Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 4

‘Ŋusẽ Gã Le Yehowa Si’

‘Ŋusẽ Gã Le Yehowa Si’

1, 2. Nu wɔnuku kawo teƒee Eliya kpɔ va yi, gake nu wɔdɔɖeamedzi kawoe wòkpɔ esime wònɔ agado me le Horeb To dzi?

 ELIYA kpɔ nu wɔnukuwo teƒe kpɔ. Ekpɔ eteƒe akpaviãwo tsɔ nuɖuɖu vɛ nɛ zi eve gbe sia gbe esime wòsi vae be. Ekpɔ eteƒe be wɔze kple amigoe aɖe meɖi gbɔlo o le dɔŋɔli didi aɖe. Ekpɔe kpɔ gɔ̃ hã be dzo ge tso dziƒo le eƒe gbedodoɖa ŋuɖoɖo me. (1 Fiawo, ta 17, 18) Ke hã Eliya mekpɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge fifia ya tɔgbi aɖeke teƒe kpɔ o.

2 Esi wòbɔbɔ ɖe agado aɖe nu le Horeb To dzi la, ekpɔ nu wɔdɔɖeamedzi vovovowo. Gbã la, ya ƒo. Anye be eɖi hoo ŋutɔ, elabena enu sẽ ale gbegbe be towo me fe eye agakpewo gbã gudugudu. Eyome anyigba ʋuʋu sesĩe, ale be wòɖe ŋusẽ triakɔ siwo le anyigba tume la ɖe go. Emegbe dzo bi. Esi dzoa bi to nutoa me va yina la, anye be Eliya se eƒe dzoxɔxɔ sẽŋu la.—1 Fiawo 19:8-12.

3. Mawu ƒe nɔnɔme ka ƒe kpeɖodzi teƒee Eliya kpɔ, eye afi kae míate ŋu akpɔ nɔnɔme sia ke ƒe kpeɖodziwo le?

3 Nu ɖeka aɖe dze le nu vovovo siwo Eliya kpɔ la katã ŋu—wonye Yehowa Mawu ƒe ŋusẽ gã la ƒe ɖeɖefiawo. Gake mehiã be míakpɔ nukunu aɖe teƒe hafi adze sii be ŋusẽ le Mawu si o. Edzena ƒãa míekpɔna bɔbɔe. Biblia gblɔ na mí be nuwɔwɔwo ɖoa kpe Yehowa ƒe “ŋusẽ mavɔmavɔ kple Mawunyenye” dzi. (Romatɔwo 1:20) Wò ya bu ale si dzi kea dzo miamiamia eye wòɖea gbe sesĩe ne ahom le tutum, ale si tsitsetse gãwo kɔna ɖe anyi bababa le atsyɔ̃ɖoɖo me, kple ale si gbegbe dziŋgɔli gbahoo la yɔ fũu kple ɣletiviwo nukutɔe la ŋu kpɔ! Ðe mèkpɔa Mawu ƒe ŋusẽ le nu siawo me oa? Ke hã ame ʋɛ aɖewo koe lɔ̃ ɖe edzi ŋutɔŋutɔ egbea be ŋusẽ le Mawu si. Eye ame siwo susunɛ be ezãnɛ le mɔ nyuitɔ nu ya gale ʋɛ wu kura. Gake Mawu ƒe nɔnɔme sia gɔmesese ana míakpɔ susu geɖe siwo ta wòle be míate ɖe Yehowa ŋu ɖo. Le agbalẽa ƒe akpa sia la, míasrɔ̃ nu tsitotsito tso Yehowa ƒe ŋusẽ si ɖeke mesɔ kplii o ŋu.

“Kpɔ ɖa, Yehowa tso eme va yina”

Yehowa Ƒe Nɔnɔme Vevi Aɖee Wònye

4, 5. (a) Aleke woɖɔ Yehowa ƒe ŋkɔe? (b) Nu ka tae wòsɔ be Yehowa tia nyitsu tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na eƒe ŋusẽ?

4 Yehowa ƒe ŋusẽ tɔgbi aɖeke meli o. Yeremiya 10:6 gblɔ be: “Oo Yehowa, ame aɖeke mede nuwò o. Èlolo, wò ŋkɔ tri akɔ eye ŋusẽ le eŋu.” De dzesii be woɖɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be etri akɔ eye ŋusẽ le eŋu. Ðo ŋku edzi be ŋkɔ sia gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Nu kae na Yehowa tea ŋu wɔa nu sia nu si wòdi be yeawɔ ale be wòva zua nu sia nu si dze eŋu? Ðekae nye ŋusẽ. Ɛ̃, ŋusẽ si seɖoƒe meli na o le Yehowa si be wòawɔ nu sia nu si wòdi ale be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Ŋusẽ sia nye eƒe nɔnɔme veviawo dometɔ ɖeka.

5 Esi wònye be míate ŋu ase ŋusẽ si gbegbe le Yehowa si gɔme o ta la, ewɔa kpɔɖeŋuwo be woakpe ɖe mía ŋu. Abe ale si míekpɔe va yi enea, etsɔ nyitsu wɔ kpɔɖeŋu na eƒe ŋusẽ. (Ezekiel 1:4-10) Kpɔɖeŋua sɔ ŋutɔ, elabena nyitsu nye lã klitsu sẽŋu aɖe. Ne ame siwo nɔ Palestina le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me do go lã si sesẽ wu nyitsu kpɔ hã la, ke mebɔ o. Gake wonya nyitsu ƒomevi aɖe si ɖi vɔvɔ̃ wu ya—eyae nye gbenyitsu alo tò ƒomevi aɖe, si woyɔna le Eŋlisigbe me be aurochs, si tɔgbi megali o ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. (Hiob 39:9-12) Roma dziɖula Julius Caesar gblɔ kpɔ be nyitsu siawo ƒe lolome de sɔsɔ ge kple atiglinyiwo. Eŋlɔ be: “Woƒe ŋusẽ tri akɔ, eye woƒua du eteƒe mekɔ o.” Wò ya kpɔ ale si nànɔ sue ahanɔ belii ne ètsi tre ɖe lã sia xa ɖa!

6. Nu ka tae wònye Yehowa koe woyɔna be “Ŋusẽkatãtɔ”?

6 Nenema kee amegbetɔ le sue eye eƒe ŋusẽ meɖi naneke kura o ne wotsɔe sɔ kple Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa. Ðeko dukɔ sesẽwo gɔ̃ hã le nɛ abe ʋuʋudedi ko le nudanu ŋu ene. (Yesaya 40:15) Nuwɔwɔ aɖeke mele abe Yehowa ene o, seɖoƒe mele Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu o, elabena eya ɖeka koe woyɔna be “Ŋusẽkatãtɔ.” a (Nyaɖeɖefia 15:3) “Ŋusẽ geɖe” le Yehowa si eye “eƒe alɔkame sesẽ.” (Yesaya 40:26) Eyama gbɔe ŋusẽ gbogbo aɖe si mevɔna gbeɖegbeɖe o tsona. Mexɔa ŋusẽ tsoa ame alo nu bubu aɖeke gbɔ o, elabena “Mawu tɔe nye ŋusẽ.” (Psalmo 62:11) Gake nu ka dzie Yehowa zãa eƒe ŋusẽ tona?

Ale Si Yehowa Zãa Eƒe Ŋusẽe

7. Nu kae nye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye gɔmesese kae le Hebri kple Hela gbe me nya si gɔme woɖe nenema la me?

7 Gbɔgbɔ kɔkɔe tsoa Yehowa gbɔ fũu, eye mevɔna o. Enye Mawu ƒe ŋusẽ si wòzãna le dɔwɔwɔ me. Le nyateƒe me la, woyɔe le 1 Mose 1:2 ƒe etenuŋɔŋlɔa me be Mawu ƒe “dɔwɔŋusẽ.” Le teƒe bubuwo la, woate ŋu aɖe Hebri kple Hela gbe me nya siwo wozã na “gbɔgbɔ” gɔme be “yaƒoƒo,” “ŋɔtimegbɔgbɔ,” alo “ya ʋuduʋudu.” Nyagɔmeɖegbalẽŋlɔlawo gblɔ be gɔmesese si dze le Hebri kple Hela gbe me nya siwo gɔme woɖe be “gbɔgbɔ” la mee nye ŋusẽ makpɔmakpɔ aɖe ƒe dɔwɔwɔ. Míate ŋu akpɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la kple ŋku o, abe ale si míate ŋu akpɔ yaƒoƒo o ene, gake eƒe nuwɔwɔwo nye nu ŋutɔŋutɔwo eye ŋku kpɔa wo.

8. Aleke woyɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le Biblia mee, eye nu ka tae nu siwo wotsɔe sɔ kplii la sɔ?

8 Naneke meli si ŋu Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mete ŋu trɔna ɖo o. Yehowa ate ŋu azãe atsɔ awɔ nu sia nu si wòɖo ɖe tame. Eya ta esɔ ŋutɔ be le Biblia mea, woyɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be eƒe “asibidɛ,” eƒe “asi sesẽ,” alo eƒe ‘alɔ si wòdo ɖa.’ (Luka 11:20; 5 Mose 5:15; Psalmo 8:3) Abe ale si amegbetɔ ate ŋu azã eƒe asi atsɔ awɔ dɔ siwo bia ŋusẽ alo esiwo bia beléle tɔxɛ ene la, nenema kee Mawu ate ŋu azã eƒe gbɔgbɔa atsɔ awɔ eƒe tameɖoɖo ɖe sia ɖe dzii—eɖanye be wòawɔ atɔm siwo le sue ale gbegbe loo, alo wòama Ƒudzĩa me loo, alo be wòana ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nado gbe bubuwo o.

9. Aleke gbegbe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ keke tae?

9 Yehowa gazãa eƒe ŋusẽa abe Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã ene. Kpɔe ɖa le susu me be nuwɔwɔ nyanu siwo ŋu ŋutete le miliɔn teƒe miliɔn nanewo le tewò, eye wole klalo be yewoawɔ wò gbe dzi. Dziɖuŋusẽ mae le Yehowa si. Amegbetɔ miliɔn geɖe le esubɔm; eye wotsɔna wo sɔna kple aʋakɔ zi geɖe le Ŋɔŋlɔawo me. (Psalmo 68:11; 110:3) Gake amegbetɔ nye nuwɔwɔ beli, ne wotsɔe sɔ kple mawudɔla. Le kpɔɖeŋu me, esi Asiria-ʋakɔa va dze Mawu ƒe amewo dzi la, mawudɔla ɖeka hɔ̃ koe wu asrafo 185,000 le zã ɖeka me! (2 Fiawo 19:35) Mawudɔlawo nye ‘kalẽtɔ sesẽwo.’—Psalmo 103:19, 20.

10. (a) Nu ka tae woyɔa Ŋusẽkatãtɔ la be aʋakɔwo ƒe Yehowa ɖo? (b) Ame kae nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ si si ŋusẽ le wu?

10 Mawudɔla nenie li? Nyagblɔɖila Daniel kpɔ dziƒo ƒe ŋutega aɖe si me wòkpɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo wu miliɔn 100 le be wole Yehowa ƒe fiazikpuia ŋgɔ, gake naneke meli si fia be mawudɔla siwo wowɔ katãe nye ema wòkpɔ o. (Daniel 7:10) Eya ta ate ŋu anye be mawudɔla alafa miliɔn geɖe ye li. Esia tae woyɔa Mawu be aʋakɔwo ƒe Yehowa ɖo. Dzesideŋkɔ sia fia ŋusẽ gã ƒe ɖoƒe si wòle; enye mawudɔla sesẽwo ƒe ha gã si le ɖoɖo nu la ƒe Aʋafia. Etsɔ ame ɖeka, si nye eƒe Tenuvi, ame si nye “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ” la, ɖo gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo katã nu. (Kolosetɔwo 1:15) Esi Yesu nye mawudɔla gãtɔ—si nye mawudɔlawo, serafiwo, kple kerubiwo katã ƒe tatɔ—ta la, eyae nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ si si ŋusẽ le wu.

11, 12. (a) Mɔ kawo nue Mawu ƒe nya la sẽa ŋu le? (b) Ðase kae Yesu ɖi le nu siwo gbegbe Yehowa ƒe ŋusẽ te ŋu wɔna ŋu?

11 Yehowa gazãa eƒe ŋusẽ le mɔ bubu nu. Hebritɔwo 4:12 gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” Ènya ŋusẽ si gbegbe le Mawu ƒe nya, alo gbedeasi si tso gbɔgbɔ me, si ta wokpɔ wòle Biblia me fifia la ŋua? Ate ŋu ado ŋusẽ mí, atu míaƒe xɔse ɖo, eye wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ blibowo le mía ɖokui ŋu. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo le ame siwo nɔa agbe ƒaƒãwo ŋu. Egblɔ kpee be: “Gake nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã.” (1 Korintotɔwo 6:9-11) Ɛ̃, “Mawu ƒe nya la” kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi eye wòkpe ɖe wo ŋu wowɔ tɔtrɔ.

12 Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔ ŋutɔ eye ale si wòzãnɛ la wɔa dɔ ale gbegbe be naneke mate ŋu axe mɔ nɛ o. Yesu gblɔ be: “Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.” (Mateo 19:26) Tameɖoɖo kawo ŋue Yehowa zãa eƒe ŋusẽ ɖo?

Ŋusẽ Zazã Si Wotsɔa Tameɖoɖo Fiaa Mɔe

13, 14. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa menye ŋusẽtsoƒe dzro aɖe ko si si amenyenye mele o? (b) Mɔ kawo nue Yehowa zãa eƒe ŋusẽ le?

13 Yehowa ƒe gbɔgbɔa sẽ ŋu sãsãsã wu ŋutilãmeŋusẽ ɖe sia ɖe; eye Yehowa menye ŋusẽ dzro aɖe ko si si amenyenye mele o, menye ŋusẽtsoƒe aɖe ko wònye o. Enye Mawu si si amenyenye le eye ezãa eƒe ŋusẽ ɖe ɖoɖo blibo nu. Gake nu kae ʋãnɛ hafi wòzãnɛ?

14 Abe ale si míava kpɔe enea, Mawu zãa eƒe ŋusẽ tsɔ wɔa nui, etsɔnɛ tsrɔ̃a nui, etsɔnɛ kpɔa ame tae, eye wògatsɔnɛ ɖɔa nu ɖoe hã—kpuie ko la, etsɔnɛ wɔa nu sia nu si sɔ ɖe eƒe tameɖoɖo debliboawo nu. (Yesaya 46:10) Le go aɖewo mea, Yehowa zãa eƒe ŋusẽ tsɔ ɖea eƒe amenyenye kple eƒe dzidzenuwo ƒe akpa veviwo fiana. Ƒo wo katã ta la, ezãa eƒe ŋusẽ be yeƒe lɔlɔ̃nu nava eme—be wòakɔ yeƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu to Mesia Fiaɖuƒea dzi atsɔ aɖee afia be ale si yeɖua dzie nye nyuitɔ. Naneke mate ŋu ado kplamatsɛ tameɖoɖo sia me vava gbeɖe o.

15. Tameɖoɖo si ku ɖe Yehowa subɔlawo ŋu ka ŋue wòzãa eƒe ŋusẽ ɖo, eye aleke wòɖee fia le Eliya gomee?

15 Yehowa gazãa eƒe ŋusẽ wòɖea vi na mí ame ɖekaɖekawo. Se nya si 2 Kronika 16:9 gblɔ ɖa, be: “Yehowa ƒe ŋkuwo kpɔa afi sia afi le anyigba blibo la dzi, ne wòazã eƒe ŋusẽ atsɔ axɔ na ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” Nu si teƒe Eliya kpɔ, si míegblɔ le ta sia ƒe gɔmedzedze, nye eƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Nu ka tae Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ triakɔ ma gbegbe fia? Nya lae nye be Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel ka atam be yeana woawu Eliya. Nyagblɔɖila la nɔ sisim ɖe eƒe agbe ta. Esee le eɖokui me be yetsi asi, enɔ vɔvɔ̃m, eye dzi ɖe le eƒo—abe ɖe dɔ sesẽ siwo katã wòwɔ la zu dzodzro ene. Be Yehowa nafa akɔ na ŋutsu sia si tɔtɔ la, ehe Eliya ƒe susu yi ŋusẽ si gbegbe le esi la dzi. Yaƒoƒoa, anyigbaʋuʋua, kple dzobibia ɖee fia be Ame si tri akɔ wu ame sia ame le xexea me katã la li kple Eliya. Esi Mawu ŋusẽkatãtɔ la le eƒe akpa dzi la, Izebel ƒe nu kae atso dzika ƒo nɛ?—1 Fiawo 19:1-12. b

16. Nu ka tae míate ŋu akpɔ akɔfafa ne míede ŋugble le Yehowa ƒe ŋusẽ gã la ŋu?

16 Togbɔ be fifia meganye Yehowa ƒe nukunuwo wɔɣi o hã la, ale si Yehowa le metrɔ tso Eliya ŋɔli o. (1 Korintotɔwo 13:8) Egadi vevie egbea hã abe tsã ene be yeazã yeƒe ŋusẽ ɖe ame siwo lɔ̃na ye la ta. Nyateƒee wònye be ele teƒe kɔkɔ aɖe ŋutɔ le gbɔgbɔ me nutome, gake mele adzɔge ʋĩi tso mía gbɔ o. Seɖoƒe meli na eƒe ŋusẽ o, eya ta enɔƒe ƒe didime menye kuxi kura o. Ke boŋ “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.” (Psalmo 145:18) Gbe ɖeka esi nyagblɔɖila Daniel nɔ biabiam be Yehowa nakpe ɖe ye ŋua, mawudɔla aɖe va do hafi wòwu gbedodoɖaa nu gɔ̃ hã! (Daniel 9:20-23) Naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa be wòado kpo kpekpeɖeŋu nana ame siwo lɔ̃nɛ kple ŋusẽ dodo wo o.—Psalmo 118:6.

Ðe Womate Ŋu Ate Ðe Mawu Ŋu O Le Eƒe Ŋusẽ Ta?

17. Gɔmesese ka nue Yehowa ƒe ŋusẽ na vɔvɔ̃ ɖoa mí le, gake vɔvɔ̃ ka ƒomevie meɖoa mí le eta o?

17 Ðe wòle be míavɔ̃ na Mawu le eƒe ŋusẽ ta? Ele be míaɖo eŋu be ɛ̃ kple ao. Míagblɔ be ɛ̃, elabena eƒe ŋusẽ sia nye susu vevi si ta wòle be mawuvɔvɔ̃ nanɔ mía me, esi nye vɔvɔ̃ kple bubu deto si me míedzro kpuie le ta si do ŋgɔ me. Biblia gblɔ na mí be vɔvɔ̃ sia nye “nunya ƒe gɔmetoto.” (Psalmo 111:10) Gake míagaɖo eŋu be ao hã, elabena mele be Mawu ƒe ŋusẽ nawɔe be ŋɔdzi nalé mí alo míagbe tete ɖe eŋu o.

18. (a) Nu ka tae ame geɖe mekana ɖe ŋusẽtɔwo dzi o? (b) Aleke míewɔ nya be ŋusẽ si le Yehowa si mate ŋu agblẽe gbeɖe o?

18 Englandtɔ ŋutinyaŋlɔla Lord Acton ŋlɔ le ƒe 1887 me be: “Ŋusẽ te ŋu nana wowɔa nu gbegblẽ; ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi nana wowɔa nu gbegblẽ megbemakpɔmakpɔe.” Amewo lɔ̃a eƒe nya siawo gbɔgblɔ, ɖewohĩ le esi wo dometɔ geɖe kpɔe be enye nyateƒe matrɔmatrɔ ta. Amegbetɔ madeblibowo zãa ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu, abe ale si wòdze zi gbɔ zi geɖe le ŋutinya mee ene. (Nyagblɔla 4:1; 8:9) Ewɔe be ame geɖe mekana ɖe ŋusẽtɔwo dzi o eye wometena ɖe wo ŋu o. Evɔ Yehowa ya, ŋusẽ gãtɔ kekeake ye le esi. Ðe esia naa wòwɔa nu gbegblẽ le mɔ aɖe nua? Kura o! Abe ale si míekpɔe ene la, ele kɔkɔe, eye naneke kura mate ŋu agblẽ eƒe nɔnɔme o. Yehowa mele abe ŋutsu kple nyɔnu madeblibo siwo si ŋusẽ le le xexe gblẽku sia me la ene o. Mezã eƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu kpɔ o, eye mazãe nenema hã akpɔ gbeɖe o.

19, 20. (a) Nɔnɔme bubu kawoe Yehowa zãa eƒe ŋusẽ aduadu kplii, eye nu ka tae nya sia na dzi gaɖo mía ƒo ɖe edzi? (b) Aleke nàte ŋu awɔ Yehowa ƒe ɖokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋui, eye nu ka tae wòlé dzi na wò?

19 Ðo ŋku edzi be menye ŋusẽ koe nye nɔnɔme si le Yehowa si o. Nu siwo míava srɔ̃ tso eƒe dzɔdzɔenyenye, nunya, kple lɔlɔ̃ ŋu la le ŋgɔ. Gake mele be míabui be ɖe Yehowa le kpaɖii le nɔnɔmeawo ɖeɖe fia me, abe ke nɔnɔmeawo dometɔ ɖeka koe wòɖena fiana le ɣeyiɣi ɖeka me ene o. Ke boŋ míava kpɔe le ta siwo gbɔna me be Yehowa zãa eƒe ŋusẽ le ɖekawɔwɔ me kple eƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe nunya, kple eƒe lɔlɔ̃ ɣesiaɣi. Bu nɔnɔme bubu si Mawu ɖena fiana ŋu kpɔ, si mebɔ kura le xexemedziɖulawo dome o—eyae nye ɖokuidziɖuɖu.

20 Tsɔe be nèdo go ŋutsu dzɔtsu aɖe si sesẽ ale gbegbe be vɔvɔ̃ koe ɖo wò. Gake nèva kpɔe emegbe be ewɔ abe ame fatue wònye ene. Ɣesiaɣi la, ele klalo hedina vevie be yeazã yeƒe ŋusẽa atsɔ akpe ɖe amewo ŋu ahakpɔ wo ta, vevietɔ ame siwo mate ŋu aʋli wo ɖokuiwo ta o kple ame beliwo. Mezãa eƒe ŋusẽa le mɔ gbegblẽ nu gbeɖe o. Èkpɔe be wogblẽ eŋu dzodzro, ke hã ekpɔtɔ léa nu dzɔdzɔe wɔwɔ me ɖe asi goŋgoŋ eye wòfa tu, ewɔa nu bubutɔe, eye kura gɔ̃ hã ènyoa dɔme. Fifia nèbia ɖokuiwò be ɖe ye hã yeate ŋu afa tu ahaɖu ye ɖokui dzi nenema hã, vevietɔ ne ɖe ŋusẽ le ye hã ye si nenema gbegbe! Ne èva le si dzem ŋutsua la, ɖe màse le ɖokuiwò me be yeate ɖe eŋu oa? Susu deŋgɔwo wu emawoe le mía si siwo ta wòle be míate ɖe Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, ŋu. Bu nyagbe blibo si dzi wotu ta sia ƒe tanya ɖo ŋu kpɔ: “Yehowa medoa dziku kabakaba o, eye ŋusẽ gã le esi.” (Nahum 1:3) Yehowa metsia klokloklo zãa eƒe ŋusẽ ɖe amewo ŋu o, mezãnɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã ŋu nenema o. Efa tu eye wònye dɔmenyotɔ. Eɖee fia be ‘yemedoa dziku kabakaba o’ togbɔ be wowɔa nu tsɔ doa dziku nɛ hã.—Psalmo 78:37-41.

21. Nu ka tae Yehowa medina be yeazi amewo dzi woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu o, eye nu kae nya sia fia mí le eŋu?

21 Gabu Yehowa ƒe ɖokuidziɖuɖu ŋu le mɔ bubu nu kpɔ. Ne ɖe ŋusẽ gbogbo si seɖoƒe meli na o le asiwò la, èbu be ɣeaɖewoɣi la, adzro wò be nàzi amewo dzi woawɔ nu ale si nèdia? Togbɔ be ŋusẽ sia gbegbe le Yehowa si hã la, mezia amewo dzi be woasubɔ ye o. Togbɔ be Mawu subɔsubɔ dzi koe míato akpɔ agbe mavɔ hã la, Yehowa mezia mía dzi be míasubɔ ye o. Ke boŋ edea bubu mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔmenyotɔe eye wòna ablɔɖe mí be míawɔ tiatia. Exlɔ̃a nu mí le nyametsotso gbegblẽwo me tsonuwo ŋu eye wògblɔa nyametsotso nyuiwo ƒe viɖewo na mí. Gake egblẽ tiatiawɔwɔa ŋutɔ ɖe mía si me. (5 Mose 30:19, 20) Kpuie ko la, Yehowa medi subɔsubɔ si woawɔ dzizizitɔe alo le eƒe ŋusẽ triakɔ la ƒe ŋɔdziléame ta o. Ame siwo alɔ̃ faa asubɔe ye wòdina.—2 Korintotɔwo 9:7.

22, 23. (a) Nu kae fia be edzɔa dzi na Yehowa be yeana ŋusẽ ame bubuwo? (b) Nu ka mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me?

22 Mina míakpɔ susu mamlɛtɔ si ta mele be ŋɔdzi nalé mí le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu o ɖa. Amegbetɔ siwo nye ŋusẽtɔwo vɔ̃na be yewoana ŋusẽ ame bubuwo. Ke edzɔa dzi na Yehowa ya be yeana ŋusẽ ye subɔla wɔnuteƒewo. Etsɔ ŋusẽ geɖe na ame bubuwo, abe Via ene. (Mateo 28:18) Yehowa ganaa ŋusẽ esubɔlawo le mɔ bubu nu. Biblia ɖe eme be: “Oo Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye, ŋusẽ, atsyɔ̃, nyonyo kple bubu; elabena nu sia nu si le dziƒowo kple anyigba dzi la, tɔwòe. . . . Asiwò me ŋusẽ kple ŋutete le, eye gbɔwò wòtsona be ame nazu gã, eye wòe naa ŋusẽ amewo katã.”—1 Kronika 29:11, 12.

23 Ɛ̃, adzɔ dzi na Yehowa be wòado ŋusẽ wò. Enaa “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” gɔ̃ hã ame siwo dina be yewoasubɔe. (2 Korintotɔwo 4:7) Ðe medzro wò be nàte ɖe Mawu ŋusẽtɔ sia si zãa eƒe ŋusẽ ɖe dzidzenu dzɔdzɔewo nu dɔmenyotɔe la ŋu oa? Míalé ŋku ɖe alesi Yehowa zãa eƒe ŋusẽ le nuwo wɔwɔ me ŋu le ta si kplɔe ɖo me.

a Le nyaa ŋutɔŋutɔ nua, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “Ŋusẽkatãtɔ” fia “Ame Sia Ame Dzi Ðula; Ame Si Si Ŋusẽwo Katã Le.”

b Biblia gblɔ be “Yehowa mele ya la . . . , anyigbaʋuʋu la [kple] dzo la me o.” Ame siwo subɔa mawu siwo wogblɔna le xotutuwo me be wonye dzɔdzɔmeŋusẽwo ƒe mawuwo la nɔa wo dim le dzɔdzɔmenuwo me, gake Yehowa subɔlawo ya medinɛ le nu mawo me o. Elolo akpa be wòanɔ nu si eya ŋutɔ wɔ me.—1 Fiawo 8:27.