Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 5

Nuwɔŋusẽ—“Ame Si Wɔ Dziƒo Kple Anyigba”

Nuwɔŋusẽ—“Ame Si Wɔ Dziƒo Kple Anyigba”

1, 2. Aleke ɣea nye ɖaseɖiɖi le Yehowa ƒe nuwɔŋusẽ ŋui?

 ÈƑU DZO le zã si me vuvɔ nɔ wɔwɔm le kpɔa? Ðewohĩ èdo asi ɖa wòle afi si sɔ tso dzoa gbɔ be dzo naɖo lãme na wò. Ne ète ɖe dzoa ŋu akpa la, dzoa amè wò. Ne ègate yi megbe akpa hã la, zãya fafɛ la anɔ ƒoƒom ɖe wò, eye vuvɔ awɔ wò.

2 “Dzo” aɖe li si naa dzoxɔxɔ míaƒe ŋutilã le ŋkeke me. “Dzo” ma le bibim anye kilometa miliɔn 150 tso mía gbɔ! a Ale si ɣea le didiƒe ŋutɔ tso gbɔwò gake nète ŋu sea eƒe dzoxɔxɔ la fia be menye ŋusẽ feŋui ye le esi o! Ke hã anyigbaa le xlã ƒom dzokpo gã ma le dometsotso si sɔ pɛpɛpɛ tso egbɔ me. Ne anyigba te ɖe eŋu akpa la, dzoxɔxɔa ana edzi tsiwo nano avɔ; ne egale adzɔge akpa hã la, fafa ana tsiawo katã nabla azu tsikpe. Nu gbagbe aɖeke mate ŋu anɔ anyigba dzi ne ɖe wòle adzɔge loo alo te ɖe ɣea ŋu akpa o. Ɣe ƒe keklẽ hiã vevie be agbea nanya nɔ le anyigba dzi; azɔ hã, kekeli si tsoa ɣea gbɔa me kɔna, ewɔa dɔ nyuie eye míesea vivi nɛ.—Nyagblɔla 11:7.

3. Nyateƒenya vevi ka ŋue ɣea ɖia ɖase le?

3 Ke hã ame akpa gãtɔ medea asixɔxɔ boo aɖeke ɣea ŋu o, togbɔ be eya dzie woƒe agbe nɔ te ɖo hã. Ewɔe be woƒe asi mesu nufiame si míate ŋu akpɔ tso ɣea gbɔ dzi o. Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be: “Wòe wɔ kekeli kple ɣe.” (Psalmo 74:16) Ɛ̃, ɣea hea bubu vɛ na Yehowa, “Ame si wɔ dziƒo kple anyigba.” (Psalmo 19:1; 146:6) Esia nye dziƒonu gbogbo siwo míate ŋu axlẽ o, siwo fiaa nu mí le Yehowa ƒe nuwɔŋusẽ triakɔ ŋu la dometɔ ɖeka ko. Mina míalé ŋku ɖe dziƒonu siawo dometɔ aɖewo ŋu nyuie eye emegbe míatrɔ susu ɖe anyigba kple nu gbagbe siwo le edzi ŋu.

Yehowa “wɔ kekeli kple ɣe”

“Mifɔ Mo Dzi Ne Miakpɔ Dziƒo”

4, 5. Ŋusẽ ka gbegbee le ɣea si eye aleke gbegbe wòloloe, ke hã aleke wòle ne wotsɔe sɔ kple ɣletivi bubuwo?

4 Abe ale si ɖewohĩ ènya ene la, ɣletivie míaƒe ɣea nye. Edze abe ɖe wòlolo wu ɣletivi bubu siwo míekpɔna le zã me ene, elabena ne míetsɔe sɔ kple wo la, ete ɖe mía ŋu wu wo. Ŋusẽ ka gbegbee le esi? Ɣea tome ƒe dzoxɔxɔ aɖo dzidzenu Celsius 15,000,000. Ne ɖe nàte ŋu aka ɣea tome ƒe kakɛ sue aɖe si ƒe lolome le abe abui ƒe ta ko ene atsɔ ada ɖe anyigba dzi afi sia la, màte ŋu anɔ te ɖe eƒe dzoxɔxɔ nu ne èyi adzɔge kilometa 140 tso dzo kakɛ sue ma gɔ̃ hã gbɔ o! Sɛkɛnd ɖe sia ɖe la, ŋusẽ si gbegbe dona le ɣea me ade nukliabɔmb alafa miliɔn geɖe ƒe wowó.

5 Ɣea lolo ale gbegbe be míaƒe anyigbaa ƒe lolome teƒe 1,300,000 ayi ɖe eme. Ðe ɣea nye ɣletivi si lolo ale gbegbe be ɖeke mede enu oa? Ao, ɣletiviŋununyalawo gblɔ be ɣea le sue ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple ɣletivi bubu aɖewo. Apostolo Paulo ŋlɔ be “ɣletivi ɖe sia ɖe ƒe ŋutikɔkɔe to vovo na nɔvia tɔ.” (1 Korintotɔwo 15:41) Anɔ eme be Paulo menya nya mawo siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ la ƒe nyateƒenyenye bliboe o. Ɣletivi aɖe li si lolo ale gbegbe be ne woadae ɖe afi si tututu ɣea le la, míaƒe anyigba abu ɖe eme. Ɣletivi gã bubu aɖe li si ne woadae ɖe ɣea ƒe teƒe la, aɖo keke afi si ɣletinyigba si nye Saturn le, togbɔ be ɣletinyigba ma didi tso anyigba gbɔ ale gbegbe be ƒe ene ye wòxɔ hafi yamenutomeyimɔ̃ aɖe ɖo egbɔ hã, evɔ mɔ̃ ma ƒua du abe tu sesẽtɔ kekeake ƒe kpe ƒe ablaɖeɖe ƒe teƒe 40 kple edzivɔ ene!

6. Aleke Biblia ɖee fia be ɣletiviwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ ŋutɔ le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu?

6 Nu si gadzi ŋɔ kura wu ɣletiviwo ƒe lolomee nye woƒe agbɔsɔsɔ. Le nyateƒe me la, Biblia fia nu be ɣletiviwo mele xexlẽ me o, abe ale si ko wòasesẽ be woaxlẽ “ƒutake” ene. (Yeremiya 33:22) Nyagbɔgblɔ sia fia be ɣletivi gbogbo aɖewo li wu esiwo ŋku te ŋu kpɔna. Evɔ ne ɖe Biblia ŋlɔla, abe Yeremiya ene, fɔ kɔ dzi kpɔ yame le zã me eye wòdi be yeaxlẽ ɣletivi siwo le dzedzem la, anye ne akpe etɔ̃ aɖewo koe wòate ŋu axlẽ, elabena agbɔsɔsɔ ma koe ŋku ate ŋu akpɔ le zã si me yame kɔ nyuie. Agbɔsɔsɔ ma le abe kekui asiʋlo ɖeka ene. Gake le nyateƒe me la, ɣletiviwo ƒe xexlẽme wu gbɔgblɔ, abe ƒutake ene. b Ame kae ate ŋu axlẽ agbɔsɔsɔme ma gbegbe?

“Eyɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋkɔ”

7. (a) Xexlẽme kae li na ɣletivi siwo le míaƒe ɣletivihatsotsoa me, eye ɣletivihatsotso nenie nàgblɔ be eli?

7 Yesaya 40:26 ɖo eŋu be: “Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame kae wɔ nu siawo? Eyae nye ame si kplɔa woƒe aʋakɔ la doa goe le woƒe xexlẽme nu; eyɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋkɔ.” Psalmo 147:4 gblɔ be: “Enya xexlẽme na ɣletiviwo.” ‘Ɣletiviwo ƒe xexlẽmee’ nye neni? Biabia sia ŋu ɖoɖo mele bɔbɔe o. Ɣletiviŋununyalawo bu akɔnta be anye ɣletivi biliɔn 100 kple edzivɔe le míaƒe Milky Way ɣletivihatsotsoa ɖeɖe dzaa me. c Wo dometɔ aɖewo be esɔ gbɔ wu nenema. Gake míaƒe ɣletivihatsotsoa nye geɖe siwo li la dometɔ ɖeka ko, eye ɣletivi siwo le wo dometɔ aɖewo me la sɔ gbɔ sasasã wu. Ɣletivihatsotso nenie li? Ɣletiviŋununyalawo bu akɔnta be woate ŋu ade miliɔn alafa geɖe. Va se ɖe fifia, edze abe amegbetɔ mate ŋu anya xexlẽme na ɣletivihatsotsoawo gɔ̃ hã o, ʋuu keke woahayi ɣletivi miliɔn alafa gbogbo siwo le wo dometɔ ɖe sia ɖe me la ƒe xexlẽme bliboa nya ge o. Gake Yehowa ya nya xexlẽme ma. Gawu la, etsɔ ŋkɔ na ɣletivi ɖe sia ɖe!

8. (a) Aleke nàte ŋu agblɔ be Milky Way ɣletivihatsotsoa ƒe lolome le? (b) Ðoɖo ka nue Yehowa na dziƒonuwo zɔna ɖo?

8 Ðeko wòle be míaƒe mawuvɔvɔ̃ nadzi ɖe edzi godoo ne míede ŋugble le ɣletivihatsotsowo ƒe lolome ŋu. Wobu akɔnta be Milky Way ɣletivihatsotsoa keke ale gbegbe be axɔ ƒe 100,000 le kekeli ƒe duƒuƒu nu hafi woazɔ mɔ tso eƒe liƒo ɖeka ayi kemɛa. Bu eŋu kpɔ be kekeli ƒua du kilometa 300,000 le sɛkɛnd ɖeka ko me. Keklẽ ma axɔ ƒe 100,000 hafi aɖo míaƒe ɣletivihatsotsoa ƒe akpa kemɛ! Eye ɣletivihatsotso aɖewo lolo wu mía tɔ zi gbɔ zi geɖe. Biblia gblɔ be Yehowa keke “dziƒowo” me abe avɔ ene. (Psalmo 104:2) Eyae wɔ ɖoɖo na nuwɔwɔ siawo ƒe zɔzɔ hã. Tso dziƒonuwo ƒe suetɔ kekeake dzi va ɖo ɣletivihatsotso gãtɔ kekeake dzi la, nu sia nu zɔna ɖe se siwo Mawu ɖo eye wòna wole dɔ wɔm la dzi. (Hiob 38:31-33) Eya ta dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsɔ ɖoɖo si nu dziƒonu siawo zɔna ɖo pɛpɛpɛ la sɔ kple ale si ɣeɖulawo ɖua ɣe ɖekae kple atsyã! Azɔ, bu Ame si wɔ nu siawo ŋu kpɔ. Ðe Mawu si si nuwɔŋusẽ triakɔ sia gbegbe le la ƒe ŋɔdzi melé wò oa?

“Ame Si Tsɔ Eƒe Ŋusẽ Wɔ Anyigba”

9, 10. Aleke Yehowa ƒe ŋusẽ dze le afi si wòda míaƒe ɣea kple eŋu ɣletinyigbawo, Jupiter, anyigba, kple dzinu ɖo me?

9 Yehowa ƒe nuwɔŋusẽ dze le míaƒe aƒe, si nye anyigba ŋu. Eda anyigba ɖe teƒe nyui aɖe le yamenuto gã sia me. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo xɔe se be masɔ na míaƒe ɣletinyigba sia si dzi nu gbagbewo le la be wòanɔ ɣletivihatsotso bubuawo dometɔ geɖe me o. Edze ƒãa be womeɖoe be nu gbagbewo nanɔ míaƒe Milky Way ɣletivihatsotsoa ƒe teƒe akpa gãtɔ o. Ɣletiviwo sɔ gbɔ tititi ɖe ɣletivihatsotsoa ƒe titina. Ɣletiviawo ɖea ŋusẽ geɖe ɖe go, eye wodea ŋgo kpe ge kple wo nɔewo zi geɖe. Dzɔdzɔmenu vevi siwo hiã be nuwo nate ŋu anɔ agbe mele ɣletivihatsotsoa ƒe liƒowo dzi o. Woda míaƒe anyigba kple ɣe kpakple ɣletinyigba siwo ƒo xlãe la ɖe teƒe si sɔ pɛpɛpɛ.

10 Anyigba kpɔa viɖe tsoa takpɔnu aɖe si le adzɔge ʋĩi gake wòhelolo ŋutɔ la gbɔ—eyae nye ɣletinyigba si woyɔna be Jupiter. Jupiter ƒe lolome nye Anyigba ƒe teƒe akpe ɖeka kple edzivɔ, eye eƒe nuheŋusẽ nu sẽ ŋutɔ. Vi kae wòɖena? Ehea nu bubu siwo sina toa dziŋgɔlimea ɖe eɖokui ŋu alo trɔa mɔ na wo. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ne ɖe Jupiter meli o la, anye ne yamenutome nu gã siwo gena va dzea anyigba dzi la adzi ɖe edzi zi gbɔ zi 10,000 wu ale si wòle fifia. Ne míete va aƒe vie la, wogayra míaƒe anyigba la kple nu tɔxɛ bubu aɖe si ƒoa xlãe—eyae nye dzinu. Menye ɖe dzinua dze ani eye wònye “zãkaɖi” ko o, ke ehea anyigba be wòviãna ɖe dzidze ɖoɖi aɖe nu ɣesiaɣi. Ale si anyigba viã aleae wɔe be ɣeyiɣi li koŋ na nuƒãɣi kple nuŋeɣi—esia hã nye nu vevi bubu si de agbenɔnɔ dzi le anyigba dzi afi sia.

11. Aleke wowɔ yamenutome si ƒo xla anyigba be wòakpɔ eta?

11 Yehowa ƒe nuwɔŋusẽ dze le anyigba ƒe wɔwɔme ƒe akpa sia akpa. De ŋugble le yamenuto si ƒo xlã anyigba, si wɔa dɔ abe akpoxɔnu ene, ŋu kpɔ. Keklẽ nyuiwo kple esiwo menyo na mí o siaa tsoa ɣea gbɔ. Ne keklẽ gblẽnuawo ɖo yamenuto si ƒo xlã anyigba me la, wotrɔna ɔksidzin wòzua ya ƒomevi si woyɔna be ozone. Ozone sia wɔa dɔ abe akpoxɔnu ene eye wòléa keklẽ siawo ƒe akpa gãtɔ. Eya ta ɖeko wòle abe ɖe wowɔ xexi na míaƒe anyigba la wòkpɔa eta ene!

12. Aleke ɖoɖo si nu tsi trɔna ɖo le yame la ɖe Yehowa ƒe nuwɔŋusẽ fiae?

12 Míaƒe yame, si me ya vovovowo tsaka le wòsɔ be wòana nu gbagbe siwo le anyigba dzi nate ŋu anɔ agbe la ƒe nɔnɔme ɖeka koe nye ema. Yame ƒe nukunuawo dometɔ ɖeka hãe nye ɖoɖo si nu tsi trɔna ɖo zua alilikpo eye wògadzana. Ƒe sia ƒe la, ɣea ƒe dzoxɔxɔ lɔa anyigba ƒe atsiaƒu me tsi siwo axɔ teƒe si ƒe didime, kekeme, kple kɔkɔme de kilometa 400,000 togodo la yia yame abe afu ene. Esia wɔnɛ be tsiawo me kɔna eye wozua alilikpowo. Emegbe yaƒoƒo kakaa alilikpoawo ɖe yame eye wogazua tsi, sno, kple tsikpe dzana ɖe anyigba, ale be tsi ganɔa tsiteƒewo ake. Ðeko wòle tututu abe ale si Nyagblɔla 1:7 gblɔe ene be: “Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu meyɔna gbeɖe o. Afi si tɔwo sina tsona la, afi mae wogatrɔna yina, ale be woagasi atso afi ma.” Yehowa ɖeɖe koe ate ŋu awɔ tsi ƒe tɔtrɔ ƒe ɖoɖo sia be wòawɔ dɔ.

13. Wɔla la ƒe ŋusẽ ŋuti kpeɖodzi kae míekpɔna le anyigba dzi numiemiewo kple ke ŋu?

13 Afi sia fi si míakpɔ nu gbagbewo le la, míekpɔa Wɔla la ƒe ŋusẽ si dze kɔtɛ. Tso ati gã kɔkɔ siwo te ŋu kɔkɔna wu dziƒoxɔ tuɖedzi 29 dzi va ɖo numiemie suesuesue gbogbo siwo le atsiaƒu me siwo nana míekpɔa ɔksidzin-ya si míegbɔna dzi la, Yehowa ƒe nuwɔŋusẽ dze ƒãa le wo me. Nu gbagbewo yɔ anyigba ƒe ke me fũu—vɔkluiwo, hlo ƒomeviwo, kple tomenugbagbeviwo; wo katã wowɔa dɔ aduadu nukutɔe ale be numiemiewo tsina. Biblia gblɔe wòsɔ nyuie be ŋusẽ le anyigba alo ke ŋu.—1 Mose 4:12, etenuŋɔŋlɔ.

14. Ŋusẽ ka gbegbee le atɔm nyaŋui gɔ̃ hã me?

14 Ðikeke mele eme o be Yehowae nye “Ame si tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba.” (Yeremiya 10:12) Mawu ƒe ŋusẽ dze le nu suetɔ kekeake siwo wòwɔ gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, ne wotsia nu suetɔ kekeake si woyɔna be atɔm miliɔn ɖeka ɖe wo nɔewo nu hã la, makeke ade amegbetɔ ƒe ɖakui ɖeka ƒe titrime nu o. Eye ne ɖe woana atɔm ɖeka nalolo ɖe edzi va se ɖe esime wòakɔkɔ abe dziƒoxɔ tuɖedzi 13 ene hã la, ɖeko eƒe niuklɔs si le etome ƒe lolome anɔ abe dzekui ɖeka si anɔ dziƒoxɔa ƒe dzisasra adelia dzi ene. Gake niuklɔs sue nyaŋui ma mee ŋusẽ gã si doa go le nukliaŋusẽ ƒe wowó me la le!

“Nu Sia Nu Si Me Agbegbɔgbɔ Le”

15. Esi Yehowa ƒo nu tso gbemelã vovovowo ŋu la, nu kae wòfia Hiob?

15 Nu bubu si gaɖe Yehowa ƒe nuwɔŋusẽ fia nyuie la dze le lã gbogbo siwo le anyigba dzi ŋu. Woyɔ nu geɖe siwo kafua Yehowa la le Psalmo 148 me, eye woyɔ ‘gbemelãwo kple aƒemelãwo katã’ hã kpe ɖe eŋu le kpukpui 10 lia me. Be amegbetɔ nanya nu si ta wòle be wòade bubu deto Wɔla ŋu la, Yehowa ƒo nu ɣeaɖeɣi na Hiob tso lã aɖewo abe dzata, gbetedzi, tò, Behemoth (alo tɔmenyi), kple Leviathan (si anye lo) ŋu. Le susu ka ta? Ne amegbetɔ vɔ̃na na lã sẽŋu wɔadã siawo siwo womate ŋu amla o la, ke aleke wòle be woabu wo Wɔlae?—Hiob, ta 38-41.

16. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le xe siwo Yehowa wɔ dometɔ aɖewo ŋu?

16 Woyɔ “xe dzodzoewo” hã le Psalmo 148:10. Wò ya bu wo ƒomevi vovovo siwo li ŋu kpɔ! Yehowa ƒo nu tso golo, si “sɔ kple edola ƒe nu ɖia kokoe nɛ,” ŋu na Hiob. Ele eme baa be xe sia si kɔkɔ meta eve kple afã la mate ŋu adzo o ya, gake ete ŋu ƒua du kilometa 65 le gaƒoƒo ɖeka me, eye ne eɖe afɔ ɖeka la, dometsotsoa nye meta ene kple afã! (Hiob 39:13, 18) Le xe si woyɔna be albatross gome la, enɔa yame le atsiaƒu dzi le eƒe agbenɔɣi katã kloe. Xe sia nye agbasala tso dzɔdzɔme, eye ne ekeke eƒe aʋala me la, ade meta etɔ̃. Ete ŋu saa agba le yame ɣeyiɣi didi aɖe aʋala maƒomaƒoe. Gake aɖitsi ya le sue ŋutɔ ne míetsɔe sɔ kplii, eye eƒe didime katã nye sentimeta atɔ̃ pɛ ko, eyae nye xe suetɔ kekeake le xexea me. Ete ŋu ƒoa aʋala zi 80 le sɛkɛnd ɖeka ko me! Aɖitsi siwo daa dzo abe sikanu toaʋala suesuewo ene la te ŋu tɔna ɖe teƒe ɖeka le yame abe helikɔpta ene, eye wote ŋu dzona yia megbemegbee gɔ̃ hã.

17. Aleke gbegbee boso si nye blue whale la loloe, eye ne míede ŋugble le lã siwo Yehowa wɔ ŋu la, aleke míaƒo nya tae?

17 Wogblɔ le Psalmo 148:7 be “ƒumelã klitsuwo” gɔ̃ hã kafua Yehowa. Bu boso si ame geɖe buna be eyae nye lã gãtɔ kekeake le anyigba dzi, si woyɔna be blue whale ŋu kpɔ. “Ƒumelã klitsu” sia si nɔa “tɔ goglowo” me la, ƒe didime te ŋu ɖoa meta 30 alo esi wu nenema kura gɔ̃ hã. Eƒe kpekpeme ate ŋu ade atiglinyi tsitsi 30 ƒe kpekpeme nu. Eƒe aɖe ɖeɖe dzaa ƒe kpekpeme ade atiglinyi ɖeka ƒe kpekpeme nu. Eƒe dzi lolo de ʋu sue ƒe lolome nu. Dzi gã sia tsona zi 9 le aɖabaƒoƒo ɖeka me—evɔ aɖitsi ƒe dzi tsona wòdea zi 1,200 le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Ne mede ɖeke o hã la, boso gã sia ƒe ʋuka ɖeka lolo ale gbegbe be ɖevi ate ŋu ata ato eme. Ðikeke mele eme o be míawo hã míaƒe dzi ʋãa mí míegblɔa nya si wotsɔ wu Psalmowo ƒe agbalẽa nu be: “Nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la nekafu Yah.”—Psalmo 150:6.

Nusɔsrɔ̃ Tso Yehowa Ƒe Nuwɔŋusẽ Ŋu

18, 19. Nu gbagbe vovovo nenie Yehowa wɔ ɖe anyigba dzi, eye nu kae nu siwo wòwɔ la fia mí tso eƒe dziɖulanyenye ŋu?

18 Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa zãa eƒe nuwɔŋusẽe me? Nu hamehame siwo wòwɔ la na ŋɔdzi lé mí. Hakpala aɖe gblɔ be: “Oo Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! . . . Anyigba yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo.” (Psalmo 104:24) Nyateƒe tututue! Nugbagbeŋutinunyalawo de dzesii be nu gbagbe vovovo miliɔn ɖeka kple edzivɔe le anyigba dzi; gake amewo ƒe susu le miliɔn agbɔsɔsɔ bubu siwo anya gali ŋu la to vovo. Ɣeaɖewoɣi la, amegbetɔ aɖaŋudɔwɔla te ŋu kpɔnɛ be yemeganya nu yeye si yeawɔ o. Gake edze ƒãa be seɖoƒe meli na Yehowa ƒe nuwɔŋutete, si nye ŋusẽ si le esi be wòato nu yeye vovovowo vɛ ahawɔ wo o.

19 Ale si Yehowa zãa eƒe nuwɔŋusẽ la fia nane mí tso eƒe dziɖulanyenye ŋu. Nya si nye “Wɔla” ɖeɖe kura gɔ̃ hã na Yehowa ɖe vovo tso nu bubu ɖe sia ɖe si le xexea me, siwo katã nye eƒe “nuwɔwɔwo,” la gbɔ. Womeyɔa Yehowa ƒe Tenuvi, ame si nye “dɔwɔla bibi” le nuwo wɔɣi, gɔ̃ hã le Biblia me be Wɔla alo hati Wɔla gbeɖe o. (Lododowo 8:30; Mateo 19:4) Ke boŋ eyae nye “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ.” (Kolosetɔwo 1:15) Wɔla ƒe ɖoƒe si Yehowa le la wɔe be gome le esi be eya koe dze aɖu xexea katã dzi.—Romatɔwo 1:20; Nyaɖeɖefia 4:11.

20. Gɔmesese ka nue Yehowa ɖi ɖe eme le tso esime wòwu anyigba dzi nuwo wɔwɔ nu?

20 Ðe Yehowa dzudzɔ eƒe nuwɔŋusẽa zazã? Enye nyateƒe be Biblia gblɔ be esi Yehowa wu nuwo wɔwɔ nu le nuwɔwɔ ŋkeke adelia dzi la, ‘ete ɖiɖi ɖe eme le ŋkeke adrelia dzi tso dɔ siwo katã wɔm wònɔ la me.’ (1 Mose 2:2) Apostolo Paulo ɖee fia be ‘ŋkeke’ adrelia sia ƒe didime nye ƒe akpe geɖe, elabena wogakpɔtɔ nɔ ŋkeke ma me le eŋɔli gɔ̃ hã. (Hebritɔwo 4:3-6) Gake ɖe “ɖiɖi ɖe eme” fia be Yehowa tɔ te dɔ ɖe sia ɖe wɔwɔa? Ao, Yehowa medzudzɔa dɔwɔwɔ gbeɖe o. (Psalmo 92:4; Yohanes 5:17) Eya ta kpuie ko la, eƒe ɖiɖi ɖe eme fia be anyigbadzinu siwo míekpɔna kple ŋku la wɔwɔe wòtɔ te. Gake ele dɔ si hiã be wòawɔ ne eƒe tameɖoɖowo nava eme la dzi madzudzɔmadzudzɔe. Dɔ ma ƒe akpa aɖee nye ale si wòna eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawoe. Eƒe dɔa lɔ “nuwɔwɔ yeye,” si ŋu míaƒo nu tsoe le Ta 19 lia, gɔ̃ hã ɖe eme.—2 Korintotɔwo 5:17.

21. Aleke Yehowa ƒe nuwɔŋusẽ awɔ dɔ ɖe amegbetɔ wɔnuteƒewo dzi yi ɖe mavɔmavɔ me?

21 Ne Yehowa ƒe ɖiɖiɖemeŋkekea wu enu mlɔeba la, ate ŋu agblɔ le eƒe anyigba dzi nuwɔwɔwo katã ŋu be “wonyo ŋutɔ,” abe ale si wògblɔe le nuwɔwɔ ŋkeke adeawo ƒe nuwuwu ene. (1 Mose 1:31) Esusɔ be míalala akpɔ ale si wòadi be yeazã yeƒe nuwɔŋusẽ si seɖoƒe meli na o lae le ɣeyiɣi ma megbe. Aleke ke wòanɔ o, míate ŋu aka ɖe edzi be ale si Yehowa azã eƒe nuwɔŋusẽa akpɔtɔ awɔ nuku na mí godoo. Míayi edzi anɔ nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa ŋu to nu siwo wòwɔ dzi yi ɖe mavɔmavɔ me. (Nyagblɔla 3:11) Zi ale si míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso eŋu la, zi nenemae bubu deto si míatsɔ nɛ la ade toe ɖe edzi—eye zi nenemae míate ɖe mía Wɔla Gã la ŋu.

a Be míate ŋu akpɔ ale si gbegbe ɣea didi tso mía gbɔ le susu me la, bu nu sia ŋu kpɔ: Ne èɖo ʋu be yeazɔ mɔ didime ma, ale be ʋua le du ƒum kilometa 160 le gaƒoƒo ɖeka me, eye wòyi edzi nenema gaƒoƒo 24 ŋkeke ɖe sia ɖe matɔmatɔe la, mɔzɔzɔa axɔ ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ hafi nàɖo!

b Ame aɖewo bui be anye be didiƒekpɔmɔ̃ madeŋgɔ aɖee blematɔwo zã le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Woƒe susue nye be ne menye nenemae o la, aleke wɔ hafi ɣeyiɣi ma me tɔwo te ŋu nya be le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, ɣletiviwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ nenema gbegbe eye be xexlẽme mele wo ŋu o? Nublanuitɔe la, woŋlɔ be be Yehowa, Ame si tɔ Biblia nye, gbɔe nyatakaka ma tso.—2 Timoteo 3:16.

c Bu ɣeyiɣi didi si nàtsɔ axlẽ ɣletivi biliɔn 100 ko ŋu kpɔ. Ne ɖe nàte ŋu axlẽ ɖeka le sɛkɛnd ɖeka ɖe sia ɖe me—eye nànɔ exexlẽ dzi gaƒoƒo 24 bliboa gbe sia gbe—la, ƒe 3,171 sɔŋ ye nàtsɔ axlẽe!