Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 8

Ðɔɖɔɖoŋusẽ—Yehowa Le “Nuwo Katã Wɔm Yeyee”

Ðɔɖɔɖoŋusẽ—Yehowa Le “Nuwo Katã Wɔm Yeyee”

1, 2. Nu kawoe buna na ameƒomea egbea, eye ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe mía dzi?

 ÐEVI aɖe bu eƒe fefenu si gbɔ melɔ̃a nu le o alo gblẽe eye wòlé avi me sesĩe. Eƒe avifafa la wɔ nublanui! Gake èkpɔ ale si ɖevia ƒe mo trɔna kple dzidzɔe esime dzilaa ɖɔ nu si gblẽ la ɖo nɛ teƒe kpɔa? Le dzilaa gome la, fefenua didi ake ɖe eŋu alo edzadzraɖo menye nu gã aɖeke o. Gake dzidzɔ gãe wònyena na ɖevia eye wòwɔa nuku nɛ. Wogaɖo nu si wɔ abe ɖe wòbu tegbee ene la eteƒe!

2 Ŋusẽ le Yehowa, ame si nye Fofo nyuitɔ kekeake, si be wòagaɖo nu si via siwo le anyigba dzi abu be wobu kura la eteƒe. Gake menye fefenu gbɔlowoe míewɔnɛ o. Le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ me la, nu siwo buna na mí la nye ŋkubiãnya vavã. (2 Timoteo 3:1-5) Nu siwo ŋu amewo dea asixɔxɔe dometɔ geɖe dome ate ŋu agblẽ ɣesiaɣi—aƒe, nunɔamesiwo, dɔwɔɖui kple ame ƒe lãmesẽ gɔ̃ hã. Dzi te ŋu ɖena le mía ƒo ne míede ŋugble le ale si wole nutoa me gblẽm eye nu gbagbewo dometɔ geɖe le tsɔtsrɔ̃m kura la ŋuti. Gake naneke metena ɖe mía dzi vevie wu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku o. Nubuname kple wɔnamanɔameŋu ƒe seselelãme si me míetona la nu sẽna ŋutɔ.—2 Samuel 18:33.

3. Mɔkpɔkpɔ fakɔname kae wogblɔ le Dɔwɔwɔwo 3:21, eye nu ka dzie Yehowa ato ana wòava eme?

3 Aleke wòfaa akɔ na amee nye esi be míanya nu tso nuwo ɖɔɖɔɖoŋusẽ si le Yehowa si ŋu! Abe ale si míava kpɔe ene la, nu wɔnuku geɖe li siwo Mawu ate ŋu aɖɔ ɖo na via siwo le anyigba dzi eye aɖɔ wo ɖo hã. Le nyateƒe me la, Biblia ɖee fia be Yehowa ɖoe be ‘yeaɖɔ nuwo katã ɖo.’ (Dɔwɔwɔwo 3:21) Yehowa ato Mesia Fiaɖuƒe si ƒe fiae nye Via, Yesu Kristo, dzi awɔ esia. Kpeɖodziwo fia be Fiaɖuƒe sia dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo le ƒe 1914 me. a (Mateo 24:3-14) Nu kawoe wòaɖɔ ɖo? Mina míalé ŋku ɖe Yehowa ƒe ɖɔɖɔɖodɔ gã aɖewo ŋu kpɔ. Míele wo dometɔ ɖeka kpɔm eye míele eme tom xoxo. Bubuawo adzɔ le mɔ si lolo wu nu le etsɔme.

Tadedeagu Dzadzɛtɔ Gbugbɔɖoanyi

4, 5. Nu kae dzɔ ɖe Mawu ƒe amewo dzi le ƒe 607 D.Y. me, eye mɔkpɔkpɔ kae Yehowa na wo?

4 Nu ɖeka aɖe si Yehowa gbugbɔ ɖo anyi xoxoe nye tadedeagu dzadzɛtɔ. Be míase nu si wòfia gɔme la, mina míadzro Yuda fiaɖuƒea ƒe ŋutinya me kpuie. Esia wɔwɔ ana míakpɔ ale si Yehowa zãa eƒe nuwo ɖɔɖɔɖoŋusẽ wòawɔ dɔ ɖe mía dzi vevie.—Romatɔwo 15:4.

5 Wò ya bu ale si Yudatɔ wɔnuteƒewo se le wo ɖokui me le ƒe 607 D.Y. me esime wotsrɔ̃ Yerusalem ŋu kpɔ. Wotsrɔ̃ woƒe du lɔlɔ̃a, wogbã eƒe gliwo ƒu anyi. Vloetɔ wue nye be gbedoxɔ kɔkɔe si Salomo tu, si nye teƒe ɖeka kolia si wotsɔa tadedeagu dzadzɛtɔ naa Yehowa le le anyigba katã dzi la zu glikpo. (Psalmo 79:1) Wokplɔ ame siwo tsi agbe la yi aboyo me le Babilon, eye wogblẽ wo denyigba ɖi wòzu lã wɔadãwo nɔƒe. (Yeremiya 9:11) Le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, ewɔ abe ɖe wɔna aɖeke megali o ene. (Psalmo 137:1) Gake Yehowa, ame si gblɔ tsɔtsrɔ̃ sia ɖi xoxoxo la, na mɔkpɔkpɔ wo be nuwo ɖɔɖɔɖoɣi aɖe li gbɔna.

6-8. (a) Nyati kae dze enuenu le Hebri nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo me, eye aleke nyagblɔɖi siawo va eme zi gbãtɔ? (b) Le egbeŋkekeawo me la, aleke ɖɔɖɔɖo ŋu nyagblɔɖi geɖewo va eme na Mawu ƒe amewo?

6 Le nyateƒe me la, ɖɔɖɔɖo nye nyati si dze enuenu le Hebri nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo me. b Yehowa to wo dzi do ŋugbe be woagaɖɔ anyigbaa ɖo eye amewo anɔ edzi, anyo nu, woakpɔ eta tso gbemelãwo kple futɔwo ƒe amedzidzedze si me. Eɖɔ woƒe anyigba si woagaɖɔ ɖo be anɔ ko abe paradiso ŋutɔŋutɔ ene! (Yesaya 65:25; Ezekiel 34:25; 36:35) Ƒo wo katã ta la, woagaɖo tadedeagu dzadzɛtɔ anyi, eye woagatu gbedoxɔa. (Mika 4:1-5) Nyagblɔɖi siawo na mɔkpɔkpɔ Yudatɔ siwo nɔ aboyo me, eye wòkpe ɖe wo ŋu wodo dzi le ƒe 70 ƒe aboyomenɔnɔa me le Babilon.

7 Ðɔɖɔɖoɣia va ɖo mlɔeba. Esi wona ablɔɖe Yudatɔwo tso Babilon la, wotrɔ yi Yerusalem eye wogatu Yehowa ƒe gbedoxɔa ɖe teƒe ma. (Ezra 1:1, 2) Zi ale si wolé tadedeagu dzadzɛ me ɖe asi ko la, Yehowa yi edzi yra wo eye wòna woƒe anyigba nyo nu heʋã nu. Ekpɔ wo ta tso futɔwo kple gbemelã siwo va xɔ anyinɔ ɖe woƒe anyigbaa dzi ƒe gbogbo aɖee nye ma la si me. Woanya kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe ɖɔɖɔɖoŋusẽ ŋu ale gbegbe! Gake nudzɔdzɔ mawo nye ɖɔɖɔɖo ŋu nyagblɔɖiawo ƒe emevava gbãtɔ si se ɖe afi aɖe ko. Emevava si lolo wu ava eme “le ŋkeke mamlɛawo me,” si nye míaƒe ŋkekea me, ɣeyiɣi si me woaɖo Fia David ƒe Domenyila si ŋugbe wodo la zi dzi.—Yesaya 2:2-4; 9:6, 7.

8 Esi woɖo Yesu zi dzi le dziƒo Fiaɖuƒea me le ƒe 1914 me teti la, etrɔ susu ɖe Mawu ƒe dukɔ wɔnuteƒe si le anyigba dzi la ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu. Abe ale si Persia-ʋafia Kores na ablɔɖe Yudatɔ susɔe aɖewo tso Babilon le ƒe 537 D.Y. me ene la, Yesu hã na ablɔɖe gbɔgbɔ me Yudatɔwo ƒe ame susɔeawo, siwo nye eya ŋutɔ ƒe afɔtoƒe yomedzelawo la, tso egbeŋkekea me “Babilon Gã la,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. (Nyaɖeɖefia 18:1-5; Romatɔwo 2:29) Tso ƒe 1919 me la, wogaɖo tadedeagu dzadzɛtɔ eƒe nɔƒe si sɔ nɛ le Kristotɔ vavãwo ƒe agbenɔnɔ me. (Malaki 3:1-5) Tso ɣemaɣi ke la, Yehowa ƒe amewo subɔe le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ si ŋu wokɔ, si nye ɖoɖo si Mawu wɔ na tadedeagu dzadzɛtɔ, la me. Nu ka tae nu sia le vevie na mí egbea ɖo?

Nuwo Ðɔɖɔɖo Le Gbɔgbɔ Me—Nu Si Ta Wòle Vevie

9. Esi apostoloawo ƒe ɣeyiɣiawo va yi la, nu kae Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo wɔ Mawu subɔsubɔ, gake nu kae Yehowa wɔ le míaƒe ŋkekea me?

9 Bu ŋutinya sia ŋu kpɔ. Woyra ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo le gbɔgbɔ me le nu geɖe me. Gake Yesu kple eƒe apostoloawo gblɔe ɖi be woava gblẽ tadedeagu vavãtɔa dome eye wòabu. (Mateo 13:24-30; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Kristodukɔa do le apostoloawo ƒe ɣeyiɣia megbe. Eƒe hakplɔlawo va xɔ trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafiawo kple woƒe nuwɔnawo de eme. Wowɔe hã be tete ɖe Mawu ŋu va sesẽ ale gbegbe esi wogblɔ le eŋu be enye Mawuɖekaetɔ̃ si gɔme womate ŋu ase o, eye wofia amewo be woaʋu nu vɔ̃ me na nunɔlawo ahado gbe ɖa na Maria kple “ame kɔkɔe” vovovowo ɖe Yehowa teƒe. Azɔ esi wotɔtɔ nuwo alea ƒe alafa geɖe megbe la, nu kae Yehowa wɔ? Ede nu egbexexea me nyawo me—xexe si me yɔ fũu kple subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia kpakple mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔna ƒoɖiwo—eye wògaɖo tadedeagu dzadzɛtɔ te! Manye amiɖeɖe ɖe nya o be míagblɔ be nuwo ɖɔɖɔɖo alea nye egbeŋkekeawo me nudzɔdzɔ vevitɔwo dometɔ ɖeka.

10, 11. (a) Nu eve kawoe gbɔgbɔmeparadisoa lɔ ɖe eme, eye aleke wòka wòe? (b) Ame kawo ƒomevi nue Yehowa ƒo ƒu ɖe gbɔgbɔmeparadisoa me, eye nu ka teƒee mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woakpɔ?

10 Eya ta Kristotɔ vavãwo le gbɔgbɔmeparadiso me egbea, paradiso ma le nyonyom eye wòle ta kekem ɖe edzi. Nu kae paradiso sia lɔ ɖe eme? Nu vevi eve koŋue. Gbãtɔe nye Yehowa, Mawu vavãtɔ, la ƒe subɔsubɔ dzadzɛ. Etsɔ subɔsubɔ si me alakpanyawo kple nufiafia totrowo mele o la yra mí. Etsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu yra mí. Esia wɔe be míete ŋu srɔ̃a nyateƒe si ku ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu be míadze eŋu ahate ɖe eŋu. (Yohanes 4:24) Gbɔgbɔmeparadisoa ƒe akpa evelia ku ɖe amewo ŋu. Abe ale si Yesaya gblɔe ɖi ene la, “le ŋkeke mamlɛawo me” la, Yehowa fiaa ŋutifafa mɔwo esubɔlawo. Etsia aʋawɔwɔ nu le mía dome. Togbɔ be míede blibo o hã la, ekpena ɖe mía ŋu míedoa ‘amenyenye yeyea.’ Ekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu eye wòtsɔa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea yraa mí, eye gbɔgbɔ sia tsea ku nyuiwo le mía me. (Efesotɔwo 4:22-24; Galatiatɔwo 5:22, 23) Ne èwɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe gbɔgbɔa la, ke èle gbɔgbɔmeparadisoa me nyateƒe.

11 Ame siwo ƒomevi Yehowa lɔ̃ nue wòƒo ƒu ɖe gbɔgbɔmeparadisoa me—wonye ame siwo lɔ̃e, ame siwo lɔ̃a ŋutifafa, kple ame siwo “nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mateo 5:3) Ame siawo ƒomevi sie dzidzɔ mɔnukpɔkpɔa asu be woakpɔ nuwo ɖɔɖɔɖo si gawɔ nuku wu kura la teƒe—esi ku ɖe ameƒomea kple anyigba bliboa ŋu.

“Kpɔ Ða! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeyee”

12, 13. (a) Nu ka tae wòle be nuwo ɖɔɖɔɖo ƒe nyagblɔɖiawo nagava eme le mɔ bubu nu? (b) Tameɖoɖo kae le Yehowa si na anyigba abe ale si wògblɔe le Eden-bɔa me ene, eye nu ka tae nya sia na etsɔme mɔkpɔkpɔ mí?

12 Nuwo ɖɔɖɔɖo ŋu nyagblɔɖiawo dometɔ geɖe yi ŋgɔ wu nuwo ɖɔɖɔɖo le gbɔgbɔ me ko. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya ŋlɔ nu tso ɣeyiɣi si me woayɔ dɔ dɔnɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, kple tokunɔwo eye woami ku gɔ̃ hã tegbee la ŋu. (Yesaya 25:8; 35:1-7) Ŋugbedodo siawo meva eme ŋutɔŋutɔ le blema Israel o. Eye togbɔ be míekpɔe be ŋugbedodo siawo va eme le gbɔgbɔ me le míaƒe ŋkekea me hã la, kpeɖodzi sẽŋuwo le mía si siwo ta míate ŋu axɔe ase be woava eme ŋutɔŋutɔ bliboe le etsɔme. Aleke míewɔ nya?

13 Yehowa gblɔ eƒe tameɖoɖo na anyigba la eme kɔ nyuie le keke Eden-bɔa me ke be: Amegbetɔƒome kpɔdzidzɔ, si le lãmesẽ me eye wole ɖekawɔwɔ me la nanɔ edzi. Eɖoe be ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ si wòwɔ la nalé be na anyigba kple nuwɔwɔ siwo katã le edzi eye woatrɔe wòazu paradiso. (1 Mose 1:28) Gake menye nenema kurae nuwo le egbea o. Ke hã míate ŋu aka ɖe edzi be womate ŋu agblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖowo dome gbeɖe o. (Yesaya 55:10, 11) Yesu, ame si nye Mesia Fia si Yehowa ɖo, ana anyigba dzi katã ƒe Paradiso sia nava.—Luka 23:43.

14, 15. (a) Aleke Yehowa awɔ ‘nuwo katã yeyee’? (b) Aleke agbea anɔ le Paradiso me, eye eƒe akpa kae dzɔ dzi na wò wu?

14 Bu ale si wòanɔ be anyigba katã natrɔ azu Paradiso ŋu kpɔ! Yehowa gblɔ le ɣeyiɣi ma ŋu be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.” (Nyaɖeɖefia 21:5) Bu nu si wòafia ŋu kpɔ. Ne Yehowa ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ŋusẽ ɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi xoxo sia ŋu vɔ la, “dziƒo yeye kple anyigba yeye” koe akpɔtɔ. Efia be dziɖuɖu yeye aɖe anɔ dziƒo aɖu anyigbadzinɔla yeye siwo me tɔwo anye ame siwo lɔ̃ Yehowa hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu la dzi. (2 Petro 3:13) Woaxɔ ŋusẽ le Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo si. (Nyaɖeɖefia 20:3) Anye zi gbãtɔ le ƒe akpe geɖe me si ameƒomea avo tso woƒe tagbɔsesẽ, fuléle kple ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi si me. Ðikekemanɔmee la, gbɔdzɔe si gbegbe wòanye la awu gbɔgblɔ.

15 Mlɔeba la, míate ŋu alé be na ɣletinyigba dzeani sia abe ale si woɖoe na mí tso gɔmedzedzea me ene. Dzɔdzɔmeŋutete le anyigba si be wòaɖɔ eɖokui ɖo. Ta kple tɔsisi siwo woƒo ɖii la ŋutɔ me ate ŋu akɔ ne woɖe nu siwo gbɔ ɖiƒoƒoa tsona la ɖa; anyigba siwo dome aʋawɔwɔ gblẽ la ate ŋu agaɖɔ ɖo ne aʋawɔwɔa tɔ te. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye be míawɔ nu woawɔ ɖeka kple dzɔdzɔmese siwo Yehowa ɖo na anyigba, akpe asi ɖe eŋu atrɔe wòazu abɔ dzeani abe Eden ene le xexea me godoo eye nu hamehamewo nanɔ edzi! Le esi amegbetɔwo nanɔ lãwo kple numiemiewo ƒe ha vovovoawo tsrɔ̃m yakatsyɔ teƒe la, woanɔ ŋutifafa me kple anyigba dzi nuwɔwɔwo katã. Ðeviwo gɔ̃ hã magavɔ̃ lã wɔadãwo o.—Yesaya 9:6, 7; 11:1-9.

16. Ðɔɖɔɖo kae akpɔ ŋusẽ ɖe nuteƒewɔla ɖe sia ɖe dzi le Paradisoa me?

16 Woaɖɔ nuwo ɖo le mía ŋutɔwo hã ŋu ɖekaɖeka. Le Armagedon megbe la, woayɔ dɔ agbetsilawo le anyigba bliboa dzi. Abe ale si Yesu wɔ nu esime wònɔ anyigba dzi ene la, azã ŋusẽ si Mawu nae la ana ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, tokunɔwo nase nu, bunɔwo kple dɔnɔwo katã nahaya. (Mateo 15:30) Adzɔ dzi na amegãɖeɖiwo be ɖekakpuimeŋusẽ, lãmesẽ kple dzo yeye gaɖo yewo me. (Hiob 33:25) Ŋutilãa ƒe ayiléle abu, ŋusẽ yeye agaɖo abɔka kple drikawo me, eye agbe yeye aɖo lãmekawo me. Ameƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo katã akpɔe be nu vɔ̃ kple blibomademade ƒe ŋusẽ nu le ɖiɖim vivivi hele bubum. Aleke gbegbe míada akpe na Yehowa Mawu ɖe eƒe ɖɔɖɔɖoŋusẽ wɔnukua tae nye esi! Azɔ na míatrɔ ɖe nuwo ƒe ɖɔɖɔɖoɣi dodzidzɔname sia ƒe akpa lédziname vevi ɖeka aɖe koŋ ŋu.

Agbegbɔgbɔ Kukuawo

17, 18. (a) Nu ka tae Yesu gbe nya na Zadukitɔwo? (b) Nu kawoe dzɔ hafi Eliya bia Yehowa be wòafɔ ame aɖe ɖe tsitre?

17 Le ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ. me la, subɔsubɔhakplɔla aɖewo siwo woyɔna be Zadukitɔwo mexɔ tsitretsitsia dzi se o. Yesu tsɔ nya siawo gbe nya na wo be: “Mieda ƒu, elabena mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la o.” (Mateo 22:29) Ɛ̃, Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ɖɔɖɔɖoŋusẽ sia le Yehowa si. Le mɔ ka nu?

18 Kpɔ nu si dzɔ le Eliya ŋɔli la ɖa le susu me. Ahosi aɖee nye ema via ɖeka kolia le akɔ nɛ gblɔyii. Ŋutsuvia ku. Nyagblɔɖila Eliya si va dze ahosia gbɔ ɣeyiɣi aɖee nye ema anya tɔtɔ ale gbegbe. Do ŋgɔ la, exɔ na ɖevia le dɔŋɔlia. Ðewohĩ ŋutsuvia ƒe nu va lé dzi na Eliya. Dadaa ƒe dzi gbã wu gbɔgblɔ. Ðevi sia koe nye ame si le agbe si na wògaɖoa ŋku srɔ̃aŋutsu si ku la dzi. Anɔ eme be enɔ mɔ kpɔm be viaŋutsua ava kpɔ ye dzi le yeƒe nyagãkuku me hafi. Ahosia tɔtɔ ale gbegbe, eye wòbui be nu vɔ̃ aɖe si yewɔ va yi ƒe tohehe xɔm yele. Nu siawo, si na nyaa gawɔ nublanui ɖe edzi la, wu tsɔtsɔ na Eliya. Exɔ ɖevi kukua le dadaa ƒe akɔnu blewu hekɔe yi eƒe xɔ me, eye wòbia tso Yehowa Mawu si be wòana ɖevia nagagbɔ agbe.—1 Fiawo 17:8-21.

19, 20. (a) Aleke Abraham ɖee fia be yexɔ Yehowa ƒe ɖɔɖɔɖoŋusẽ dzi se, eye nu ka dzie xɔse ma nɔ te ɖo? (b) Aleke Yehowa ɖo Eliya ƒe xɔse teƒee?

19 Menye Eliyae nye ame gbãtɔ si xɔ tsitretsitsia dzi se o. Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, Abraham xɔe se be ɖɔɖɔɖoŋusẽ ma le Yehowa si, eye susu adodoe aɖe tae. Esime Abraham xɔ ƒe 100 eye Sara hã xɔ ƒe 90 la, Yehowa gagbɔ agbe woƒe vidzidziŋutete si ku la, eye wòna Sara dzi viŋutsuvi nukutɔe. (1 Mose 17:17; 21:2, 3) Emegbe esi ŋutsuvia tsi vɔ la, Yehowa bia tso Abraham si be wòatsɔ via asa vɔe. Abraham ɖe xɔse fia eye wònyae be Yehowa agate ŋu agbɔ agbe ye vi lɔlɔ̃a Isak. (Hebritɔwo 11:17-19) Anye xɔse sẽŋu ma tae hafi Abraham nalia toa be yeatsɔ ye via asa vɔe la, eka ɖe edzi na eƒe subɔviwo be ye kple Isak yewoatrɔ agbɔ ɖo.—1 Mose 22:5.

“Kpɔ ɖa, viwò la le agbe”!

20 Yehowa kpɔ Isak ƒe agbe ta, eya ta tsitretsitsi mehiã ɣemaɣi o. Gake le Eliya gome la, ahosia ƒe viŋutsua ku xoxo—gake mexɔ ɣeyiɣi didi o. Yehowa ɖo nyagblɔɖila la ƒe xɔse teƒe nɛ esi wòfɔ ɖevia ɖe tsitre! Eliya tsɔ ŋutsuvia na dadaa hegblɔ nya siwo womaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o la be: “Kpɔ ɖa, viwò la le agbe”!—1 Fiawo 17:22-24.

21, 22. (a) Tameɖoɖo kae nɔ tsitretsitsi siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me ŋu? (b) Le Paradiso me la, ame kawo gbegbee woafɔ, eye ame kae afɔ wo?

21 Eya ta míekpɔe zi gbãtɔ le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me be Yehowa zã eƒe ŋusẽ tsɔ gbɔ agbe amegbetɔ. Emegbe Yehowa gana ŋusẽ Elisa, Yesu, Paulo kple Petro be wogbɔ agbe ame kukuwo. Ele eme baa be ame siwo wogbɔ agbee la gaku ake ya. Ke hã Biblia me nuŋlɔɖi siawo na míekpɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge nukutɔe.

22 Le Paradisoa me la, Yesu, si nye “tsitretsitsi la kple agbe la,” awɔ eƒe ɖoƒe sia ŋu dɔ. (Yohanes 11:25) Afɔ ame miliɔn geɖe ɖe tsitre, ana mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. (Yohanes 5:28, 29) Kpɔ ɖekawɔwɔ si wòanye ɖa le susu me esime xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ vevi siwo dome ku ma ɣeyiɣi didi la akpla na wo nɔewo, eye dzi adzɔ wo wu gbɔgblɔ! Ameƒomea me tɔwo katã akafu Yehowa ɖe eƒe ɖɔɖɔɖoŋusẽa ta.

23. Nu kae nye Yehowa ƒe ŋusẽ ɖeɖe fia gãtɔ kekeake, eye aleke wònye kpeɖodzi na míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa?

23 Yehowa na kakaɖedzi sẽŋu maʋãmaʋã mí be ŋugbedodo mawo ava eme godoo. Le eƒe ŋusẽ ɖeɖe fia gãtɔ kekeake me la, efɔ Via Yesu ɖe tsitre, wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu, eye wòtsɔe ɖo nɔƒe evelia na eya Yehowa ŋutɔ. Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fia nuteƒekpɔla alafa geɖe. (1 Korintotɔwo 15:5, 6) Ele be kpeɖodzi sia ɖeɖe kura nasɔ gbɔ na ɖikelawo gɔ̃ hã. Ŋusẽ le Yehowa si be wòagbɔ agbe ame.

24. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpɔ mɔ na vevie?

24 Menye ɖeko ŋusẽ le Yehowa si be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre o, ke edi vevie be yeafɔ wo ɖe tsitre. Gbɔgbɔ ʋã nuteƒewɔla Hiob wògblɔ be ele Yehowa dzrom ŋutɔŋutɔ be yeagbɔ agbe ame kukuwo. (Hiob 14:15) Ðe mía Mawu, si di vevie be yeazã yeƒe ɖɔɖɔɖoŋusẽ le mɔ sia nu ƒe nu melé dzi na wò oa? Gake ɖo ŋku edzi be nuwo ɖɔɖɔɖo ƒe dɔ gã si Yehowa ava wɔ la ƒe akpa ɖeka koe tsitretsitsia nye. Ne èva le tetem ɖe eŋu geɖe wu la, mɔkpɔkpɔ xɔasi sia anɔ asiwò ɖaa be wò hã àte ŋu anɔ afi ma akpɔ eteƒe Yehowa ‘nawɔ nuwo katã yeyee.’—Nyaɖeɖefia 21:5.

a “Ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo” la dze egɔme esi woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi eye wotsɔ nuteƒewɔla Fia David ƒe domenyila ɖo fiazikpuia dzi. Yehowa do ŋugbe na David be eƒe domenyila aɖe aɖu fia tegbetegbe. (Psalmo 89:35-37) Gake esi Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me vɔ la, amegbetɔ si nye David ƒe dzidzimevi meganɔ Mawu ƒe fiazikpuia dzi o. Yesu, ame si wodzi le anyigba dzi wònye David ƒe domenyila, ye va zu Fia si ŋugbe wodo tso gbe aɖe gbe ke esime woɖoe zi dzi le dziƒo.

b Le kpɔɖeŋu me, Mose, Yesaya, Yeremiya, Ezekiel, Hosea, Yoel, Amos, Obadiya, Mika kple Zefaniya katã ƒo nu tso nyati sia ŋu.