Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 3

‘Kɔkɔe, Kɔkɔe, Kɔkɔe Nye Yehowa’

‘Kɔkɔe, Kɔkɔe, Kɔkɔe Nye Yehowa’

1, 2. Ŋutega kae nyagblɔɖila Yesaya kpɔ, eye nu kae wòfia mí le Yehowa ŋu?

 NU SI Yesaya kpɔ la wɔ nuku nɛ eye mawuvɔvɔ̃ yɔ eyama me wu gbɔgblɔ—enye ŋutega si tso Mawu gbɔ. Edze nu ŋutɔŋutɔe ale gbegbe! Emegbe Yesaya ŋlɔ be ‘yekpɔ Yehowa’ wòbɔbɔ nɔ Eƒe fiazikpui gã la dzi. Awu ʋlaya si Yehowa do la yɔ Yerusalem gbedoxɔ gã la taŋ.—Yesaya 6:1, 2.

2 Nu si Yesaya se hã na vɔvɔ̃ ɖoe eye eƒe nu ku—enye hadzidzi si nu sẽ ale gbegbe be eʋuʋu gbedoxɔa va ɖo eƒe gɔmeɖoanyiwo ke. Serafiwo, siwo nye gbɔgbɔ me nuwɔwɔ siwo le ɖoƒe si kɔkɔ ŋutɔ, ye nɔ haa dzim. Woƒe hadzidzi sẽŋu, si wokɔ gbe dzi ɖekae dzii nyuie la, me nyawo nye nya bɔbɔe siwo ɖe gãnyenye fia, be: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa. Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la katã dzi.” (Yesaya 6:3, 4) Ale si woyɔ nya “kɔkɔe” zi gbɔ zi etɔ̃ le hadzidzia me na wònye gbeteteɖedzi tɔxɛ, eye esɔ nenema, elabena Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ƒo ɖe sia ɖe ta. (Nyaɖeɖefia 4:8) Wote gbe ɖe Yehowa ƒe kɔkɔenyenye dzi le Biblia bliboa me. Mawunyakpukpui alafa geɖe yɔ nya siwo nye “kɔkɔe” kpakple “kɔkɔenyenye” ɖe eƒe ŋkɔ ŋu.

3. Aleke susu totro siwo le ame geɖe si ɖe Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ŋu wɔe be wotrɔ ɖa le Mawu ŋu tsɔ wu be woate ɖe eŋu?

3 Eya ta edze ƒãa be nu vevi siwo Yehowa di be míanya le ye ŋu dometɔ ɖekae nye be yele kɔkɔe. Gake egbea nya sia naa ame geɖe hena ɖe megbe kura. Ame aɖewo bunɛ vodadatɔe be kɔkɔenyenye fia ame ɖokui bubu ame dzɔdzɔe alo alakpamawusosroɖanuwo wɔwɔ. Ame siwo bua wo ɖokui be yewomele ɖeke me o la ate ŋu abu Mawu ƒe kɔkɔenyenye be enye nu si ŋu ŋɔdzi le tsɔ wu be wòanye nu si nyoa ame ŋu. Ðewohĩ woavɔ̃ be yewomadze ate ɖe Mawu kɔkɔetɔ sia ŋu akpɔ gbeɖe o. Le susu sia ta ame geɖe trɔ ɖa le Mawu ŋu le eƒe kɔkɔenyenye ta. Esia wɔ nublanui ŋutɔ, elabena le nyateƒe me la, Mawu ƒe kɔkɔenyenye nye susu sẽŋu aɖe si ta wòle be míate ɖe eŋu boŋ. Nu ka ta? Hafi míaɖo biabia sia ŋu la, mina míadzro nu si kɔkɔenyenye vavãtɔ nye me gbã.

Nu Kae Nye Kɔkɔenyenye?

4, 5. (a) Nu kae “kɔkɔenyenye” fia, eye nu kae mefia o? (b) Mɔ vevi eve kawo nue Yehowa “ɖe ɖe vovo” le?

4 Ne wobe Mawu le kɔkɔe la, mefia be enye ɖokuiŋudzela, ɖokuidoɖedzila, alo ame si doa vlo amewo o. Ðe wòlé fu nɔnɔme siawo boŋ. (Lododowo 16:5; Yakobo 4:6) Ekema nya si nye “kɔkɔe” gɔme ŋutɔŋutɔ ɖe? Le Hebrigbe si wotsɔ ŋlɔ Bibliae me la, nya la tso nya aɖe si gɔmee nye “ɖe ɖe vovo” me. Le mawusubɔsubɔ me la, “kɔkɔe” fia nu si woɖe ɖe vovo tso ŋudɔwɔnu tsɛ bubuwo gbɔ, alo enye nu si wobuna nu kɔkɔe. Susu vevi bubu aɖe si dze le kɔkɔenyenye mee nye dzadzɛnyenye. Aleke nya sia ku ɖe Yehowa ŋui? Ðe wòfia be ‘eɖe ɖe vovo’ tso amegbetɔ madeblibowo gbɔ, hete ɖa boo tso mía gbɔa?

5 Menye nenemae kura o. Yehowa, si nye “Israel ƒe Kɔkɔetɔ la” ka ɖe edzi na eƒe amewo be yele wo dome, togbɔ be wonye nu vɔ̃ mewo hã. (Yesaya 12:6; Hosea 11:9) Eya ta eƒe kɔkɔenyenye mewɔe be wòɖe ɖe aga o. Ke mɔ ka nue ‘wòɖe ɖe vovo’ le? Le mɔ vevi eve nu. Gbã la, eɖe vovo tso nuwɔwɔwo katã gbɔ le susu sia nu be eya ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ. Eƒe dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye de blibo ale gbegbe eye seɖoƒe meli nɛ o. (Psalmo 40:5; 83:18) Susu eveliae nye be Yehowa te ɖa xaa tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe gbɔ, eye nya fakɔname aɖee nya sia nye. Nu ka ta?

6. Nu ka tae ale si Yehowa te ɖa xaa tso nu vɔ̃ gbɔ ate ŋu afa akɔ na mí?

6 Míele xexe si me kɔkɔenyenye vavãtɔ mebɔ ɖo o me. Amegbetɔƒome si te ɖa tso Mawu gbɔ la ƒe nu sia nu ƒo ɖi le mɔ aɖe nu; nu vɔ̃ kple blibomademade ɖe ɖe eŋu. Ele na mí katã be míawɔ avu kple nu vɔ̃ si le mía me. Eye ate ŋu adzɔ ɖe mí katã dzi be nu vɔ̃ naɖu mía dzi ne míeɖɔ ŋu ɖo o. (Romatɔwo 7:15-25; 1 Korintotɔwo 10:12) Nu sia tɔgbi aɖeke mate ŋu adzɔ ɖe Yehowa dzi o. Esi wòte ɖa xaa tso nu vɔ̃ gbɔ ta la, nu vɔ̃ suetɔ kekeake gɔ̃ hã maɖe ɖe eŋu akpɔ gbeɖegbeɖe o. Nya sia gado ŋusẽ ale si míebua Yehowae be enye Fofo nyuitɔ kekeake, elabena efia be woate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu bliboe. To vovo na ale si vifofo siwo nye amegbetɔ nu vɔ̃ mewo le la, Yehowa ya mazu ame gblẽku, ɖokuidzimaɖula, alo ŋutasẽla gbeɖegbeɖe o. Eƒe kɔkɔenyenye wɔe be nu ma tɔgbi aɖeke mate ŋu adzɔ le egome kura o. Yehowa tàa eya ŋutɔ ƒe kɔkɔenyenye ɣeaɖewoɣi kura gɔ̃ hã, elabena naneke megali si ana kakaɖedzi blibo wu ema o. (Amos 4:2) Ðe nya ma mede dzi ƒo ŋutɔ oa?

7. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be kɔkɔenyenye nye Yehowa ƒe amenyenye ƒe akpa aɖe?

7 Kɔkɔenyenye dze le Yehowa ƒe amenyenye ƒe akpa sia akpa. Nu kae esia fia? Le kpɔɖeŋu me: Bu nya siwo nye “amegbetɔ” kple “blibomademade” ŋu kpɔ. Màte ŋu aƒo nu tso amegbetɔ ŋu eye nàgbe ŋkuɖoɖo blibomademade dzi o. Blibomademade le mí katã mía ŋu eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe nu sia nu si míewɔna dzi. Azɔ bu nya eve siwo to vovo kura na emawo la ŋu kpɔ—“Yehowa” kple “kɔkɔenyenye.” Kɔkɔenyenye dzena le Yehowa ƒe nu sia nu me. Eƒe nu sia nu le kɔkɔe, le dzadzɛ, hele dzɔdzɔe. Manya wɔ be míanya ale si tututu Yehowa le evɔ mímase eƒe “kɔkɔenyenye” gɔme o.

‘Kɔkɔenyenye Nye Yehowa Tɔ’

8, 9. Nu kae fia be Yehowa kpena ɖe amegbetɔ madeblibowo ŋu be woanɔ kɔkɔe le mɔ sue aɖe nu?

8 Esi kɔkɔenyenye nye Yehowa ƒe amenyenye ta la, asɔ be míagblɔ be eya gbɔe kɔkɔenyenye ɖe sia ɖe dzɔ tso. Meɣlaa nɔnɔme xɔasi sia ɖokuitɔdiditɔe o; enanɛ ame bubuwo hã, eye enaa wo faa. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu to mawudɔla aɖe dzi ƒo nu na Mose le ŋuve si nɔ bibim gbɔ la, anyigba si le afi ma gɔ̃ hã zu kɔkɔe le Yehowa ƒe nuwɔwɔ le teƒea ta!—2 Mose 3:5.

9 Ðe amegbetɔ madeblibowo ate ŋu anɔ kɔkɔe to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea? Ɛ̃, le mɔ sue aɖe nu. Mawu na mɔnukpɔkpɔ Israel-viwo be woava zu “dukɔ kɔkɔe.” (2 Mose 19:6) Eyra dukɔa ale be tadedeagu ƒe ɖoɖo si le kɔkɔe, hele dzadzɛ, nɔ wo si. Eya ta kɔkɔenyenye dze enuenu le Mose ƒe Sea me. Le nyateƒe me la, sika gagbadzɛ aɖe nɔa nunɔlagã la ƒe ŋgoblanu ŋu, eye ame sia ame te ŋu kpɔnɛ wònɔa keklẽm. Nya siwo woɖe ɖe edzie nye: ‘Kɔkɔenyenye nye Yehowa tɔ.’ (2 Mose 28:36) Eya ta ebia be kɔkɔenyenye kple dzadzɛnyenye ƒe dzidzenu kɔkɔwo nawɔe be woƒe tadedeagu nato vovo, eye le nyateƒe me la, woƒe agbenɔnɔ hã nato vovo. Yehowa gblɔ na wo be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa mia Mawu la, mele kɔkɔe.” (3 Mose 19:2) Zi ale si Israel-viwo nɔ agbe ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo nu ale si amegbetɔ madeblibo ate ŋui ko la, wonɔa kɔkɔe le mɔ sue aɖe nu.

10. Vovototo kae nɔ blema Israel kple dukɔ siwo ƒo xlã wo dome le kɔkɔenyenye gome?

10 Gbetete ɖe kɔkɔenyenye dzi alea na nuwo to vovo kura tso ale si wònɔ le dukɔ siwo ƒo xlã Israel ƒe subɔsubɔ gbɔ. Trɔ̃subɔdukɔ mawo dea ta agu na mawu siwo ƒe anyinɔnɔ ŋutɔ gɔ̃ hã nye alakpanya kple ameflunya, eye woɖea mawu siawo fiana be wonye ŋutasẽlawo, ŋuklẽlawo, kple agbe bliba nɔlawo. Woƒaƒã le go sia go me. Mawu siawo subɔsubɔ wɔe be wo subɔlawo menɔ kɔkɔe o. Eya tae Yehowa xlɔ̃ nu esubɔlawo be woate wo ɖokui ɖa tso trɔ̃subɔlawo kple woƒe subɔsubɔkɔnu nyɔŋuawo gbɔ ɖo.—3 Mose 18:24-28; 1 Fiawo 11:1, 2.

11. Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo la ƒe kɔkɔenyenye dzena le (a) mawudɔlawo ŋu? (b) serafiwo ŋu? (d) Yesu ŋu?

11 Le ɣeyiɣi siwo me Yehowa ƒe dukɔ tiatia si nye blema Israel nɔ nɔnɔme nyuitɔ me gɔ̃ hã la, Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo la ƒe kɔkɔenyenye ƒe akpa sue aɖe koe wote ŋu ɖe fia. Woyɔa gbɔgbɔmenuwɔwɔ miliɔn geɖe siwo subɔa Mawu nuteƒewɔwɔtɔe la be eƒe “dɔla kɔkɔe akpeakpewo.” (5 Mose 33:2; Yuda 14) Mawu ƒe kɔkɔenyenye dzadzɛ dzeania dzena le wo ŋu bliboe. Azɔ ɖo ŋku serafi siwo Yesaya kpɔ le eƒe ŋutegaa me dzi. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu siawo ƒe hadzidzia me nyawo fia be wowɔa akpa vevi aɖe ale be woanya Yehowa ƒe kɔkɔenyenye le xexea me godoo. Gake gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe ƒo ame siawo katã ta—eyae nye Mawu ƒe Tenuvi la. Yesue nye ame si ɖe Yehowa ƒe kɔkɔenyenye fia wu. Esɔ ŋutɔ be woyɔe be “Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.”—Yohanes 6:68, 69.

Ŋkɔ Kɔkɔe, Gbɔgbɔ Kɔkɔe

12, 13. (a) Nu ka tae wòsɔ be wogblɔ be Mawu ƒe ŋkɔ le kɔkɔe? (b) Nu ka tae wòle be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋu tso vlodoamewo katã me?

12 Ke Mawu ƒe ŋkɔ hã ɖe? Abe ale si míekpɔe le Ta 1 me ene la, menye dzesideŋkɔ dzro aɖe koe ŋkɔa nye o. Etsi tre ɖi na Yehowa Mawu, eye eƒe nɔnɔmewo katã dze le eme. Eya tae Biblia gblɔ na mí be eƒe “ŋkɔ le kɔkɔe.” (Yesaya 57:15) Ele Mose ƒe Sea me be ame si ado gu Mawu ƒe ŋkɔa dze na ku. (3 Mose 24:16) Azɔ se nu si Yesu yɔ gbã le gbedodoɖa me ɖa, ebe: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Be woakɔ nane ŋu fia be woaɖee ɖe vovo be enye nu kɔkɔe eye woade bubu eŋu, woalé eƒe kɔkɔenyenye me ɖe asi. Gake nu ka ta wòahiã be woagakɔ Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ si le dzadzɛ le eɖokui si la ŋuti?

13 Wodo vlo Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la, eye woto alakpadada kple eŋugbegblẽ dzi ƒo ɖii. Satana da alakpa ɖe Yehowa si le Eden-bɔa me hegblɔ nya siwo fia be Enye Dziɖula madzɔmadzɔ. (1 Mose 3:1-5) Tso ɣemaɣi ke la, Satana—xexe makɔmakɔ sia dziɖula—kpɔ egbɔ be wogblɔ alakpanya gbogbo aɖewo ɖe Mawu ŋu. (Yohanes 8:44; 12:31; Nyaɖeɖefia 12:9) Subɔsubɔhawo na Mawu ɖi akpasesẽnuwɔla, ɖekematsɔlemetɔ, alo tagbɔsesẽtɔ. Woƒu asi akɔ be eyae le megbe na yewo le yewoƒe ʋukɔkɔɖiʋa siwo yewowɔ me. Zi geɖe la, wotsɔa Mawu ƒe nu wɔnuku siwo wòwɔ ƒe kafukafu naa nudzɔleɖokuisi alo nɔnɔmetɔtrɔ, si me nunya mele o. Ɛ̃, wogblẽ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu vɔ̃ɖitɔe. Ele be woakɔ eŋu; ele be woagbugbɔ ŋutikɔkɔe si wòdze na la anae. Míele mɔ kpɔm vevie na ŋkeke si Yehowa aɖe ɖiƒoƒo ɖe sia ɖe ɖa le eƒe ŋkɔ ŋu. Awɔ esia to Fiaɖuƒe si Via nye fia na dzi. Anye dzidzɔ na mí be míawɔ akpa ɖe sia ɖe si míate ŋui le tameɖoɖo nyui ma me.

14. Nu ka ta woyɔa kɔkɔe kpena ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu, eye nu ka ta busunyagbɔgblɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu nye ŋkubiãnya gã aɖe ŋutɔ?

14 Nu bubu aɖe gali si do ƒome kplikplikpli kple Yehowa, si womegbea kɔkɔe yɔyɔ kpe ɖe eŋu o—eyae nye eƒe gbɔgbɔ, alo dɔwɔŋusẽ. (1 Mose 1:2) Yehowa zãa ŋusẽ triakɔ sia si ŋu womate ŋu atsi tre ɖo wòadze edzi o tsɔ wɔa eƒe tameɖoɖowo dzi. Nu sia nu si Mawu wɔna la, ewɔnɛ le mɔ kɔkɔe si le dzadzɛ nu, eya ta esɔ be woyɔa eƒe dɔwɔŋusẽa be gbɔgbɔ kɔkɔe, alo kɔkɔenyenye ƒe gbɔgbɔ. (Luka 11:13; Romatɔwo 1:4) Busunyagbɔgblɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu, si ate ŋu anye ale si woaɖoe koŋ awɔ nu si tsi tre ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu, nye nu vɔ̃ si ŋu tsɔtsɔke mele o.—Marko 3:29.

Nu Si Ta Yehowa Ƒe Kɔkɔenyenye Tea Mí Ðe Eŋu

15. Nu ka tae wòsɔ be mawuvɔvɔ̃, alo bubu deto nayɔ mía me le Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ta, eye nu kae vɔvɔ̃ ma fia?

15 Biblia na míekpɔe be kadodo le Mawu ƒe kɔkɔenyenye kpakple ale si amegbetɔwo avɔ̃ Mawui dome. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 99:3 me nyawo xlẽ be: “Woakafu wò ŋkɔ gã la, elabena vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòle kɔkɔe.” Vɔvɔ̃ sia nye bubu deto si woade Mawu ŋu, sisiɖa blibo si ƒo ɖe sia ɖe ta. Esɔ be míasee le mía ɖokui me nenema elabena Mawu ƒe kɔkɔenyenye kɔ gbɔ mía ŋu sãsãsã. Edza keŋkeŋ eye eŋuti kɔ keŋkeŋ le go sia go me. Ke hã mele be esia nanya mí ɖa le eyama ŋu o. Ðe Mawu ƒe kɔkɔenyenye ŋuti susu nyuitɔ ate mí ɖe eŋu boŋ. Nu ka tae?

16. (a) Nu ka tae míegblɔna be nu si le kɔkɔea dze ani? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Aleke ale si Yehowa dze le ŋutegawo mee te gbe ɖe kɔkɔenyenye, dzadzɛnyenye, kple kekeli dzi?

16 Nu siwo tae dometɔ ɖekae nye be kadodo le kɔkɔenyenye kple nu si dze ani dome le Biblia me. Wogblɔ le dziƒo ŋu le Yesaya 63:15 be enye Mawu ƒe “bubuteƒe kɔkɔ si le kɔkɔe [alo “teƒe dzeani,” etenuŋɔŋlɔ].” Ne nane ŋu kɔ eye wòdze ania, enya kpɔna na mí. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nɔnɔmetata si le axa 33 ɖa. Ðe teƒea menya kpɔ na wò oa? Nu kae na wònya kpɔ nenema gbegbe? Kpɔ ale si tsia le dzadzɛe ɖa. Yame gɔ̃ hã anya nɔ dzadzɛ, elabena dziŋgɔlia le blɔ eye edze abe kekelia le dzo dam ene. Gake ne teƒea ƒo ɖi, gbeɖuɖɔ xɔ tɔsisia me, wota nu ɖe atiawo kple agakpeawo ŋu alo ŋlɔ nu ɖe wo ŋu, eye dzudzɔ bla yame kɔtɔɔ la, anye ne magalé dzi na mí o; míatrɔ kɔ ɖa le eŋu. Ne nane le dzadzɛ eye wòklẽ nyuiea, míegblɔna be ele kɔkɔe eye edze ani. Míate ŋu azã nya siawo na Yehowa ƒe kɔkɔenyenye. Eya ta mewɔ nuku o be ale si Yehowa dze le ŋutegaa mea lé dzi na mí! Ele keklẽm hele dzo dam abe kpe xɔasi ene, enɔ bibim abe dzo ene alo abe ga xɔasi adodoe dadzo aɖe ene—nenemae mía Mawua le kɔkɔe eye wònya kpɔe.—Ezekiel 1:25-28; Nyaɖeɖefia 4:2, 3.

Ale si ko nu si dze ani nyakpɔna na míi la, nenemae wòle be nu si le kɔkɔe hã nalé dzi na míi

17, 18. (a) Dɔ kae ŋutega si Yesaya kpɔ la wɔ ɖe edzi gbã? (b) Aleke Yehowa zã serafi wòfa akɔ na Yesayae, eye vevienyenye kae le serafia ƒe nuwɔna ŋu?

17 Gake ɖe wòle be Mawu ƒe kɔkɔenyenye nana míabui be míele tsɛ ne míetsɔ mía ɖokui sɔ kplia? Ðikeke mele eme o be ŋuɖoɖoae nye ɛ̃. Míele tsɛ ŋutɔ le Yehowa gbɔ—eye mía ɖokui tsɔtsɔ sɔ kplii alea kura yi akpa. Ðe wòle be esia nyanya nate mí ɖa le eŋua? Bu ale si Yesaya wɔ nui esi wòsee serafiwo ɖe gbeƒã Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ŋu kpɔ. “Eye megblɔ be: ‘Aléle! Meku, elabena nuyi makɔmakɔtɔe menye, eye dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o domee mele; elabena nye ŋkuwo kpɔ Fia la, aʋakɔwo ƒe Yehowa ŋutɔ!’” (Yesaya 6:5) Ɛ̃, Yehowa ƒe kɔkɔenyenye si ŋu seɖoƒe mele o wɔe be Yesaya ɖo ŋku eƒe nu vɔ̃ me nyenye kple eƒe blibomademade dzi. Gbã la, ŋutsu nuteƒewɔla ma ƒe dzi gbã. Gake Yehowa megblẽe ɖe nɔnɔme ma me o.

18 Enumake serafi aɖe va fa dzi na nyagblɔɖila la. Le mɔ ka nu? Gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋua dzo yi vɔsamlekpuia gbɔ, eɖe aka le edzi, eye wòtsɔe ka Yesaya ƒe nuyiwo ŋu. Adze abe ɖe nuwɔna sia ana wòase veve boŋ ke menye be wòafa akɔ nɛ o ene. Gake ɖo ŋku edzi be ŋutega si me nukpɔkpɔwo nye kpɔɖeŋuwo sɔŋ ye wònye. Yesaya, si nye Yudatɔ nuteƒewɔla, nya nyuie be wosaa vɔ gbe sia gbe le gbedoxɔ me vɔsamlekpui dzi tsɔ léa avu nu vɔ̃woe. Eye serafi la ɖo ŋku edzi na nyagblɔɖila la lɔlɔ̃tɔe be togbɔ be enye ame madeblibo, “nuyi makɔmakɔtɔ” nyateƒe hã la, ate ŋu ava nye ame kɔkɔe le Mawu ŋkume. a Yehowa lɔ̃ faa be yeabu amegbetɔ si nye nu vɔ̃ me madeblibo ame kɔkɔee—va se ɖe afi aɖe ya teti.—Yesaya 6:6, 7.

19. Togbɔ be míede blibo o hã la, aleke wòanya wɔe be míanɔ kɔkɔe va se ɖe afi aɖe?

19 Nenemae wòle egbea hã. Vɔ siwo katã wosana le vɔsamlekpui dzi le Yerusalem nye nu si lolo wu ƒe vɔvɔli—si nye Yesu Kristo ƒe vɔsa deblibo ɖeka kolia si wòsa le ƒe 33 K.Ŋ. me. (Hebritɔwo 9:11-14) Ne míetrɔ dzi me tso míaƒe nu vɔ̃wo me le nyateƒe me heɖɔ míaƒe nuwɔna gbegblẽwo ɖo, eye míeɖe vɔsa ma dzi xɔxɔ se fia la, woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (1 Yohanes 2:2) Míawo hã míate ŋu anɔ dzadzɛ le Mawu ŋkume. Esia tae apostolo Petro ɖo ŋku edzi na mí be: “Woŋlɔ bena: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.’” (1 Petro 1:16) De dzesii be Yehowa megblɔ be míanɔ kɔkɔe abe ye ene o. Media nu si kɔ wu mí tsoa mía si o. (Psalmo 103:13, 14) Ke boŋ Yehowa le gbɔgblɔm na mí be míanɔ kɔkɔe elabena ye la, yele kɔkɔe. “Abe via lɔlɔ̃awo ene” la, míedi be míasrɔ̃e nyuie ale si mí amegbetɔ madeblibowo míate ŋui. (Efesotɔwo 5:1) Eya ta ebia agbagbadzedze ɣeawokatãɣi hafi míate ŋu anɔ kɔkɔe. Ne míele tsitsim le gbɔgbɔ me la, míadze agbagba gbe sia gbe be “míanɔ kɔkɔe geɖe wu.”—2 Korintotɔwo 7:1.

20. (a) Nu ka ta wòle vevie be míase egɔme be míate ŋu anɔ kɔkɔe le mía Mawu kɔkɔea ŋkume? (b) Dɔ kae wòwɔ ɖe Yesaya dzi esi wòdze sii be wolé avu ɖe yeƒe nu vɔ̃wo ta?

20 Yehowa lɔ̃ nu si dzɔ hele dzadzɛ. Elé fu nu vɔ̃. (Habakuk 1:13) Gake melé fu mí o. Zi ale si míebua nu vɔ̃ abe ale si wòbunɛ ene—alé fu nu vɔ̃, ahalɔ̃ nu nyui—eye míedze agbagba zɔ Kristo Yesu ƒe afɔtoƒe debliboawo la, Yehowa atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (Amos 5:15; 1 Petro 2:21) Ne eme kɔ na mí be míate ŋu anɔ kɔkɔe le mía Mawu kɔkɔea ŋkume ko la, nu siwo dona tsoa eme la sɔa gbɔ ŋutɔ. Ðo ŋku edzi be gbã la, Yehowa ƒe kɔkɔenyenye na Yesaya ɖo ŋku eya ŋutɔ ƒe ame makɔmakɔnyenye dzi. Edo ɣli be: “Aléle! Meku!” Gake esi wònya se egɔme be wolé avu ɖe yeƒe nu vɔ̃wo ta ko la, eƒe susu trɔ. Esi Yehowa bia be ame kae alɔ̃ atsɔ dɔ na ye la, Yesaya lɔ̃ enumake, togbɔ be menya nu siwo wòabia o hã. Edo ɣli be: “Nyee nye esi! Dɔm!”—Yesaya 6:5-8.

21. Susu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be míate ŋu anɔ kɔkɔe?

21 Mawu kɔkɔea ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo, eye wòna agbe nyui nɔnɔ ƒe nɔnɔme kple ŋutete mí be míanye gbɔgbɔmemewo. (1 Mose 1:26) Ŋutetea le mí katã ŋu be míanɔ kɔkɔe. Zi ale si míeyi edzi le agbagba dzem be míanɔ kɔkɔe la, adzɔ dzi na Yehowa be yeakpe ɖe mía ŋu. Le esia wɔwɔ mea, míagate ɖe mía Mawu kɔkɔea ŋu geɖe wu. Gakpe ɖe eŋua, ne míele Yehowa ƒe nɔnɔmewo me dzrom le ta siwo gale ŋgɔ me la, míakpɔe be susu sẽŋu geɖe li siwo ta wòle be míate ɖe eŋu ɖo!

a Nyagbɔgblɔ “nuyi makɔmakɔtɔ” sɔ ŋutɔ, elabena wozãa nuyi zi geɖe le Biblia me wòtsia tre ɖi na nuƒoƒo alo gbegbɔgblɔ. Le amegbetɔ madeblibowo dome la, ale si wozãa woƒe nuƒoƒo ŋutete gbɔe nu vɔ̃ gbogbo aɖewo tsona.—Lododowo 10:19; Yakobo 3:2, 6.