Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 7

Ametakpɔŋusẽ—“Mawu Nye Míaƒe Sitsoƒe”

Ametakpɔŋusẽ—“Mawu Nye Míaƒe Sitsoƒe”

1, 2. Afɔku ka mee Israel-viwo ɖo esi woɖo Sinai nutoa me le ƒe 1513 D.Y. me, eye dzideƒonya kae Yehowa gblɔ na wo?

 ISRAEL-VIWO ɖo afɔku me esime woɖo Sinai nutoa me le ƒe 1513 D.Y. me ƒe gɔmedzedze lɔƒo. Mɔzɔzɔ aɖe nɔ wo ŋgɔ, ele be woazɔ mɔ to “gbe gã dziŋɔ, si dzi da vɔ̃ɖiwo kple dziɖegbewo le.” (5 Mose 8:15) Ŋɔdzi nɔ anyi hã be dukɔ siwo nye woƒe futɔwo ava dze wo dzi. Yehowae kplɔ eƒe amewo wova ɖo nɔnɔme sia me. Abe woƒe Mawu ene la, ɖe wòate ŋu akpɔ wo ta?

2 Nya siwo Yehowa gblɔ la de dzi ƒo na wo ŋutɔ. Egblɔ be: “Miawo ŋutɔwo miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo ne matsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalawo dzi ava ɖokuinye gbɔe.” (2 Mose 19:4) Yehowa ɖo ŋku edzi na eƒe amewo be yee ɖe wo tso Egiptetɔwo si me, eye yezã hɔ̃wo, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, be wokɔ wo yi dedienɔƒe. Gake susu bubu aɖewo li siwo ta wòsɔ be wotsɔ “hɔ̃ ƒe aʋalawo” wɔ Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ƒe kpɔɖeŋu.

3. Nu ka tae wòsɔ be wozã “hɔ̃ ƒe aʋalawo” tsɔ wɔ Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ƒe kpɔɖeŋu?

3 Menye agbasasa le yame koe hɔ̃ zãa eƒe aʋala keke sesẽawo na o. Ne xexea me xɔ dzo la, hɔ̃ vinɔ kekea eƒe aʋalawo—siwo te ŋu didina meta eve kple edzivɔ—wòzua abe xexi ene, ale be wòkpɔa via fẽwo ta tso ŋdɔkutsu dzatsɛ la nu. Ɣebubuɣiwo la, etsɔa eƒe aʋalawo tsyɔa viawo dzi wòxea vuvɔ na wo. Abe ale si hɔ̃ kpɔa viawo tae ene la, nenemae Yehowa kpɔ Israel-dukɔ yeye si meli ke haɖe o la tae. Fifia esi eƒe amewo va ɖo gbedadaƒo la, woakpɔtɔ abe ɖe eƒe kpɔɖeŋuʋala sesẽawo ƒe vɔvɔli te nenye be woyi edzi wɔ nuteƒe ko. (5 Mose 32:9-11; Psalmo 36:7) Gake ɖe wòasɔ be mí ame siwo li egbea hã míakpɔ mɔ be Mawu nakpɔ mía ta?

Mawu Ƒe Ametakpɔkpɔ Ƒe Ŋugbedodo

4, 5. Nu ka ta míate ŋu aka ɖe ŋugbe si Mawu do be yeakpɔ mía ta la dzi bliboe?

4 Yehowa ate ŋu akpɔ esubɔlawo ta vavã. Eyae nye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la,” eye dzesideŋkɔ sia fia be ŋusẽ si dzi womate ŋu akpe o ye le esi. (1 Mose 17:1) Ne Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ ɖe go la, naneke mate ŋu axe mɔ nɛ o, abe ale si naneke mate ŋu atɔ te ƒutsotsoe o ene. Esi wòte ŋu wɔa nu sia nu si le ɖekawɔwɔ me kple eƒe lɔlɔ̃nu ta la, míate ŋu abia be, ‘Ðe wònye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ akpɔ yeƒe amewo taa?’

5 Kpuie ko la, míaɖo eŋu be, ɛ̃! Yehowa ka ɖe edzi na mí be yeakpɔ yeƒe amewo ta. Psalmo 46:1 gblɔ be: “Mawu nye míaƒe sitsoƒe kple míaƒe ŋusẽ, eyae nye xɔnametɔ si li ɖaa le xaxaɣiwo.” Esi Mawu “mate ŋu aka aʋatso o” ta la, míate ŋu aka ɖe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ mía ta la dzi bliboe. (Tito 1:2) Mina míade ŋugble le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo míate ŋu akpɔ le susu me, siwo Yehowa zã tsɔ gblɔ ale si wòkpɔa ame ta beléletɔe dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

6, 7. (a) Takpɔkpɔ kae alẽkplɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la naa woƒe alẽwo? (b) Aleke Biblia wɔ ale si Yehowa di tso dzi me be yeakpɔ yeƒe alẽwo ta ahalé be na wo la ƒe kpɔɖeŋu?

6 Yehowae nye mía Kplɔla, eye “eƒe dukɔ kple alẽ siwo le eƒe lãnyiƒe míenye.” (Psalmo 23:1; 100:3) Lã ʋɛ aɖewo koe nye wɔnamanɔŋutɔwo de alẽwo nu. Ele na alẽkplɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me be dzi nanɔ wo ƒo ale be woate ŋu akpɔ woƒe alẽwo ta tso dzatawo, amegãxiwo, sisiblisiwo kple fiafitɔwo si me. (1 Samuel 17:34, 35; Yohanes 10:12, 13) Gake ɣeyiɣi aɖewo nɔ anyi si me alẽawo ta kpɔkpɔ biaa beléle ŋuɖɔɖɔɖotɔe. Ne alẽ dzi vi ɖe afi si didi tso woƒe kpo gbɔ la, alẽkplɔla si léa be na eƒe alẽwo la dzɔa alẽnɔa ŋu le wɔnamanɔŋu ƒe ɣeyiɣi siawo me eye wòkɔa alẽvi masẽmasẽa yia woƒe kpo me.

‘Akɔ wo ɖe akɔnu’

7 Esi Yehowa tsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla la, ena kakaɖedzi mí be etso yeƒe dzi me be yeakpɔ mía ta. (Ezekiel 34:11-16) Gaɖo ŋku ale si woɖɔ Yehowae le Yesaya 40:11, si me míedzro le agbalẽ sia ƒe Ta 2 lia me dzi. Wogblɔ tso eŋu be: “Akplɔ eƒe lãhawo abe alẽkplɔla ene. Aƒo alẽviawo nu ƒu ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu.” Aleke alẽvia wɔna va ɖoa alẽkplɔlaa ƒe “akɔnu,” si nye eƒe awu ʋlaya me? Ðewohĩ alẽa ye te ɖe alẽkplɔlaa ŋu, eye anye be etiti eɖokui ɖe eƒe afɔ ŋu gɔ̃ hã. Gake alẽkplɔla lae abɔbɔ akɔ alẽvia, eye wòakɔe ada ɖe eƒe akɔnu, si nye dedienɔƒe. Belélename ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye si, si le fiafiam be Alẽkplɔla Gã la le klalo be yeakpɔ mía ta!

8. (a) Ame kawo tae Mawu do ŋugbe be yeakpɔ, eye aleke esia dze le Lododowo 18:10? (b) Nu kae sitsoƒe kpɔkpɔ le Mawu ƒe ŋkɔ me bia?

8 Ametakpɔkpɔ si ƒe ŋugbe Mawu do la nɔ te ɖe nanewo dzi—ame siwo tena ɖe eŋu ɖeɖe dzaa tae wòakpɔ. Lododowo 18:10 gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ́ sesẽ. Afi mae ame dzɔdzɔe la sina yina eye wònɔa dedie.” Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wotua xɔ tsralawo ɖe gbedadaƒo wonyea sitsoƒe. Gake ekpo ɖe ame si ɖo afɔku me gbɔ be wòasi ayi xɔ tsralaa me be wòanɔ dedie. Nenemae wòle le bebeƒe kpɔkpɔ le Mawu ƒe ŋkɔa me hã gome. Ebia nu si yi ŋgɔ wu Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ enuenu ko; menye gbesae Mawu ƒe ŋkɔa nye o. Ke boŋ Ame si tɔ ŋkɔae wòle be míanya ahaɖo ŋu ɖe eŋu eye míanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu. Aleke gbegbe Yehowa ƒe dɔme nyoe nye si be wòna kakaɖedzi mí be ne míetrɔ ɖe ye ŋu le xɔse me la, yeanye sitsoƒe na mí!

“Mía Mawu . . . Ate Ŋu Aɖe Mí”

9. Aleke Yehowa wɔ nu si yi ŋgɔ wu ametakpɔkpɔ ƒe ŋugbe dodo ko?

9 Menye ɖeko Yehowa do ametakpɔkpɔ ƒe ŋugbe na mí ko evɔ o. Eɖee fia ŋutɔŋutɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me nukutɔe be yeate ŋu akpɔ yeƒe amewo ta. Le Israel-viwo ƒe ŋutinya katã me la, Yehowa ƒe “asi” sesẽ la xea mɔ na futɔ sesẽwo zi geɖe. (2 Mose 7:4) Gake Yehowa zãa eƒe ametakpɔŋusẽ ɖe ame ɖekaɖekawo hã nu.

10, 11. Biblia me kpɔɖeŋu kawoe fia be Yehowa zã eƒe ametakpɔŋusẽ ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu?

10 Esime Hebri ɖekakpui etɔ̃—Sadrak, Mesak kple Abednego—gbe be yewomade ta agu na Fia Nebukadnezar ƒe sikalegba o la, fia la do dɔmedzoe helĩhelĩ eye wòdo ŋɔdzi na wo be yeatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo si me wodo dzo ɖo wògbɔ eme la me. Nebukadnezar, si nye fia sesẽtɔ kekeake le anyigba dzi ɣemaɣi, ɖe alɔme gblɔ be: “Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me?” (Daniel 3:15) Ðekakpui etɔ̃awo ka ɖe ŋusẽ si le woƒe Mawu si be wòakpɔ wo ta dzi bliboe, gake womewɔ nu ɖokuidodoɖedzitɔe be akpɔ yewo ta godoo o. Eya ta woɖo eŋu be: “Ne wotsɔ mí ƒu gbe ɖe dzoa me hã la, mía Mawu si subɔm míele la ate ŋu aɖe mí.” (Daniel 3:17) Le nyateƒe me la, kpodzo bibi ma si me wodo dzo ɖo enu sẽ zi gbɔ zi adre wu ale si wònɔ gbã la menye naneke na woƒe Mawu ŋusẽkatãtɔ la o. Ekpɔ wo ta vavã, eye esia zi fia la dzi wòʋu eme be: “Mawu bubu aɖeke meli, si ate ŋu aɖe ame abe eya ene o.”—Daniel 3:29.

11 Yehowa gaɖe eƒe ametakpɔŋusẽ fia wòɖe dzesi ŋutɔ esi wòtrɔ eƒe Tenuvi ƒe agbe tso dziƒo va de Yuda ɖetugbi nɔaƒe Maria ƒe vidzidɔ me. Mawudɔla aɖe gblɔ na Maria be: “Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi.” Mawudɔlaa ɖe eme be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò.” (Luka 1:31, 35) Edze be Mawu ƒe Vi la meɖo wɔnamanɔŋu ƒe nɔnɔme sia tɔgbi me alea kpɔ gbeɖe o ene. Ðe dadaa si nye amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ me nyenye kple blibomademade aɖe ɖe fugboea ŋua? Ðe Satana ate ŋu awɔ nuvevi ɖevia alo awui hafi woava dziia? Nu siawo madzɔ akpɔ gbeɖe o! Míagblɔe ko be Yehowa tɔ kpɔ ɖe Maria ŋu tsɔ kpɔ eta ale be naneke—blibomademade aɖeke, nugblẽleameŋula aɖeke, amegbetɔ, alo gbɔgbɔ vɔ̃ amewula aɖeke—mate ŋu agblẽ nu le fugboe si nɔ tsitsim la ŋu o, tso esime wofɔ eƒe fu kaka tsɔ yii. Yehowa yi edzi kpɔ Yesu ta le eƒe ɖevime. (Mateo 2:1-15) Ame aɖeke mete ŋu dze Mawu ƒe Vi lɔlɔ̃a dzi o va se ɖe eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi ko hafi.

12. Nu ka tae Yehowa kpɔ ame ɖekaɖeka aɖewo ta nukutɔe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me?

12 Nu ka tae Yehowa kpɔ ame ɖekaɖeka aɖewo ta nukutɔe? Le nudzɔdzɔawo dometɔ geɖe me la, Yehowa kpɔ ameawo ta kple susu be yeakpɔ nu bubu aɖe si le vevie kura wu ta: eyae nye eƒe tameɖoɖo me vava. Le kpɔɖeŋu me, vidzĩ Yesu ƒe agbetsitsi nɔ vevie na Mawu ƒe tameɖoɖo me vava, si ava ɖe vi na ameƒomea katã mlɔeba. Ametakpɔŋusẽ ɖeɖe fia geɖeawo ŋuti nuŋlɔɖiwo nye Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la ƒe akpa aɖe, eye “woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” (Romatɔwo 15:4) Ɛ̃, kpɔɖeŋu siawo doa ŋusẽ mí le mía Mawu ŋusẽkatãtɔ la dzi xɔxɔ se me. Gake ametakpɔkpɔ kae míate ŋu akpɔ mɔ na tso Mawu gbɔ egbea?

Nu Si Mawu Ƒe Ametakpɔkpɔ Mefia O

13. Ðe wònye dzizizi na Yehowa be wòawɔ nukunu le mía ta? Ðe eme.

13 Ŋugbe si Mawu do be yeakpɔ ame ta mefia be enye dzizizi na Yehowa be wòawɔ nukunuwo le mía ta o. Kpao, mía Mawu medo ŋugbe be míanɔ agbe kuxi manɔmee le nuɖoanyi xoxo sia me o. Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖe dze ŋgɔ fukpekpewo, siwo ƒe ɖewoe nye koɖoɖo, aʋawɔwɔ, dɔléle kple ku. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kɔtɛ be woate ŋu awu wo dometɔ aɖewo ɖe woƒe xɔse ta. Susu ma tae Yesu te gbe ɖe ale si wòle vevie be woado dzi va se ɖe nuwuwu dzi ɖo. (Mateo 24:9, 13) Ne ɖe Yehowa anɔ eƒe ŋusẽ zãm atsɔ anɔ amewo ɖem nukutɔe le nya sia nya me la, anye ne Satana aɖe alɔme le Yehowa ŋu eye wòanɔ te ɖe edzi ake ɖi subɔsubɔdɔ si wɔm míele na mía Mawu la ƒe nuvãnyenye.—Hiob 1:9, 10.

14. Kpɔɖeŋu kawoe fia be Yehowa mekpɔa esubɔlawo katã ta le mɔ ɖeka tɔgbi nu o?

14 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã la, Yehowa mezã eƒe ametakpɔŋusẽ tsɔ xe mɔ be esubɔlawo meku kukpo o. Le kpɔɖeŋu me, Herodes wu apostolo Yakobo le ƒe 44 K.Ŋ. me; ke hã ɣeyiɣi kpui aɖe le nudzɔdzɔ ma megbe la, eɖe Petro “tso Herodes si me.” (Dɔwɔwɔwo 12:1-11) Eye Yohanes, si nye Yakobo nɔviŋutsu, nɔ agbe wòdidi wu Petro kple Yakobo. Edze ƒãa be mímate ŋu akpɔ mɔ be Mawu nakpɔ esubɔlawo katã ta le mɔ ɖeka tɔgbi nu o. Gakpe ɖe eŋu la, “azãgbe kple nuɖiɖeame” li na mí katã. (Nyagblɔla 9:11) Ekema aleke Yehowa kpɔa mía ta egbeae?

Yehowa Kpɔa Ame Ta Le Ŋutilã Me

15, 16. (a) Kpeɖodzi kae li si fia be Yehowa kpɔa esubɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ta le ŋutilã me? (b) Nu ka ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ esubɔlawo ta fifia kple le “xaxa gã” la me?

15 Gbã la, bu ametakpɔkpɔ le ŋutilã me ŋu kpɔ. Míate ŋu akpɔ mɔ be woakpɔ mí Yehowa subɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ta. Ne manye nenema o la, míate ŋu adze Satana si me bɔbɔe. Bu nya sia ŋu kpɔ: Naneke madzɔ dzi na Satana, “xexe sia dzi ɖula,” wu be yeabu mo na tadedeagu vavãtɔ o. (Yohanes 12:31; Nyaɖeɖefia 12:17) Xexe sia me dziɖuɖu sesẽtɔ kekeakewo dometɔ aɖewo xe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu eye wote kpɔ be yewoaɖe mí ɖa kura. Ke hã Yehowa ƒe amewo kpɔtɔ li ke sesĩe eye wole gbeƒãɖeɖe dzi madzudzɔmadzudzɔe! Nu ka tae dukɔ sesẽwo mete ŋu tɔ te Kristotɔwo ƒe ha sue sia si me tɔwo mede bubuawo nu o la ƒe dɔwɔwɔ o, togbɔ be edze abe wɔna mele wo ŋu o ene hã? Esi Yehowa tsɔ eƒe kpɔɖeŋuʋala sesẽawo tsyɔ mía dzi tae!—Psalmo 17:7, 8.

16 Ke ametakpɔkpɔ le ŋutilã me le “xaxa gã” si gbɔna me hã ɖe? Mele be míavɔ̃ Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me tsonuwo o. Nya lae nye be, “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me, ke wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo na tsɔtsrɔ̃ le ʋɔnudrɔ̃gbe la.” (Nyaɖeɖefia 7:14; 2 Petro 2:9) Gake hafi ɣeyiɣi ma naɖo la, míate ŋu aka ɖe nu eve aɖewo dzi ɣesiaɣi. Gbã, Yehowa maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ esubɔla wɔnuteƒewo ɖa le anyigba dzi o. Evelia, atsɔ agbe mavɔ nɔnɔ le dzɔdzɔenyenye xexe yeye me aɖo eteƒe na nuteƒewɔlawo—ne ehiã la, to tsitretsitsia dzi. Le ame siwo aku gome la, teƒe aɖeke megale dedie wu woƒe Mawu ƒe susu me nɔnɔ o.—Yohanes 5:28, 29.

17. Aleke Yehowa kpɔa mía ta to eƒe Nya la dzi?

17 Fifi laa kura gɔ̃ hã la, Yehowa kpɔa mía ta to eƒe “nya” si le agbe, si ŋu ŋusẽ le be wòte ŋu ʋãa amewo woɖɔa woƒe dzi ɖo hetrɔa woƒe agbenɔnɔ la dzi. (Hebritɔwo 4:12) To eƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ me la, akpɔ mía ta tso ŋutilã me nuveviwɔame me le nanewo me. Yesaya 48:17 gblɔ be: “Nye Yehowae . . . fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò.” Ðikeke mele eme o be agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe Nya la nu ate ŋu ade míaƒe lãmesẽ dzi eye míaƒe agbe nadidi ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, le esi míetsɔa Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be míatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu kple be míagaƒo ɖi mía ɖokui o wɔa dɔe ta la, míetsria nuwɔna makɔmakɔwo kple agbe baɖa nɔnɔ siwo gblẽa ame mavɔ̃mawu geɖe ƒe agbe dome. (Dɔwɔwɔwo 15:29; 2 Korintotɔwo 7:1) Míedaa akpe geɖe ŋutɔ ɖe ale si Mawu ƒe Nya la kpɔa mía tae la ta!

Yehowa Kpɔa Mía Ta Le Gbɔgbɔ Me

18. Aleke Yehowa kpɔa mía ta le gbɔgbɔ me?

18 Vevietɔe nye be Yehowa kpɔa mía ta le gbɔgbɔ me. Le ale si mía Mawu si lɔ̃a mí la tsɔa nu siwo hiã be míate ŋu ado dzi le dodokpɔwo me kple nu siwo adzɔ mía kplii dome ƒomedodo ŋu blaa akpa na míi ta la, ekpɔa mía ta tso gbɔgbɔ me nuveviwɔame me. Yehowa toa nu siawo dzi léa míaƒe agbe ɖe te, menye na ƒe ʋɛ aɖewo ko o ke boŋ yi ɖe mavɔmavɔ me hã. Bu ɖoɖo siwo Mawu wɔ be wòatsɔ akpɔ mía ta le gbɔgbɔ me dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

19. Aleke Yehowa ƒe ŋusẽ ate ŋu ana míakpe akɔ kple dodokpɔ ɖe sia ɖe si míado goe?

19 Yehowae nye “Gbedodoɖasela.” (Psalmo 65:2) Ne agbe me nuteɖeamedziwo wɔ abe ɖe wowu tsɔtsɔ na mí ene la, míaƒe dzimenyawo gbɔgblɔ nɛ ate ŋu ana míakpɔ gbɔdzɔe geɖe. (Filipitɔwo 4:6, 7) Ðewohĩ maɖe míaƒe dodokpɔawo ɖa nukutɔe ya o, gake le gbe si míedo ɖa tso dzi me ŋu ɖoɖo me la, ate ŋu ana nunya si hiã be míatsɔ akpɔ wo gbɔe la mí. (Yakobo 1:5, 6) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa naa gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ. (Luka 11:13) Gbɔgbɔ sẽŋu ma ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple dodokpɔ alo kuxi ɖe sia ɖe si míado goe. Ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la mí be míado dzi va se ɖe esime Yehowa naɖe kuxi siwo katã doa nuxaxa na ame ɖa le xexe yeye si tu aƒe ŋutɔ la me.—2 Korintotɔwo 4:7.

20. Aleke Yehowa ƒe ametakpɔŋusẽ ate ŋu ato mía hati tadeagulawo dzi?

20 Yehowa te ŋu ɖea eƒe ametakpɔŋusẽ fiana to mía hati tadeagulawo dzi ɣeaɖewoɣi. Yehowa ƒo eƒe amewo nu ƒu wonye xexea me godoo ƒe “nɔviwo ƒe habɔbɔ.” (1 Petro 2:17; Yohanes 6:44) Le lɔlɔ̃ si le nɔviwo ƒe habɔbɔ sia me ta la, míekpɔa kpeɖodzi gbagbe siwo fia be ŋusẽ le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu wòʋãa amewo wowɔa nu nyui. Gbɔgbɔa tsea ku le mía me—wonye nɔnɔme xɔasi lédziname siwo dometɔ aɖewoe nye lɔlɔ̃, dɔmenyonyo kple nyuiwɔwɔ. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Eya ta ne míeɖo xaxa me eye haxɔsetɔ aɖe see le eɖokui me ɖo aɖaŋu si akpe ɖe mía ŋu alo gblɔ dzideƒonamenya siwo hiã mí vevie ŋutɔ na mí la, míate ŋu ada akpe na Yehowa ɖe eƒe ametakpɔkpɔ belélenametɔe alea ta.

21. (a) Gbɔgbɔmenuɖuɖu si vana ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi kae Yehowa nana to “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi? (b) Viɖe kae wò ŋutɔ nèkpɔ tso nu siwo Yehowa naa mí be woakpɔ mía ta le gbɔgbɔ me la me?

21 Yehowa ganaa nu bubu aɖe hã mí be wòakpɔ mía ta: eyae nye gbɔgbɔmenuɖuɖu si vana ɖe ɣeyiɣi dzi. Be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu míaxɔ ŋusẽ tso eƒe Nya la me la, ede dɔ asi na “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la be wòama gbɔgbɔmenuɖuɖu na mí. Kluvi nuteƒewɔla la toa agbalẽ siwo wotana kpakple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo, jw.org nyatakakadzraɖoƒea, kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo dzi naa ‘nuɖuɖu mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’—wonye nu siwo míehiã le ɣeyiɣi siwo dzi míehiã wo me. (Mateo 24:45) Èse nya aɖe le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe me—nyaŋuɖoɖo loo, nuƒo loo, alo le gbedodoɖa gɔ̃ hã me—si na ŋusẽ kple dzideƒo si tututu nèhiã la wò kpɔa? Ðe míaƒe magazineawo me nyati aɖe wɔ dɔ ɖe wò agbe dzi kpɔa? Ðo ŋku edzi be Yehowae naa nu siawo katã mí be woakpɔ mía ta le gbɔgbɔ me.

22. Mɔ ka nue Yehowa zãa eƒe ŋusẽ le ɣesiaɣi, eye nu ka tae eƒe nuwɔwɔ alea va ɖea vi na mí le mɔ nyuitɔ kekeake nu?

22 Nyateƒee, Yehowa nye akpoxɔnu “na ame siwo katã sinɛ tsona.” (Psalmo 18:30) Míese egɔme be mezãa eƒe ŋusẽ tsɔ kpɔa mía ta tso dzɔgbevɔ̃ewo katã me fifia o. Gake ezãa eƒe ametakpɔŋusẽ ɣesiaɣi tsɔ kpɔa egbɔ be yeƒe tameɖoɖowo va eme. Eƒe nuwɔwɔ alea va ɖea vi na eƒe amewo le mɔ nyuitɔ kekeake nu mlɔeba. Ne míete ɖe Yehowa ŋu eye míekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ me la, ana agbe deblibo si nuwuwu meli na o mí. Esi mɔkpɔkpɔ sia le susu me na mí la, míate ŋu abu fukpekpe ɖe sia ɖe le nuɖoanyi sia me be enye “ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa si nu mesẽ o” nyateƒe.—2 Korintotɔwo 4:17.