Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 10

“Mizu Mawu Srɔ̃lawo” Le Ŋusẽ Zazã Me

“Mizu Mawu Srɔ̃lawo” Le Ŋusẽ Zazã Me

1. Mɔ̃ ɣaɣlɛ kae te ŋu ɖea amegbetɔ madeblibowo bɔbɔe?

 “ŊUSÈ aɖeke mesua ame si, si ezazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ƒe mɔ̃ medea xa ɖi nɛ o.” Nya siawo si ƒe alafa 19 lia me hakpanyaŋlɔla aɖe ŋlɔ la he susu yi afɔku ɣaɣlɛ aɖe dzi: eyae nye ŋusẽzazã le mɔ gbegblẽ nu. Nublanuitɔe la, mɔ̃ sia te ŋu ɖea amegbetɔ madeblibowo bɔbɔe ŋutɔ. Nyateƒee, le ŋutinya katã me la, “amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.” (Nyagblɔla 8:9) Ŋusẽ zazã si ŋu lɔlɔ̃ mekpe ɖo o la he fukpekpe manyagblɔ vɛ na amegbetɔwo.

2, 3. (a) Nu kae ɖe dzesi le ale si Yehowa zãa eƒe ŋusẽe ŋu? (b) Ŋusẽ siwo anɔ mía si ƒe ɖewo ɖe, eye aleke wòle be míazã ŋusẽ siawo katãe?

2 Gake ɖe meɖe dzesi be Yehowa Mawu, ame si ƒe ŋusẽ seɖoƒe meli na o la, mezãa eƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu gbeɖe oa? Abe ale si míede dzesii le ta siwo do ŋgɔ me ene la, ezãa eƒe ŋusẽ—eɖanye nuwɔŋusẽ, nutsrɔ̃ŋusẽ, ametakpɔŋusẽ, alo ɖɔɖɔɖoŋusẽ o—wòwɔa ɖeka kple eƒe tameɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le ɣesiaɣi. Ne míede ŋugble le ale si wòzãa eƒe ŋusẽ ŋu la, eʋãa mí míetena ɖe eŋu. Eʋãa mí hã be ‘míazu Mawu srɔ̃lawo’ le ŋusẽ si le mía si la zazã me. (Efesotɔwo 5:1) Gake ŋusẽ kae le mí amegbetɔ beliwo si?

3 Ðo ŋku edzi be “Mawu ƒe nɔnɔme nue” wòwɔ ame ɖo. (1 Mose 1:26, 27) Le esia ta ŋusẽ le míawo hã mía si va se ɖe afi aɖe ya teti. Ŋusẽ siwo le mía si ƒe ɖewo ate ŋu anye ŋutete be míawɔ nuwo, be míawɔ dɔ; ŋutete be míanɔ amewo nu alo anye tatɔ na wo; ŋutete be míakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi to míaƒe nuwɔna me, vevietɔ ame siwo lɔ̃ mí; lãmesẽ me nɔnɔ ŋutete; alo ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ. Hakpala la gblɔ le Yehowa ŋu be: “Gbɔwòe agbedzɔƒe le.” (Psalmo 36:9) Eya ta Mawu gbɔ kokokoe ŋusẽ ɖe sia ɖe si anɔ mía si la tso tẽe, alo le mɔ aɖe nu. Le esia ta míadi be míazãe le mɔ si adze eŋu nu. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

Lɔlɔ̃e Nye Nu Vevitɔ

4, 5. (a) Nu vevi kae ana míazã ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nu, eye aleke kpɔɖeŋu si Mawu ŋutɔ ɖo ɖe esia fiae? (b) Aleke lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míazã ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nui?

4 Nu vevitɔ si ana míazã ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nue nye lɔlɔ̃. Ðe Mawu ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖia? Ðo ŋku Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ eneawo—ŋusẽ, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple lɔlɔ̃—siwo me míedzro le Ta 1 me dzi. Le nɔnɔme ene siawo dome la, kae ɖe dzesi wu? Eyae nye lɔlɔ̃. 1 Yohanes 4:8 gblɔ be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” Ɛ̃, Yehowa yɔ fũu kple lɔlɔ̃; eyae kpɔa ŋusẽ ɖe nu sia nu si wòwɔna dzi. Eya ta lɔlɔ̃e ʋãnɛ wòɖea ŋusẽ ɖe sia ɖe fiana wòhea nyui vɛ na ame siwo lɔ̃nɛ la mlɔeba.

5 Lɔlɔ̃ akpe ɖe míawo hã mía ŋu be míazã míaƒe ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nu. Ne èbu eŋu kpɔ la, Biblia na míenya be lɔlɔ̃ “nyoa dɔme” eye be “media eya ŋutɔ tɔ o.” (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Eya ta lɔlɔ̃ maɖe mɔ na mí be míawɔ nu ɖe ame siwo dzi míekpɔ ŋusẽ aɖe ɖo la ŋu tagbɔsesẽtɔe alo vevemaseɖeamenutɔe o. Ke boŋ míade bubu amewo ŋu eye míana woƒe didiwo kple seselelãmewo naxɔ ŋgɔ na mía ŋutɔ tɔwo.—Filipitɔwo 2:3, 4.

6, 7. (a) Nu kae nye mawuvɔvɔ̃, eye aleke nɔnɔme sia akpe ɖe mía ŋu be míagazã ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu o? (b) Wɔ ƒomedodo si le vɔvɔ̃ be woawɔ nu si madze Mawu ŋu o kpakple lɔlɔ̃ na Mawu dome ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

6 Lɔlɔ̃ do ƒome kple nɔnɔme bubu aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míazã ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu o: eyae nye mawuvɔvɔ̃. Asixɔxɔ kae le nɔnɔme sia ŋu? Lododowo 16:6 gblɔ be: “Yehowa vɔvɔ̃e nana ame trɔna ɖa le vɔ̃ ŋu.” Edze ƒãa be mɔ vɔ̃ siwo wòle be míatsri la ƒe ɖee nye ŋusẽzazã ɖe mɔ gbegblẽ nu. Mawuvɔvɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míatsri nu si medze o la wɔwɔ ɖe ame siwo dzi míekpɔ ŋusẽ ɖo la ŋu. Nu ka tae? Eyae nye be míenya be míabu akɔnta na Mawu le ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋui me. (Nehemiya 5:1-7, 15) Gake mawuvɔvɔ̃ bia nu geɖe wu ema. Zi geɖe la, nya siwo wozã le Biblia ƒe gbegbɔgblɔ gbãtɔwo me na “vɔvɔ̃” la fiaa bubu deto tsɔtsɔ na Mawu kple eyama sisiɖa. Eya ta Biblia yɔa vɔvɔ̃ wòkuna ɖe lɔlɔ̃ na Mawu ŋu. (5 Mose 10:12, 13) Bubu deto ƒe sisiɖa sia ƒe akpa aɖee nye vɔvɔ̃ be woawɔ nu si madze Mawu ŋu o—menye le esi míele nu si ado tso eme vɔ̃m ta o, ke boŋ le esi míelɔ̃e ŋutɔŋutɔ ta.

7 Le kpɔɖeŋu me: Bu ƒomedodo nyui si le ŋutsuvi sue kple fofoa dome ŋu kpɔ. Ðevia senɛ le eɖokui me be ye fofo lɔ̃ ye eye wòtsɔa ɖe le eme na ye vevie. Gake ɖevia nya nu si fofoa di tso esi hã, eye wònya hã be ye fofo ahe to na ye ne yewɔ nu gbegblẽ. Menye ŋɔdzie nye vɔvɔ̃ si nɔa ɖevia me na fofoa o. Ke boŋ elɔ̃a fofoa vevie. Enyea dzidzɔ na ɖevia be yeawɔ nu si ŋu ye fofo akpɔ ŋudzedze ɖo. Aleae wòle le mawuvɔvɔ̃ hã gome. Esi míelɔ̃ Yehowa, mía Fofo si le dziƒo ta la, míevɔ̃na be míawɔ nu si agbã dzi nɛ. (1 Mose 6:6) Ðe ema teƒe la, míedina vevie be míawɔ nu si ado dzidzɔ na eƒe dzi. (Lododowo 27:11) Susu sia tae míedi be míazã míaƒe ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nu ɖo. Mina míalé ŋku ɖe ale si míate ŋu awɔ esiae ŋu akpɔ nyuie.

Le Ƒomea Me

8. (a) Ŋusẽ kae le srɔ̃ŋutsuwo si le ƒomea me, eye aleke wòle be woawɔ eŋu dɔe? (b) Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu aɖee afia be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu?

8 Gbã, bu ƒomea me tɔwo ŋu kpɔ. Efesotɔwo 5:23 gblɔ be: “Ŋutsue nye ta na srɔ̃a.” Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ ŋusẽ sia si Mawu tsɔ nɛ la ŋu dɔe? Biblia gblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be woanɔ anyi kple wo srɔ̃wo “le nunya me” eye be ‘woade bubu wo ŋu elabe wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.’ (1 Petro 3:7) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “bubu” fia “asixɔxɔ, vevienyenye, . . . ŋudzedzekpɔkpɔ.” Wote ŋu ɖea nya sia gɔme hã be “nunana” kple “nu xɔasi.” (Dɔwɔwɔwo 28:10; 1 Petro 2:7) Ŋutsu si dea bubu srɔ̃a ŋu maƒoe akpɔ gbeɖe o; eye maɖi gbɔe alo ado vloe, si ana wòase le eɖokui me be yemele ɖeke me o. Ke boŋ ekpɔa nyɔnua ƒe vevienyenye dzea sii eye wòdea bubu eŋu. Eɖenɛ fiana le eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me—le woawo ɖeɖe dome alo dutoƒo—be enye ame si xɔ asi na ye vevie. (Lododowo 31:28) Menye ɖeko srɔ̃nyɔnu alɔ̃ srɔ̃ŋutsu si le alea ko evɔ o, ke vevietɔ la, Mawu hã akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.

Srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo zãa woƒe ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nu to nuwɔwɔ ɖe wo nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ kple bubu me

9. (a) Ŋusẽ kae le srɔ̃nyɔnuwo si le ƒomea me? (b) Nu kae ate ŋu akpe ɖe srɔ̃nyɔnu ŋu wòazã eƒe ŋutetewo atsɔ akpe asi ɖe srɔ̃a ŋu, eye nu kae ado tso eme?

9 Ŋusẽ agbɔsɔsɔme aɖe le srɔ̃nyɔnuwo hã si le ƒomea me. Biblia ƒo nu tso nyɔnu mawuvɔ̃la siwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe tanyenye si dze te, eye wotso le wo ɖokui si ɖo aɖaŋu nyui na wo srɔ̃ŋutsuwo wòkpe ɖe wo ŋu woƒo asa na vodada wɔwɔ le nyametsotso me ŋu. (1 Mose 21:9-12; 27:46–28:2) Ate ŋu adzɔ be srɔ̃nyɔnu ƒe susu naɖe abla wu srɔ̃aŋutsua tɔ, alo ate ŋu anye be ŋutete bubu aɖewo le nyɔnua si si mele srɔ̃a si o. Ke hã ele be srɔ̃nyɔnua nade “bubu deto” srɔ̃a ŋu eye ‘wòabɔbɔ eɖokui nɛ, abe ale si wòabɔbɔ na Aƒetɔ la ene.’ (Efesotɔwo 5:22, 33) Ne srɔ̃nyɔnua ƒe susu le nu si wòawɔ adze Mawu ŋu ŋuti la, ate ŋu akpe ɖe eŋu wòazã eƒe ŋutetewo atsɔ akpe asi ɖe srɔ̃a ŋu tsɔ wu be wòanɔ gbɔ ɖimee alo anɔ agbagba dzem be yeaɖu edzi. “Nyɔnu si dze nunya vavã” alea la wɔa ɖeka kplikplikpli kple srɔ̃a le ƒomea tutuɖo me. Etoa esia me naa ŋutifafa nɔa wo kple Mawu dome.—Lododowo 14:1.

10. (a) Ŋusẽ kae Mawu tsɔ de dzilawo si? (b) Gɔmesese kae le nya “amehehe” ŋu, eye mɔ ka nue wòle be woanae le? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

10 Mawu na ŋusẽ dzilawo hã ɖe wo viwo dzi. Biblia xlɔ̃ nu be: “Mi fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.” (Efesotɔwo 6:4) Le Biblia me la, “amehehe” ate ŋu afia “amenyinyi, hehenana, nufiafia.” Ehiã be woana hehe ɖeviwo; agbe dzea edzi na wo ne wona mɔfiame nyui siwo me kɔ la wo, eye wona seɖoƒe hã wo. Biblia yɔ hehenana, alo nufiafia, sia wòku ɖe lɔlɔ̃ ŋu. (Lododowo 13:24) Eya ta mele be woazã ‘ameƒoti’ (alo ‘amehehe ƒe ati’) ɖe ame ŋu ŋutasesẽtɔe—le seselelãme alo ŋutilã me—gbeɖe o. a (Lododowo 22:15, etenuŋɔŋlɔ; 29:15) Hehenana si me sẽ alo esi me ŋutasesẽ le, si me lɔlɔ̃ mele o la, nye dzilawo ƒe ŋusẽ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu eye ate ŋu ana ɖevia ƒe dzi nagbã. (Kolosetɔwo 3:21) Gake hehenana si da sɔ si wona le mɔ nyuitɔ nu ana ɖeviawo nakpɔe be yewo dzilawo lɔ̃ yewo eye wotsɔ ɖe le agbe si ƒomevi nɔm yewole la me.

11. Aleke ɖeviwo ate ŋu azã woƒe ŋusẽ le mɔ nyuitɔ nu?

11 Ke ɖeviwo hã ɖe? Aleke woate ŋu azã woƒe ŋusẽ le mɔ nyuitɔ nu? Lododowo 20:29 gblɔ be: “Ðekakpuiwo ƒe atsyɔ̃e nye woƒe ŋusẽ.” Eya ta mɔ nyui bubu aɖeke megali si dzi ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo azã woƒe ŋusẽ le wu ezazã le mía ‘Wɔla Gã’ la subɔsubɔ me o. (Nyagblɔla 12:1) Asɔ be ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo naɖo ŋku edzi be yewoƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzilawo ƒe seselelãme dzi. (Lododowo 23:24, 25) Ne ɖeviwo ɖo to wo dzila mawuvɔ̃lawo eye wolé mɔ dzɔdzɔetɔ me ɖe asi la, edoa dzidzɔ na wo dzilawo ƒe dzi. (Efesotɔwo 6:1) Nuwɔna siae “dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie.”—Kolosetɔwo 3:20.

Le Hamea Me

12, 13. (a) Aleke wòle be hamemetsitsiwo nabu woƒe wɔƒe le hamea mee? (b) Wɔ nu si ta wòle be hamemetsitsiwo nawɔ nu ɖe alẽhaa ŋu tufafatɔe ƒe kpɔɖeŋu.

12 Yehowa ɖo dzikpɔlawo be woaxɔ ŋgɔ le Kristo hamea me. (Hebritɔwo 13:17) Ele be ŋutsu siawo siwo dze nazã ŋusẽ si Mawu na wo atsɔ ana kpekpeɖeŋu si hiã eye woadze agbagba hena alẽha la ƒe nyonyo. Ðe hamemetsitsiwo ƒe wɔƒea ɖe mɔ na wo be woaɖu aƒetɔ ɖe wo hati xɔsetɔwo dzia? Kura o! Ele be hamemetsitsiwo nabɔbɔ wo ɖokui ahada asɔ le susu si le wo si ku ɖe wɔƒe si le wo si le hamea me ŋu. (1 Petro 5:2, 3) Biblia gblɔ na dzikpɔlawo be: ‘Mikplɔ Mawu ƒe hame, si wòtsɔ eya ŋutɔ Via ƒe ʋu ƒle la.’ (Dɔwɔwɔwo 20:28) Susu vevi sia tae wòle be woawɔ nu ɖe alẽha la me tɔ ɖe sia ɖe ŋu le tufafa me ɖo.

13 Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale. Xɔlɔ̃ vevi aɖe tsɔ nunɔamesi xɔasi aɖe de asi na wò be nàkpɔ edzi na ye. Ènya be xɔ̃wòa xe fe gbogbo aɖe ɖe nua ta. Ðe màlé be nɛ etɔxɛe, ahakpɔ edzi nyuie oa? Nenema kee Mawu tsɔ agbanɔamedzia de hamemetsitsiwo si be woalé be na nunɔamesi xɔasi aɖe: eyae nye hamea, si me tɔwo wotsɔ sɔ kple alẽwo. (Yohanes 21:16, 17) Yehowa lɔ̃a eƒe alẽwo vevie—le nyateƒe me la, elɔ̃ wo ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi, Yesu Kristo, ƒe ʋu xɔasi ƒle wo. Nu bubu aɖeke megali si xɔ asi na Yehowa wu nu si wòtsɔ ƒle eƒe alẽawoe o. Esia nɔa susu me na hamemetsitsi ɖokuibɔbɔlawo eye wowɔa nu ɖe Yehowa ƒe alẽawo ŋu nyuie.

‘Aɖe La Ƒe Ŋusẽ’

14. Ŋusẽ kae le aɖe la si?

14 Biblia gblɔ be: “Ku kple agbe le aɖe la si me.” (Lododowo 18:21) Nyateƒee, aɖe la ate ŋu agblẽ nu geɖe. Mía dometɔ ka ŋue womegblɔ nya aɖe ɖo eŋumabumabui alo wogblɔ ameŋugblẽnya aɖe gɔ̃ hã ɖe eŋu eye wòvee kpɔ o? Gake ŋusẽ le aɖe la si hã be wòaɖɔ nu ɖo. Lododowo 12:18 gblɔ be: “Nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” Ɛ̃, nya nyui siwo tua ame ɖo ate ŋu anɔ abe atike si faa dzi na ame, si daa gbe le dzia ŋu ene. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

15, 16. Mɔ kawo nue míate ŋu azã aɖe la le atsɔ ade dzi ƒo na amewoe?

15 Wode dzi ƒo na mí le 1 Tesalonikatɔwo 5:14 be: ‘Míafa akɔ na ame siwo lé blanui.’ Nyateƒee, blanuiléle ate ŋu awɔ fu Yehowa subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo le nɔnɔme sia tɔgbi me ŋu? Tɔ asi nane koŋ dzi nàtsɔ akafu wo anukwaretɔe eye nàkpe ɖe wo ŋu woakpɔe be asixɔxɔ le yewo ŋu le Yehowa ŋkume. Xlẽ Biblia ƒe kpukpuiwo me nya sẽŋu siwo fia be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wo vavã eye wòlɔ̃a ame siwo ƒe “dzi gbã gudugudu” kple ame siwo ƒe “gbɔgbɔ ŋu nu te la” na wo. (Psalmo 34:18) Ne míewɔ ŋusẽ si le aɖe la si ŋu dɔ tsɔ fa akɔ na amewoe la, ekema míele eɖem fia be míenye mía Mawu si nye veveseɖeamenula, “ame si faa akɔ na ame siwo ƒo dzi ɖe le” la srɔ̃lawo.—2 Korintotɔwo 7:6.

16 Míagate ŋu azã ŋusẽ si le míaƒe aɖe si la atsɔ ana dzideƒoname si amewo hiã vevie la wo. Ðe haxɔsetɔ aɖe ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe kua? Veveseseɖeamenunya siwo aɖe míaƒe ɖetsɔleme afia la ate ŋu anye akɔfafa na dzi si le nu xam. Ðe nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi aɖe le sesem le eɖokui me be viɖe megale ye ŋu oa? Nya si míagblɔ ameŋububutɔe ate ŋu ana kakaɖedzi ame siawo be asixɔxɔ le yewo ŋu eye be wokpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Ðe ame aɖe le dɔlémafɔe aɖe léma? Nya fakɔnamewo gbɔgblɔ nɛ tẽe alo to telefon alo lɛta ŋɔŋlɔ dzi ate ŋu awɔ geɖe be mɔkpɔkpɔ nagaɖo ame si le dɔ lém me. Ne míezã míaƒe nuƒoƒoŋusẽ tsɔ gblɔ nya siwo “nyo hena tutuɖo” la, aleke gbegbe dzi adzɔ mía Wɔla lae nye esi!—Efesotɔwo 4:29.

17. Mɔ vevi ka dzie míate ŋu ato azã míaƒe aɖe wòaɖe vi na amewo, eye nu ka ta wòle be míawɔ esia?

17 Mɔ vevitɔ aɖeke megali si dzi míato azã aɖe la ƒe ŋusẽ wu gomekpɔkpɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ na amewo me o. Lododowo 3:27 gblɔ be: “Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo wòle be nàwɔe na, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” Enye míaƒe agbanɔamedzi be míagblɔ nya nyui si naa agbexɔxɔ la na amewo. Masɔ be míamia nu ɖe gbedeasi sia si hiã kpata, si Yehowa tsɔ de mía si dɔmenyotɔe la dzi o. (1 Korintotɔwo 9:16, 22) Afi ka kee Yehowa le mɔ kpɔm be míakpɔ gome le dɔ sia me ase ɖo?

Nya nyuia gbɔgblɔ—enye mɔ nyuitɔ si dzi míazã míaƒe ŋusẽ le

Míaƒe “Ŋusẽ Blibo” Tsɔtsɔ Subɔ Yehowae

18. Nu ka dim Yehowa le tso mía si?

18 Lɔlɔ̃ si le mía me na Yehowa ʋãa mí be míakpɔ gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me bliboe. Aleke Yehowa le mɔ kpɔm be míawɔ esiae? Le mɔ aɖe si mí katã míate ŋui la nu, metsɔ le eme nɔnɔme ka mee míele le agbe me o: “Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye miele ewɔm na ene, ke menye na amewo o.” (Kolosetɔwo 3:23) Esi Yesu nɔ nu ƒom tso se si nye vevitɔ ŋu la, egblɔ be: ‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.’ (Marko 12:30) Ɛ̃, Yehowa le mɔ kpɔm be mía dometɔ ɖe sia ɖe nalɔ̃ ye ahasubɔ ye tso luʋɔ blibo me.

19, 20. (a) Esi wònye be dzi, susu, kple ŋusẽ kpe ɖe luʋɔa ŋu xoxo ɖe, ke nu ka tae wogayɔ nu siawo kpee le Marko 12:30? (b) Nu kae wòfia be woasubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo?

19 Nu kae wòfia be woatsɔ luʋɔ blibo asubɔ Mawu? Luʋɔ la fia ameti bliboa, si me eƒe ŋutilã me kple susu me ŋutetewo katã le. Nu ka tae wogayɔ dzi, susu, kple ŋusẽ le Marko 12:30 esi wònye be nu siawo katã kpe ɖe luʋɔa ŋu xoxo? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ame ate ŋu adzra eɖokui (eƒe luʋɔ) azu kluvi. Gake ate ŋu adzɔ be kluvia matsɔ dzi blibo asubɔ eƒe aƒetɔe o; matsɔ eƒe ŋusẽ blibo alo eƒe susu ƒe ŋutete blibo awɔ eƒe aƒetɔ ƒe didiwoe o. (Kolosetɔwo 3:22) Eya ta edze ƒãa be Yesu yɔ nu siawo kpee be yeatsɔ ate gbe ɖe edzi be mele be míagbe míaƒe naneke zazã le Mawu subɔsubɔ me o. Mawu subɔsubɔ kple luʋɔ blibo fia be míatsɔ mía ɖokui anae, míazã míaƒe ŋusẽ kple ŋutetewo bliboe ale si míate ŋui le eƒe subɔsubɔa me.

20 Ðe subɔsubɔ kple luʋɔ blibo fia be ele be mí katã míazã ɣeyiɣi kple ŋutetewo sɔsɔe le subɔsubɔdɔa wɔwɔ mea? Esia manya wɔ o, elabena ame sia ame ƒe nɔnɔmewo kple ŋutetewo le vovo. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui alo ɖetugbui si le lãmesẽ me eye ŋusẽ le eŋu la ate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me wu ame si si lãmesẽ mele o alo ame si gbɔdzɔ le tsitsi ta. Ame si nye tre si dzi ƒomegbanɔamedziwo mele o ate ŋu awɔ geɖe wu ame si si ƒome le wòle wo dzi kpɔm. Ele be míada akpe vevie ne ŋusẽ le mía ŋu eye nɔnɔmewo ɖe mɔ na mí be míawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me! Gake mele be míanye ɖeklemiɖelawo, atsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo le esia me gbeɖe o. (Romatɔwo 14:10-12) Míadi be míazã míaƒe ŋusẽ atsɔ ade dzi ƒo na amewoe boŋ.

21. Nu kae nye mɔ nyuitɔ kple vevitɔ kekeake si nu míazã míaƒe ŋusẽ ɖo?

21 Yehowa ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi le ŋusẽ zazã ɖe mɔ nyuitɔ nu me. Míadi be míasrɔ̃e le mɔ nyuitɔ kekeake si mí amegbetɔ madeblibowo míate ŋui nu. Míate ŋu azã ŋusẽ ɖe mɔ nyuitɔ nu ne míetsɔa bubu na ame siwo dzi míekpɔ ŋusẽ aɖe ɖo. Hekpe ɖe eŋu la, míadi be míatsɔ luʋɔ blibo awɔ gbeƒãɖeɖedɔ si nye agbeɖeɖedɔ si Yehowa de mía si. (Romatɔwo 10:13, 14) Ðo ŋku edzi be edzɔa dzi na Yehowa ne ètsɔ nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu ana—si nye wò luʋɔ—la nɛ. Ðe wò dzi meʋã wò be nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui le Mawu si sea míaƒe nɔnɔmewo gɔme eye wòlɔ̃a mí alea la subɔsubɔ me oa? Mɔ nyuitɔ alo vevitɔ aɖeke megali si dzi nàto azã wò ŋusẽ le wu esia o.

a Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Hebrigbe me nya si wozã na ‘ameƒoti’ agate ŋu afia “atikplɔ” alo atizɔti, abe esi alẽkplɔlawo zãna tsɔ fiaa mɔ alẽwoe ene. (Psalmo 23:4) Nenema kee ‘ameƒoti’ si dzilawo kpɔ ŋusẽ azã la fia mɔfiame nana si me lɔlɔ̃ le, ke menye tohehe sesẽ alo esi me ŋutasesẽ le o.