzia, zi nenemae nàse le ɖokuiwò me be Fofo nyuitɔ kekeake si ɖeke mesɔ kplii o le ye si.

22, 23. Nu kae Biblia na míenya tso mía Fofo si le dziƒoa ŋu, eye aleke míewɔ nya be edi be míate ɖe ye ŋu?

22 Fofo sia mele adzɔge tso mía gbɔ o, eye menye ame si le kpaɖi alo ame si ƒe nya me sẽ abe ale si ame aɖewo gblɔna ene o. Ne ɖe eƒe nya me sẽa, anye ne míadi be míate ɖe eŋu o, eye Biblia meɖɔ mía Fofo si le dziƒoa nenema o. Ke boŋ eyɔe be “Mawu dzidzɔtɔ.” (1 Timoteo 1:11) Míaƒe nuwɔnawo ate ŋu ana wòase veve alo akpɔ dzidzɔ. Ɣeaɖeɣi esi amegbetɔwo da le mɔfiame siwo wòna be wòaɖe vi na woawo ŋutɔ dzia, Biblia gblɔ be: ‘Egbã dzi nɛ.’ (1 Mose 6:6; Psalmo 78:41) Gake ne míedze nunya hewɔ ɖe eƒe Nyaa dzi pɛpɛpɛa, ‘edoa dzidzɔ na eƒe dzi.’—Lododowo 27:11.

23 Mía Fofoa di be míate ɖe ye ŋu. Eƒe Nyaa de dzi ƒo na mí be ‘míatsa asi adii kura gɔ̃ hã, eye míake ɖe eŋu vavã, togbɔ be le nyateƒe mea, mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.’ (Dɔwɔwɔwo 17:27) Gake aleke wòanya wɔ be amegbetɔ dzro nate ɖe xexea me katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagãa ŋu?