Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 2

Ðe Nàte Ŋu ‘Ate Ðe Mawu Ŋu’ Nyateƒea?

Ðe Nàte Ŋu ‘Ate Ðe Mawu Ŋu’ Nyateƒea?

1, 2. (a) Nu kae ame geɖe abu be mate ŋu adzɔ o, gake nu ka dzie Biblia ka ɖo na mí? (b) Ƒomedodo kplikplikpli ka ƒe mɔe ʋu na Abraham, eye nu ka tae?

 ALEKE nàse le ɖokuiwò me ne dziƒo kple anyigba Wɔlaa gblɔ le ŋuwò be, “Xɔ̃nyee nye esi”? Awɔ na ame geɖe be esia mate ŋu adzɔ o. Wogblɔna be amegbetɔ dzro mate ŋu adze xɔ̃ Yehowa Mawu o. Ke hã Biblia ka ɖe edzi na mí be mía kple Mawu dome ate ŋu anɔ kplikplikpli.

2 Blemafofo Abraham kple Mawu dome nɔ nenema. Yehowa yɔ blemafofo ma be “xɔ̃nye.” (Yesaya 41:8) Ɛ̃, Yehowa bu Abraham be enye ye xɔlɔ̃ ŋutɔŋutɔ. Esi Abraham “xɔ Yehowa dzi se” tae ƒomedodo kplikplikpli ma su esi ɖo. (Yakobo 2:23) Egbea hã, Yehowa di be ye kple ame siwo subɔna ye la dome nanɔ kplikplikpli, eye yeaɖee afia be ‘yelɔ̃ wo.’ (5 Mose 10:15) Eƒe Nyaa de dzi ƒo na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Amekpekpe kple ŋugbedodo aɖe dze le nya mawo me.

3. Nu kae Yehowa kpe mí be míawɔ, eye ŋugbedodo kae kpe ɖe eŋu?

3 Yehowa le mía kpem be míate ɖe ye ŋu. Ele klalo be yeadze xɔ̃ mí. Eye edo ŋugbe be ne míeɖe afɔ siwo ana míate ɖe ye ŋu la, ye hã yeate ɖe mía ŋu. Esia ana nu xɔasi aɖe nasu mía si, si nye be ‘tsi mato mía kple Yehowa dome o.’ (Psalmo 25:14) Ƒomedodo kplikplikpli sia he susu yi ale si ame aɖe gblɔa eƒe dzimenyawo na exɔlɔ̃ vevi aɖe dzi.

4. Aleke nàɖɔ xɔlɔ̃ vevi, eye mɔ kawo nue Yehowa ɖee fia le be yenye xɔlɔ̃ ma ƒomevi na ame siwo te ɖe ye ŋu?

4 Ðe xɔlɔ̃ vevi aɖe le asiwò si nègblɔa wò dzimenyawo na? Xɔlɔ̃ sia nye ame si tsɔa ɖe le eme na wò. Èɖoa dzi ɖe eŋu, elabe eɖee fia wò be yenye nuteƒewɔla. Ne èle nu siwo do dzidzɔ na wò gblɔm nɛ la, dzi gadzɔa wò ɖe edzi. Eye ne èle nu siwo do vevesese na wò gblɔm nɛ la, ale si wòɖoa to sea wò nyawo la ɖea wò vevesesea dzi kpɔtɔna. Ne ewɔ abe ame bubu aɖeke mele nu gɔme sem na wò o hã la, eya ya sea nu gɔme na wò. Nenema kee ne ète ɖe Mawu ŋu la, eva zua Xɔ̃wò vevi si dea asixɔxɔ ŋuwò vavã, ame si tsɔa ɖe le eme na wò vevie, eye wòsea nu gɔme na wò bliboe. (Psalmo 103:14; 1 Petro 5:7) Àɖe ale si nèsena le ɖokuiwò me ŋutɔŋutɔ agblɔ nɛ, elabena ènya be ewɔa nuteƒe na ame siwo wɔa nuteƒe nɛ. (Psalmo 18:25) Gake esi Mawu ŋutɔ ʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi be míanye ye xɔlɔ̃wo ta koe míate ŋu adze xɔ̃e ɖo.

Yehowa Ʋu Mɔa Ði

5. Nu kae Yehowa wɔ be míate ŋu ate ɖe eŋu?

5 Ne mí amegbetɔ nu vɔ̃ mewo gbɔe wòatso be míate ɖe Mawu ŋu la, anye ne manya wɔ akpɔ gbeɖe o. (Psalmo 5:4) Gake “Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na mí fia le esia me be, esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta”; nya mawoe Apostolo Paulo ŋlɔ. (Romatɔwo 5:8) Ɛ̃, Yehowae wɔ ɖoɖo be Yesu ‘natsɔ eƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.’ (Mateo 20:28) Ne míexɔ tafevɔsa sia dzi se la, esia ana wòanya wɔ be míate ɖe Mawu ŋu. Esi wònye Mawue “tre mí lɔlɔ̃” ta la, eyae wɔ afɔɖeɖea gbã be xɔlɔ̃wɔwɔ nava nɔ mía kplii dome.—1 Yohanes 4:19.

6, 7. (a) Aleke míewɔ nya be Yehowa menye Mawu si le ɣaɣla, si womate ŋu adze sii o? (b) Mɔ kawo nue Yehowa ɖe eɖokui fia le?

6 Yehowa gaɖe afɔ bubu aɖe: Ena míedze si ame si wònye. Hafi ame aɖe nanye mía xɔlɔ̃ kplikplikpli la, ele be míanyae nyuie. Ele be míanya eƒe nɔnɔmewo kple ale si wòwɔa nui ahade asixɔxɔ nu siawo ŋu. Eya ta ne ɖe Yehowa meɖe ame si wònye fia mí o la, míate ŋu ate ɖe eŋu gbeɖe o. Gake meɣla eɖokui kura o, ke boŋ edi be míanya ye. (Yesaya 45:19) Gakpe ɖe eŋu la, eɖe mɔ be ame sia ame nasrɔ̃ nu tso ye ŋu, ame siwo xexea buna be womedze asrɔ̃ nu tso eŋu o gɔ̃ hã.—Mateo 11:25.

Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe nuwɔwɔwo kple eƒe Nya si woŋlɔ dzi

7 Aleke Yehowa ɖe eɖokui fia míi? Eƒe nuwɔwɔwo ɖe eƒe amenyenye ƒe akpa aɖewo fia—eƒe ŋusẽ ƒe gãnyenye, eƒe nunya ƒe goglome, eƒe lɔlɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔme. (Romatɔwo 1:20) Gake menye nu siwo Yehowa wɔ dzi koe wòɖe eɖokui fia toe o. Esi wònye Nyatakakanala Gãtɔ ta la, eɖe eɖokui fia woŋlɔ ɖe eƒe Nya, Biblia, me.

Yehowa To Eƒe Nyaa Dzi Ðe Ame Si Wònye Fia Mí

8. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Biblia ŋutɔ nye kpeɖodzi be Yehowa lɔ̃ mí?

8 Biblia ŋutɔ nye kpeɖodzi be Yehowa lɔ̃ mí. Ezã nya siwo gɔme míate ŋu ase tsɔ ɖe eɖokui fia le eƒe Nya la me—si nye kpeɖodzi be menye ɖe wòlɔ̃ mí ko o, ke edi be míanya ye ahalɔ̃ ye hã. Nu siwo míexlẽna le agbalẽ xɔasi sia me la wɔnɛ be míetena ɖe eŋu. (Psalmo 1:1-3) Mina míadzro mɔ lédziname siwo dzi Yehowa to ɖe eɖokui fia le eƒe Nya la me akpɔ.

9. Nya siwo wogblɔ le Biblia me tẽe siwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fia dometɔ aɖewo ɖe?

9 Wogblɔ nya geɖe le Ŋɔŋlɔawo me tẽe siwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fia. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa. “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Psalmo 37:28) Mawu ƒe “ŋusẽ tri akɔ.” (Hiob 37:23) “‘Nuteƒewɔlae menye,’ Yehowa ye gblɔe.” (Yeremiya 3:12) “Dzi nyanu le esi.” (Hiob 9:4) Enye “Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” (2 Mose 34:6) “Oo Yehowa, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.” (Psalmo 86:5) Eye abe ale si míegblɔe le ta si do ŋgɔ me ene la, nɔnɔme ɖeka aɖe ƒo wo katã ta: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Esi nèle ŋugble dem le nɔnɔme nyoameŋu siawo ŋu la, ɖe tete ɖe Mawu sia si ɖeke mesɔ kplii o ŋu medzro wò oa?

10, 11. (a) Nu kae Yehowa na woŋlɔ ɖe eƒe Nya la me be wòakpe ɖe mía ŋu míadze si eƒe amenyenye nyuie wu? (b) Biblia me kpɔɖeŋu kae kpe ɖe mía ŋu míekpɔ Mawu ƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ le susu me?

10 Tsɔ kpe ɖe eƒe nɔnɔmewo gbɔgblɔ na mí ŋu la, lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòɖe nɔnɔme siawo ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔwo fia le nuwɔna me eye wòna woŋlɔ wo ɖe eƒe Nya la me. Nuŋlɔɖi siawo nana míekpɔa nuwo le susu me nyuie eye míedzea si eƒe amenyenye ƒe akpa vovovoawo kɔtɛ wu. Esia hã gawɔnɛ be míetena ɖe eŋu. Kpɔ kpɔɖeŋu aɖe ɖa.

Biblia kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe Yehowa ŋu

11 Ŋɔŋlɔawo na míenya be Mawu ƒe “alɔkame sesẽ.” (Yesaya 40:26) Gake ale si wòɖe Israel-viwo to Ƒudzĩa me eye emegbe wònyi dukɔa le gbedadaƒo ƒe 40 sɔŋ la na míegakpɔ esia dze sii kɔtɛ. Àte ŋu akpɔ ale si tsi dzeagboawo me mae ɖa le susu me. Àgate ŋu akpɔe le susu me ale si dukɔa—siwo katã anɔ ame 3,000,000—zɔ to ƒubali ƒuƒuia me, eye tsia dzɔ abe gli gã nyadriwo ene ɖe woƒe ɖusi kple mia me. (2 Mose 14:21; 15:8) Àte ŋu akpɔ nu si ɖo kpe edzi be Mawu lé be na wo eye wòkpɔ wo ta le gbea dzi. Tsi do tso agakpe me. Nuɖuɖu, si nɔ abe nuku ɣiwo ene, kɔ ɖe anyigba. (2 Mose 16:31; 4 Mose 20:11) Yehowa ɖee fia le afi sia be menye ɖe ŋusẽ le ye si ko o, ke yezãnɛ hã wòɖea vi na yeƒe amewo. Enye “míaƒe sitsoƒe kple míaƒe ŋusẽ, eyae nye xɔnametɔ si li ɖaa le xaxaɣiwo.” (Psalmo 46:1) Ðe mede dzi ƒo ŋutɔ be míenya be míaƒe gbedodoɖawo yia Mawu ŋusẽtɔ sia gbɔ oa?

12. Aleke Yehowa to nya siwo gɔme míate ŋu ase dzi kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ eyama le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu?

12 Yehowa, si nye Gbɔgbɔ, gawɔ nu bubuwo hã be woakpe ɖe mía ŋu míadze si ye. Esi míenye amegbetɔwo ta la, nu siwo ŋku te ŋu kpɔna koe míekpɔna, eya ta míete ŋu kpɔa nu siwo le gbɔgbɔ me nutowo me o. Ne ɖe Mawu aɖɔ eɖokui na mí le gbɔgbɔmenyawo me la, anye ne ɖeko wòanɔ abe ale si nànɔ wò dzedzeme, abe wò ŋku ƒe amadede alo dzesi siwo le ŋuwò ene, ɖɔm na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe ene. Ke Yehowa nyo dɔme to nya siwo gɔme míate ŋu ase dzi kpe ɖe mía ŋu be ‘míakpɔ’ eyama. Ɣeaɖewoɣi la, ezãa kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo ale be wòtsɔa eɖokui sɔna kple nu siwo míenya. Eɖɔ eɖokui gɔ̃ hã be amegbetɔ ƒe ŋutinu aɖewo le ye si. a

13. Aleke woɖɔ Yehowa le Yesaya 40:11, eye aleke esia wɔa dɔ ɖe dziwòe?

13 Se ale si woɖɔ Yehowae le Yesaya 40:11 ɖa: “Akplɔ eƒe lãhawo abe alẽkplɔla ene. Aƒo alẽviawo nu ƒu ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu.” Le afi sia wotsɔ Yehowa sɔ kple alẽkplɔla si kɔa alẽviwo ɖe “abɔwo dome.” Esia fia ale si Mawu kpɔa eƒe amewo ta eye wòkpena ɖe wo ŋui, hekpena ɖe wo dometɔ siwo mesẽ tututu o gɔ̃ hã ŋu. Míate ŋu ase le mía ɖokui me be míele dedie le eƒe abɔ sesẽawo dome, elabena ne míeku ɖe eŋu la, magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o. (Romatɔwo 8:38, 39) Alẽkplɔla Gãtɔ la kɔa alẽviawo ɖe “akɔnu,” si fia awu ʋlaya ƒe akpa si avɔa me keke le ale be alẽkplɔla kɔa alẽvi fẽwo ɖe eme ɣeaɖewoɣi. Esia na kakaɖedzi mí be Yehowa melɔ̃a nu le mía gbɔ o eye be eléa be na mí lɔlɔ̃tɔe. Míadi godoo be míate ɖe eŋu.

“Vi La Lɔ̃ Be Yeaɖee Afia”

14. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa to Yesu dzi na míedze si Ame si wònye la nyuie?

14 Yehowa to Via, Yesu, si gbɔ melɔ̃a nu le o dzi na míedze si Ame si wònye la nyuie. Ame aɖeke mate ŋu aɖe Mawu ƒe tamesusu kple seselelãmewo afia tututu alo aɖɔ Eyama be woadze sii nyuie wu ale si Yesu wɔe o. Nya lae nye be Ŋgɔgbevi ma nɔ anyi kple Fofoa kura hafi wova wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔwo kple xexea. (Kolosetɔwo 1:15) Yesu nya Yehowa nyuie. Esia tae wòte ŋu gblɔ be: “Ame aɖeke menya ame si Vi la nye o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke menya ame si Fofo la nye o, negbe Vi la, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia la ko.” (Luka 10:22) Esime Yesu nye amegbetɔ le anyigba dzi la, eɖe ame si Fofoa nye fia le mɔ vevi eve nu.

15, 16. Mɔ eve kawo nue Yesu ɖe ame si Fofoa nye fia le?

15 Gbã la, Yesu ƒe nufiafiawo kpe ɖe mía ŋu míenya Fofoa. Yesu ɖɔ Yehowa le mɔ siwo ʋãa míaƒe dzi nu. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu nɔ ale si Mawu nye nublanuikpɔla si gaxɔa nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo ŋu nya gblɔm la, etsɔ Yehowa sɔ kple vifofo aɖe si tsɔna kena faa. Esi vifofo ma kpɔ via nudomegblẽla wògbɔnaa ewɔ dɔ ɖe edzi wòƒu du yi ɖakpla asi kɔ nɛ hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe. (Luka 15:11-24) Yesu gaɖee fia be Yehowa nye Mawu si ‘hea’ dzinyuitɔwo vaa eɖokui gbɔ le esi wòlɔ̃ wo dometɔ ɖe sia ɖe ta. (Yohanes 6:44) Ne atsutsrɔe sue ɖeka hɔ̃ hã ge dze anyigba la, enyana. Yesu ɖe nu me be: “Migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.” (Mateo 10:29, 31) Ðeko wòadzro mí godoo be míate ɖe Mawu lɔ̃ame sia ŋu.

16 Evelia, Yesu ƒe kpɔɖeŋu fia mí ale si Yehowa le. Yesu wɔ nu wòɖi Fofoa bliboe ale gbegbe be egblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yohanes 14:9) Eya ta ne míexlẽ nu tso Yesu ŋu le Nyanyuigbalẽawo me—seselelãme siwo wòɖe fia kple ale si wòwɔ nu kple ame bubuwoe—la, ke le gɔmesese aɖe nu la, míele Fofoa ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ kpɔm. Yehowa mate ŋu aɖe eƒe nɔnɔmewo afia mí eme nakɔ wu ema o. Nu ka ta?

17. Gblɔ nu si Yehowa wɔ be wòakpe ɖe mía ŋu míadze si ame si wònye la ƒe kpɔɖeŋu.

17 Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be èdi be yeaɖe nu si dɔmenyo nye me na ame aɖe. Àte ŋu agblɔ nya atsɔ aɖe emee. Gake ne ɖe nàte ŋu afia asi ame aɖe si le dɔmenyonu ŋutɔŋutɔ aɖe wɔm eye nàgblɔ be, “Dɔmenyowɔwɔ ƒe kpɔɖeŋue nye esi” la, gɔmesese geɖe ava nɔ nya “dɔmenyo” ŋu wu eye egɔme anya se bɔbɔe wu. Yehowa wɔ nu ma tɔgbi be yeakpe ɖe mía ŋu míadze si ye. Le nyagbewo tsɔtsɔ ɖɔ eɖokui vɔ megbe la, egana Via ƒe agbenɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu hã mí. Yesu ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fia ŋutɔŋutɔ míekpɔ. Ale si Nyanyuigbalẽawo ɖɔ Yesu la, ɖeko wòle abe ɖe Yehowa le gbɔgblɔm ene be, “Nenemae mele.” Aleke nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ mea ɖɔ Yesu esime wònɔ anyigba dzii?

18. Aleke Yesu ɖe nɔnɔme siwo nye ŋusẽ, dzɔdzɔenyenye, kple nunya fiae?

18 Mawu ƒe nɔnɔme vevi eneawo dze le Yesu ƒe nuwɔnawo me wòɖe dzesi nyuie. Ekpɔ ŋusẽ ɖe dɔléle, dɔwuame, kple ku gɔ̃ hã dzi. To vovo na amegbetɔ ɖokuitɔdila siwo zãa woƒe ŋusẽ madzemadzee la, mezã nukunuwɔŋusẽa tsɔ di eɖokui tɔ alo tsɔ gblẽ nu le amewo ŋu o. (Mateo 4:2-4) Elɔ̃ dzɔdzɔenyenye. Edo dziku wòsɔ esime wòkpɔ asitsala amebalawo wonɔ amewo tafam. (Mateo 21:12, 13) Ewɔ nu ɖe ame dahewo kple ame siwo wote ɖe to ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔe, eye wòkpe ɖe wo ŋu ‘wokpɔ gbɔdzɔe’ na wo ɖokuiwo. (Mateo 11:4, 5, 28-30) Nunya si ɖeke mesɔ kplii o nɔ Yesu, ame si de ŋgɔ “wu Salomo,” ƒe nufiafiawo me. (Mateo 12:42) Gake Yesu metsɔ eƒe nunya ƒo adegbee gbeɖe o. Eƒe nyawo ɖo ame tsɛwo ƒe dzi gbɔ, elabena eƒe nufiafiawo me kɔ, womesesẽ o, eye wosɔ ɖe agbenɔnɔ nu.

19, 20. (a) Aleke Yesu nye lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋuɖola ɖedzesi? (b) Esi míele nu xlẽm tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu ŋuti hele ŋugble dem le eŋu la, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

19 Yesu nye lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋuɖola ɖedzesi aɖe. Le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me katã la, eɖe lɔlɔ̃ ƒe akpa vovovoawo fia, siwo ƒe ɖewoe nye veveseseɖeamenu kple nublanuikpɔkpɔ. Mekpɔa amewo ƒe fukpekpe wògbea nublanuiwɔwɔ nɛ o. Enuenu la, veveseseɖeamenu ma ʋãe be wòkpe ɖe amewo ŋu. (Mateo 14:14) Togbɔ be Yesu da gbe le dɔnɔwo ŋu henyi dɔwuitɔwo hã la, eɖe dɔmetɔtrɔ fia le mɔ si gale vevie wu nu. Ekpe ɖe amewo ŋu wonya nyateƒe si ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ahe yayra mavɔwo vɛ na ameƒomea ŋuti, eye wòkpe ɖe wo ŋu woxɔ nyateƒea helɔ̃e. (Marko 6:34; Luka 4:43) Ƒo wo katã ta la, Yesu ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fia esi wòlɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe amewo ta.—Yohanes 15:13.

20 Ðe wòwɔ nuku be ame ƒomeviwo katã di be yewoate ɖe ŋutsu sia si doa vivi ɖe ame ŋu hesea veve ɖe ame nu nenema gbegbe ŋua? (Marko 10:13-16) Gake esi míele nu xlẽm tso Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu hele ŋugble dem le wo ŋu la, mina míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be Fofoa ƒe nɔnɔmewo kpɔm míele kɔtɛ le Vi la me.—Hebritɔwo 1:3.

Ale Si Agbalẽ Sia Akpe Ðe Mía Ŋu

21, 22. Nu kae Yehowa didi lɔ ɖe eme, eye nu kawoe le nusrɔ̃gbalẽ sia me siwo akpe ɖe mía ŋu le edidi me?

21 Le ale si Yehowa ɖe eɖokui fia kɔtɛ le eƒe Nya la me ta la, ɖikeke aɖeke mele eŋu o be ɖe wòdi be míate ɖe ye ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, menye ɖe wòle mía dzi zim be míana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple ye dome o. Ekpo ɖe mía gbɔ be míadi Yehowa “zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu.” (Yesaya 55:6) Yehowa didi bia be míanya eƒe nɔnɔmewo kple ale si wòwɔa nui abe ale si wòdze le Biblia me ene. Wotrɔ asi le agbalẽ sia si xlẽm nèle fifia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò le edidi me.

22 Àde dzesii be woma agbalẽ sia ɖe akpa vovovo me wòsɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme vevi eneawo nu: ŋusẽ, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple lɔlɔ̃. Wodze akpa ɖe sia ɖe gɔme kple eƒe nɔnɔmea ŋu nya kpuie. Ta ʋɛ siwo kplɔe ɖo ƒo nu tso ale si Yehowa ɖea nɔnɔmea fianae le mɔ vovovowo nu ŋu. Akpa ɖe sia ɖe ƒe ta ɖeka fia ale si Yesu ɖo nɔnɔmea ƒe kpɔɖeŋu ɖi, eye ta bubu hã ƒo nu tso ale si míate ŋu aɖee afia le mía ŋutɔwo míaƒe agbenɔnɔ me ŋu.

23, 24. (a) Ƒo nu tso akpa tɔxɛ si nye “Biabiawo Hena Ŋugbledede” ŋu. (b) Aleke ŋugbledede kpena ɖe mía ŋu be míetena ɖe Mawu ŋu geɖe wu?

23 Tso ta sia dzi la, akpa tɔxɛ aɖe li si wona tanya be “Biabiawo Hena Ŋugbledede.” Le kpɔɖeŋu me, kpɔ  aɖaka si le axa 24 ɖa. Menye ɖe woɖoe be woazã mawunyakpukpuiawo kple biabiawo atsɔ ato ta ma me o. Ke boŋ taɖodzinu si le wo ŋue nye be woakpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble le nyatia ƒe akpa vevi bubuwo ŋu. Aleke nàwɔ akpa sia ŋu dɔ wòaɖe vii? Ʋu mawunyakpukpui siwo woyɔ eye nàxlẽ wo nyuie. Emegbe nàde ŋugble le biabia si kpe ɖe mawunyakpukpuia ŋu la ŋuti. De ŋugble le ŋuɖoɖoawo ŋu. Àte ŋu awɔ numekuku. Bia nya bubuwo ɖokuiwò: ‘Nu kae nya sia le gbɔgblɔm nam tso Yehowa ŋu? Aleke wòku ɖe nye agbenɔnɔ ŋui? Aleke mazãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui?’

24 Ŋugbledede alea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míate ɖe Yehowa ŋu wu tsã. Nu ka ta? Biblia tsɔ ŋugbledede do ƒome kple dzi. (Psalmo 19:14) Ne míede ŋugble ŋudzedzekpɔkpɔtɔe le nu siwo míesrɔ̃ tso Mawu ŋu ŋuti la, nya la gena ɖe míaƒe kpɔɖeŋudzia me, eye wòwɔa dɔ ɖe míaƒe tamebubu dzi, eʋãa míaƒe seselelãme, eye wòʋãa mí mlɔeba be míawɔ nu si sɔ. Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu dea to ɖe edzi, eye lɔlɔ̃ ma ʋãa mí hã míedina be míawɔ nu si dzea eya si nye mía Xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake la ŋu. (1 Yohanes 5:3) Hafi ƒomedodo sia nava nɔ mía kple Yehowa dome la, ele be míanya eƒe nɔnɔmewo kple ale si wòwɔa nui. Gake gbã la, mina míadzro Mawu ƒe amenyenye ƒe akpa aɖe si nye susu sẽŋu si ta wòle be míate ɖe eŋu me—eƒe kɔkɔenyenye.

a Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso Mawu ƒe mo, ŋkuwo, towo, ŋɔti, nu, alɔ, kple afɔwo ŋu. (Psalmo 18:15; 27:8; 44:3; Yesaya 60:13; Mateo 4:4; 1 Petro 3:12) Mele be míabu kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ mawo be nenemae wole ŋutɔŋutɔ o, abe ale si ko mímebua Yehowa be enye “agakpe” alo “akpoxɔnu” le nyaa ŋutɔ nu o ene.—5 Mose 32:4; Psalmo 84:11.