Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 11

“Eƒe Mɔwo Katã Dzɔ”

“Eƒe Mɔwo Katã Dzɔ”

1, 2. (a) Nu madzɔmadzɔ gã kawoe wowɔ ɖe Yosef ŋu? (b) Aleke Yehowa ɖɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔawo ɖoe?

 ENYE nu madzɔmadzɔ gã aɖe wowɔ. Ðekakpui dzeɖekɛ la mewɔ hlɔ̃nu aɖeke o, ke hã woda alakpa ɖe esi be edi be yeadɔ ame gbɔ sesẽe, eye wodee tomegaxɔ me. Gake menye esiae nye zi gbãtɔ si wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu o. Ƒe aɖewo do ŋgɔ esime ɖekakpui sia si nye Yosef xɔ ƒe 17 la, eya ŋutɔ nɔviaŋutsuwo da alakpa ɖe esi eye wowui kloe. Wodzrae wòva zu kluvi le dutanyigba dzi. Afi mae wògbe ahiãnya siwo eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔ dodom ɖe egbɔ le. Nyɔnu sia si wòzu ŋukpe na la da alakpa ɖe esi, eye aleae wòdzɔe be wòva le gaxɔ me. Nublanuitɔe la, edze abe ɖe ame aɖeke meli si axɔ na Yosef o ene.

2 Gake Mawu si “[lɔ̃a] dzɔdzɔenyenye kple nya dzɔdzɔe” la nɔ eteƒe kpɔm. (Psalmo 33:5) Yehowa ɖɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ mawo ɖo esi wòde asi nyawo me ale be wova ɖe Yosef le gaxɔa me mlɔeba. Gawu la, wova tsɔ Yosef ɖo ɖoƒe kɔkɔ aɖe si ŋu bubu gã aɖe le. (1 Mose 40:15; 41:41-43; Psalmo 105:17, 18) Mlɔeba la, Yosef ŋu kɔ, eye wòzã eƒe ɖoƒe kɔkɔ la tsɔ na Mawu ƒe tameɖoɖo va eme.—1 Mose 45:5-8.

Yosef kpe fu madzemadzee le gaxɔ me

3. Nu ka tae mewɔ nuku be mí katã míedina be woawɔ nu dzɔdzɔe ɖe mía ŋu o?

3 Ðe nudzɔdzɔ siawo mewɔa dɔ ɖe míaƒe dzi dzi oa? Mía dometɔ kae mekpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe kpɔ alo womewɔe ɖe eŋu kpɔ o? Nyateƒee, edzroa mí katã vevie be woawɔ nu dzɔdzɔe ɖe mía ŋu, ameŋkumemakpɔmakpɔe. Esia mewɔ nuku o, elabena Yehowa tsɔ nɔnɔme siwo nye eya ŋutɔ ƒe amenyenye la de mía me, eye eƒe nɔnɔme vevitɔwo dometɔ ɖekae nye dzɔdzɔenyenye. (1 Mose 1:27) Be míadze si Yehowa nyuie la, ahiã be míase ale si gbegbe wòdea asixɔxɔ dzɔdzɔenyenye ŋui gɔme. Esia awɔe be míava de asixɔxɔ eƒe mɔ wɔnukuwo ŋu geɖe wu eye wòaʋã mí be míate ɖe eŋu kplikplikpli.

Nu Kae Nye Dzɔdzɔenyenye?

4. Le amegbetɔwo ƒe susu nua, aleke wosea ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ gɔme zi geɖe?

4 Le amegbetɔwo gomea, ale si míesea dzɔdzɔenyenye alo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ gɔme zi geɖe koe nye be woawɔ sewo alo ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ, ameŋkumemakpɔmakpɔe. Agbalẽ si nye Right and Reason—Ethics in Theory and Practice gblɔ be “ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ do ƒome kple se, agbanɔamedzi, gomenɔamesiwo, kple dɔdeasiwo, eye enana wotsoa nya me ameŋkumemakpɔmakpɔe alo le mɔ si dze nu.” Gake Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ de ŋgɔ sãsãsã wu ɖoɖowo dzi wɔwɔ nu bubuwo ŋu mabumabui, le esi wònye eƒe agbanɔamedzi alo esi wòle be wòawɔe ta ko.

5, 6. (a) Nya si wozã na “dzɔdzɔenyenye” le gbegbɔgblɔ gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo la gɔme ɖe? (b) Nu kae wòfia be woagblɔ be Mawu le dzɔdzɔe?

5 Míate ŋu ase ale si Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye me gogloe eye wòkeke tae la gɔme nyuie wu to nya siwo wozã le gbegbɔgblɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo me la me dzodzro me. Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, edo ƒome kple nya vevi etɔ̃ aɖewo. Woate ŋu aɖe nya si gɔme wolɔ̃a ɖeɖe be “dzɔdzɔenyenye” la gɔme be “nu dzɔdzɔe.” (1 Mose 18:25) Woɖea nya eve bubuawo gɔme zi geɖe be “nu dzɔdzɔe wɔwɔ.” Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, woɖe nya si wozã na “dzɔdzɔenyenye” gɔme be “woawɔ nu si dzɔ alo nu si le eteƒe.” Eya ta ne míagblɔe la, vovototo aɖeke mele nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye dome o.—Amos 5:24.

6 Eya ta ne Biblia gblɔ be Mawu le dzɔdzɔe la, ele gbɔgblɔm na mí be ewɔa nu si sɔ kple nu si le eteƒe ameŋkumemakpɔmakpɔe, eye ewɔnɛ ɣesiaɣi. (Romatɔwo 2:11) Nyateƒee, mímate ŋu abu eŋu be ewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o. Nuteƒewɔla Elihu gblɔ be: “Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!” (Hiob 34:10) Nyateƒee, mate ŋu adzɔ gbeɖe be Yehowa nawɔ nu madzɔmadzɔ o. Nu ka tae? Le susu vevi eve ta.

7, 8. (a) Nu ka tae mate ŋu adzɔ be Yehowa nawɔ nu madzɔmadzɔ o? (b) Nu kae ʋãa Yehowa wòwɔa nu dzɔdzɔe, alo nu si sɔ?

7 Gbã la, ele kɔkɔe. Abe ale si míede dzesii le Ta 3 lia me ene la, Yehowa le dzadzɛ eye wòle dzɔdzɔe le go sia go me. Eya ta mate ŋu adzɔ gbeɖe be wòawɔ nu madzɔmadzɔ alo nu si mesɔ o. Bu nu si nu sia fia ŋu kpɔ. Mía Fofo si le dziƒo la ƒe kɔkɔenyenye naa kakaɖedzi sẽŋu mí be mawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe viawo ŋu gbeɖe o. Kakaɖedzi sia nɔ Yesu si. Edo gbe ɖa le zã mamlɛtɔ si me wònɔ anyigba dzi be: “Fofo kɔkɔe, kpɔ wo [si fia nusrɔ̃laawo] ta le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nènam la ta.” (Yohanes 17:11) “Fofo kɔkɔe”—le Ŋɔŋlɔawo me la, Yehowa ɖeka koe woyɔna nenema. Esia sɔ, elabena amegbetɔ si nye fofo aɖeke mate ŋu asɔ kplii le kɔkɔenyenye me kura o. Xɔse blibo nɔ Yesu si be yeƒe nusrɔ̃lawo anɔ dedie le ye Fofo, ame si le dzadzɛ eye wòle dzɔdzɔe le go sia go me, ame si te ɖa xaa tso nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe sia ɖe gbɔ la, ƒe asi me.—Mateo 23:9.

8 Evelia, ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ nye Mawu ƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ. Lɔlɔ̃ sia ʋãnɛ wòwɔa nu dzɔdzɔe, alo nu si sɔ, le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me. Gake madzɔmadzɔnyenye ƒomeviwo katã—si me vovototodedeameme le ŋutigbalẽ alo teƒe si wotso ta kple ameŋkumekpɔkpɔ le la—tsoa ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi gbɔ, eye nu siawo tsi tre ɖe lɔlɔ̃ ŋu. Biblia na kakaɖedzi mí ku ɖe lɔlɔ̃ ƒe Mawu la ŋu be: “Yehowa le dzɔdzɔe; elɔ̃a nu dzɔdzɔe.” (Psalmo 11:7) Yehowa gblɔ tso eɖokui ŋu be: “Nye, Yehowa, melɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Yesaya 61:8) Ðe mefaa akɔ na mí be míanya be edzɔa dzi na mía Mawu be yeawɔ nu si le dzɔdzɔe alo nu si sɔ oa?—Yeremiya 9:24.

Nublanuikpɔkpɔ Kpakple Yehowa Ƒe Ʋɔnu Dzɔdzɔe Dɔdrɔ̃ Deblibo La

9-11. (a) Kadodo kae le Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple eƒe nublanuikpɔkpɔ dome? (b) Aleke Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ dze le ale si wòwɔa nu ɖe amegbetɔ nu vɔ̃ mewo ŋui me?

9 Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ de blibo; naneke megblẽ le eŋu o abe ale si eƒe amenyenye bubuawo katã, siwo womate ŋu atsɔ asɔ kple ame bubu aɖeke tɔ o la, le ene. Mose ŋlɔ tsɔ do Yehowa ɖe dzi be: “Agakpe la, eƒe dɔwɔwɔ de blibo, elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ, ame si mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o; dzɔdzɔetɔ kple nuteƒewɔla wònye.” (5 Mose 32:3, 4) Kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu o—mewɔa vi na ame o, eye eƒe nya me mesẽ akpa hã o.

10 Kadodo kplikplikpli aɖe le Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kpakple eƒe nublanuikpɔkpɔ dome. Psalmo 116:5 gblɔ be: “Yehowa sea veve ɖe ame nu, eye wòle dzɔdzɔe; mía Mawu nye nublanuikpɔla.” Ɛ̃, Yehowa le dzɔdzɔe eye wòganye nublanuikpɔla hã. Nɔnɔme eveawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o. Eƒe nublanuikpɔkpɔ menye tsitɔtɔ eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ o, abe ke nublanuikpɔkpɔ manɔmee la, eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me asẽ akpa ene o. Ke boŋ zi geɖe la, eɖea nɔnɔme eveawo fiana le ɣeyiɣi ɖeka me, le nu ɖeka ma ke wɔwɔ me gɔ̃ hã. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.

11 Amegbetɔwo katã nyi nu vɔ̃ dome, eya ta wodze na nu vɔ̃ ŋuti tohehe—si nye ku. (Romatɔwo 5:12) Gake nu vɔ̃ wɔlawo ƒe ku mevivia Yehowa nu o. Enye “Mawu si tsɔa vodada kena faa, ame si sea veve ɖe ame nu hekpɔa nublanui.” (Nehemiya 9:17) Ke hã esi wòle kɔkɔe ta la, mate ŋu aŋe aɖaba aƒu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ dzi o. Ekema aleke wòate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afia amegbetɔ nu vɔ̃ mewoe? Míekpɔ ŋuɖoɖoa le Mawu ƒe Nya la me nyateƒe xɔasiawo dometɔ ɖeka me: Eyae nye tafevɔsa si Yehowa tsɔ na hena ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Míasrɔ̃ nu geɖe tso ɖoɖo sia si me lɔlɔ̃ le ŋu le Ta 14 lia me. Míakpɔe enumake be enye nu si sɔ ale gbegbe eye wòganye nublanuikpɔkpɔ si ƒo ɖe sia ɖe ta hã. Yehowa ate ŋu ato esia dzi aɖe nublanuikpɔkpɔ si me veveseseɖeamenu le afia nu vɔ̃ me trɔdzimewo esime wòkpɔtɔ lé eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ debliboa me ɖe asi.—Romatɔwo 3:21-26.

Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Léa Dzi Na Ame

12, 13. (a) Nu ka tae Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ tea mí ɖe eyama ŋu? (b) Aleke David ƒo nya tae tso Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu, eye aleke esia faa akɔ na míi?

12 Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ menye nɔnɔme si me veveseseɖeamenu mele o si tea mí ɖa le eŋu o, ke enye nɔnɔme lédziname si tea mí ɖe eyama ŋu boŋ. Biblia ɖɔ ale si nublanuikpɔkpɔ dze le Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ alo dzɔdzɔenyenye me eme kɔ ƒãa. Mina míadzro mɔ siwo nu Yehowa ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye fiana le wòléa dzi na ame la me.

13 Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ debliboa ʋãnɛ wòɖea nuteƒewɔwɔ fiaa esubɔlawo eye megblẽa wo ɖi o. Hakpala David va se Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ debliboa ƒe akpa sia gɔme nyuie le nu siwo me eya ŋutɔ to me. To David ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ kpakple to nu siwo wòsrɔ̃ tso Mawu ƒe mɔwo ŋu me la, aleke wòƒo nya tae? Egblɔ be: “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye magblẽ ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee.” (Psalmo 37:28) Kakaɖedzinya fakɔname kawo gbegbee nye esi! Mía Mawu magblẽ ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖe o. Eya ta míate ŋu aɖo ŋu ɖe ale si wòtsɔ kpuie ɖe mía gbɔ eye wòléa be na mí lɔlɔ̃tɔe la ŋu. Eƒe dzɔdzɔenyenye na kakaɖedzi le nya sia ŋu!—Lododowo 2:7, 8.

14. Aleke ale si Yehowa tsɔ ɖe le ame tsɛwo me la dze le Se si wòna Israel-viwo me?

14 Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ na wòtsɔ ɖe le ame siwo wote ɖe anyi la ƒe hiahiãwo me. Ale si Yehowa tsɔ ɖe le eme na ame siwo dzi nu mede o la dze le Se si wòtsɔ na Israel-viwo me. Le kpɔɖeŋu me, wowɔ ɖoɖo tɔxɛwo le Sea me be woatsɔ akpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ƒe nuhiahiãwo gbɔe. (5 Mose 24:17-21) Esi Yehowa nya ale si agbenɔnɔ ate ŋu asesẽe na ƒome siawoe ta la, eya ŋutɔ va zu fofo Ʋɔnudrɔ̃la kple Ametakpɔla na wo, “ame si drɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃evi kple ahosi.” a (5 Mose 10:18; Psalmo 68:5) Yehowa xlɔ̃ nu Israel-viwo be ne wote nyɔnuwo kple ɖeviwo, ame siwo nye wɔnamanɔŋutɔwo ɖe anyi la, godoo la, yease woƒe ɣlidodo. Egblɔ be: “Nye dziku afla.” (2 Mose 22:22-24) Togbɔ be dziku menye Yehowa ƒe nɔnɔme veviawo dometɔ aɖeke o hã la, edoa dziku si le dzɔdzɔe ne woɖoe koŋ wɔ nu madzɔmadzɔwo, vevietɔ ɖe ame tsɛwo kple wɔnamanɔŋutɔwo ŋu.—Psalmo 103:6.

15, 16. Nu kae nye Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe kpeɖodzi ɖedzesi ŋutɔ aɖe?

15 Yehowa gaka ɖe edzi na mí hã be ‘yemekpɔa ame ŋkume o, eye yemexɔa zãnu o.’ (5 Mose 10:17) To vovo na amegbetɔ geɖe siwo si ŋusẽ alo ɖoƒe aɖe le la, wometsɔa ŋutilã me nunɔamesiwo alo gotagome dzedzeme flua Yehowae o. Akpaɖekadzidede alo ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele eme kura o. Bu Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe kpeɖodzi ɖedzesi aɖe ŋu kpɔ. Menye ame ŋkuta ʋɛ aɖewo koe mɔnukpɔkpɔ si li be woava zu eƒe subɔla vavãwo, ale be woakpɔ agbe mavɔ la, le ʋuʋu ɖi na o. Ke boŋ “le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku sia le ʋuʋu ɖi na amewo katã, metsɔ le eme ɖoƒe si wole, ŋutigbalẽ ƒe amadede si le wo ŋu, alo dukɔ si me wotso o. Ðe menye esiae nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ vavãtɔ kple nyuitɔ kekeake oa?

16 Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ debliboa ƒe akpa bubu aɖe hã gali si me wòle be míadzro ahade asixɔxɔ eŋu: eyae nye ale si wòwɔa nu ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi dalawo ŋu.

Megbea Tohehe O

17. Ðe nu si ta nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo le xexe sia me la metso Yehowa gbɔ le mɔ aɖeke nu o la me.

17 Ame aɖewo abia be: ‘Esi Yehowa meŋea aɖaba ƒua nu madzɔmadzɔ wɔwɔ dzi o ɖe, ke nu ka tae fukpekpe madzemadzee kple nu gbegblẽ wɔwɔ bɔ alea gbegbe ɖe xexea me egbea?’ Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ mawo ƒe fɔbubu mate ŋu ayi na Yehowa le mɔ aɖeke nu o. Nu vɔ̃ si ƒe dome amegbetɔwo nyi tso Adam gbɔe madzɔmadzɔnyenye gbogbo siwo bɔ ɖe xexe vɔ̃ɖi sia me la tso. Le xexe si me amegbetɔ madeblibowo lé woa ŋutɔwo ƒe mɔ vɔ̃ɖiwo tsɔ me la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ sɔŋ koe xɔ aƒe ɖi—gake mayi edzi eteƒe nadidi o.—5 Mose 32:5.

18, 19. Nu kae ɖee fia be Yehowa mayi edzi aŋe aɖaba ƒu ame siwo ɖonɛ koŋ daa eƒe se dzɔdzɔeawo dzi la dzi o?

18 Togbɔ be Yehowa ɖea nublanuikpɔkpɔ gã aɖe fiaa ame siwo tena ɖe eŋu anukwaretɔe hã la, maɖe mɔ be nuwɔna siwo hea vlodoame vaa eƒe ŋkɔ kɔkɔea dzi la nayi edzi tegbee o. (Psalmo 74:10, 22, 23) Dzɔdzɔenyenye Mawu la menye ame si ŋu woaɖu fewu le o; makpɔ ame siwo ɖoe koŋ le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi la ta tso fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃ si wodze na me o. Yehowa nye “Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, . . . ke megbea tohehe na fɔɖila o.” (2 Mose 34:6, 7) Le ɖekawɔwɔ me kple nya siawo la, Yehowa kpɔe ɣeaɖewoɣi be ehiã be yeadrɔ̃ toheʋɔnu ame siwo ɖoe koŋ gbe yeƒe se dzɔdzɔewo dzi wɔwɔ.

19 Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Mawu wɔ nu ɖe blema Israel ŋu kpɔ. Esi Israel-viwo ɖo Ŋugbedodonyigba dzi gɔ̃ hã la, wotra ɖa hege ɖe nuteƒemawɔmawɔ me zi geɖe. Togbɔ be woƒe nuwɔna gbegblẽawo ‘do nuxaxa na’ Yehowa hã la, megbe wo enumake o. (Psalmo 78:38-41) Ke boŋ ekpɔ nublanui na wo, ʋu mɔnukpɔkpɔ geɖe ɖi na wo be woatrɔ tso woƒe mɔwo dzi. Eɖe kuku na wo gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, ke boŋ be ame vɔ̃ɖi la natrɔ ɖa le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, ne wòanɔ agbe. Oo, Israel ƒe aƒe, mitrɔ, mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, nu ka tae miedi be yewoaku?” (Ezekiel 33:11) Esi Yehowa bua agbe nu xɔasii ta la, edɔ eƒe nyagblɔɖilawo ɖe Israel-viwo zi gbɔ zi geɖe be woatrɔ ɖa tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Gake dzimesesẽtɔ siawo ƒe akpa gãtɔ gbe toɖoɖo kple dzimetɔtrɔ. Mlɔeba la, le Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la kple gɔmesese si le eŋu ta la, etsɔ wo de asi na woƒe futɔwo.—Nehemiya 9:26-30.

20. (a) Nu kae ale si Yehowa wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu fia mí tso eyama ŋu? (b) Nu ka tae wòsɔ be wotsɔ dzata wɔ kpɔɖeŋu na Mawu ƒe nɔƒe godoo la alo eƒe ŋkume kple eƒe fiazikpui?

20 Ale si Yehowa wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu na míenya nu geɖe tso eyama ŋu. Míesrɔ̃e be eƒe ŋku si kpɔa nu sia nu la le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe sia ɖe kpɔm eye wòdea dzesi wo, eye be nu siwo kpɔm wòle la tena ɖe edzi ŋutɔ. (Lododowo 15:3) Edea dzi ƒo na mí be míanya be edia mɔnukpɔkpɔwo be yeaɖe nublanuikpɔkpɔ afia ne susu aɖe li si ta wòawɔe nenema ɖo. Gakpe ɖe eŋu la, míesrɔ̃e be meyɔna ɖe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu gbeɖe o. Le Yehowa ƒe dzigbɔɖi ta la, ame geɖe tsɔnɛ vodadatɔe be madrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo gbeɖe o. Gake mele nenema kura o, elabena ale si Mawu wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu la fia mí hã be seɖoƒe le Mawu ƒe dzigbɔɖi ŋu. Yehowa nɔa te sesĩe le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me. Mele abe amegbetɔ siwo zi geɖe gbea tsotso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu ene o, ke boŋ dzi nɔa eƒo ɖe nu si le dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu ɣesiaɣi. Esɔ be wotsɔ dzata, si nye dzɔdzɔenyenye yomenɔnɔ dzinɔameƒotɔe ƒe dzesi, wɔ kpɔɖeŋu na Mawu ƒe nɔƒe godoo la alo eƒe ŋkume kple eƒe fiazikpui. b (Ezekiel 1:10; Nyaɖeɖefia 4:7) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be ana eƒe ŋugbedodo be yeaɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa le anyigba sia dzi la nava eme. Ɛ̃, míate ŋu aɖɔ ale si wòdrɔ̃a ʋɔnui la kpuie ale: Tenɔnɔ sesĩe le afi si wòhiã le, nublanuikpɔkpɔ le afi sia fi si wòanya wɔ le.—2 Petro 3:9.

Tete Ðe Dzɔdzɔenyenye Ƒe Mawu La Ŋu

21. Ne míede ŋugble le ale si Yehowa drɔ̃a ʋɔnui ŋu la, aleke wòle be míabu eyamae, eye nu ka tae?

21 Ne míele ŋugble dem le ale si Yehowa drɔ̃a ʋɔnui ŋu la, mele be míabui be enye ʋɔnudrɔ̃la vevemaseɖeamenula, tamesesẽtɔ, si ƒe didi koe nye be yeadrɔ̃ toheʋɔnu nu vɔ̃ wɔlawo o. Ke boŋ ele be míakpɔe be enye Fofo lɔ̃ame si nɔa te sesĩe eye wòwɔa nu ɖe viawo ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Esi Yehowa nye Fofo dzɔdzɔe ta la, eda sɔ le tenɔnɔ sesĩe ɖe nu si sɔ wɔwɔ kpakple nublanuikpɔkpɔ veveseɖeamenutɔe me le eƒe nuwɔwɔ ɖe via siwo le anyigba dzi ŋu me, ame siwo hiã eƒe kpekpeɖeŋu kple tsɔtsɔke.—Psalmo 103:10, 13.

22. Le Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye me la, mɔnukpɔkpɔ kae wòʋu ɖi na mí, eye nu ka tae wòwɔa nu ɖe mía ŋu le mɔ sia nu?

22 Aleke gbegbe wòle be míada akpee nye esi be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye de ŋgɔ wu ʋɔnudɔdrɔ̃ nu vɔ̃ wɔlawo ko! Le Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me la, eʋu mɔ na mí be mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe nasu mía si—si nye agbe mavɔ nɔnɔ le blibodede me le xexe si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la me. (2 Petro 3:13) Mía Mawu wɔa nu ɖe mía ŋu le mɔ sia nu elabena eƒe dzɔdzɔenyenye ʋãnɛ be wòakpɔ ame ta tsɔ wu be wòabu fɔ ame. Vavãe, ale si gbegbe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye keke tae la gɔmesese nyuie wu tea mí ɖe eyama ŋu! Le ta siwo kplɔe ɖo mea, míadzro ale si Yehowa ɖea nɔnɔme lédziname sia fianae la me ayi ŋgɔe.

a Nya “tsyɔ̃evi” ɖee fia be menye ŋutsuvi siwo si fofo mele o koe Yehowa tsɔ ɖe le eme na o; etsɔ ɖe le eme na nyɔnuvi tsyɔ̃eviwo hã. Yehowa tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me nyametsotso si me wona domenyinu Zelofehad vinyɔnu tsyɔ̃eviwo la ŋuti nuŋlɔɖi de Sea me. Nyametsotso ma nye kpɔɖeŋu, hefia be gome le nyɔnuvi tsyɔ̃eviwo hã si.—4 Mose 27:1-8.

b Eɖe dzesi be Yehowa tsɔ eɖokui sɔ kple dzata le ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel-vi mawɔnuteƒewo me.—Yeremiya 25:38; Hosea 5:14.