Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 12

“Ðe Mawu Wɔa Nu Madzɔmadzɔa?”

“Ðe Mawu Wɔa Nu Madzɔmadzɔa?”

1. Aleke nu madzɔmadzɔ siwo wowɔna ate ŋu awɔ dɔ ɖe mía dzii?

 WOTAFA ahosi tsitsi aɖe xɔ ga siwo katã le gadzraɖoƒe nɛ la le esi. Vidada vevemaseɖeamenula aɖe gblẽ eƒe vidzĩ ɖi hedzo le egbɔ. Wode ŋutsu aɖe gaxɔ me togbɔ be menye eyae wɔ hlɔ̃nu o hã. Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso nudzɔdzɔ siawo tɔgbi ŋui? Anɔ eme be nudzɔdzɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ɖe dziwò, eye esɔ be wòate ɖe dziwò. Seselelãme sẽŋu aɖe le mí amegbetɔwo me ɖe nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ame ŋu la, eɖua dzi na mí. Míedina be woaxɔ na ame si ŋu wowɔe ɖo eye woahe to na ame si wɔ nu madzɔmadzɔa. Ne nuwo meyi alea o la, ɖewohĩ míabia be: ‘Ðe Mawu le nu siwo le edzi yim la kpɔma? Nu ka tae mewɔ naneke tso eŋu o?’

2. Aleke Habakuk wɔ nu ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu, eye nu ka tae Yehowa meka mo nɛ ɖe eta o?

2 Le ŋutinya katã me la, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo bia nya siawo tɔgbi. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Habakuk bia Mawu le gbedodoɖa me be: “Nu ka tae nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm? Eye nu ka tae nèle ameteteɖeanyi teƒe kpɔm? Nu ka tae tsɔtsrɔ̃ kple ŋutasesẽ le ŋkunyeme? Eye nu ka tae dzrewɔwɔ kple avuwɔwɔ bɔ?” (Habakuk 1:3) Yehowa meka mo na Habakuk ɖe eƒe biabia sia si tso dzi me la ta o, elabena Eyae nye ame si tsɔ dzɔdzɔenyenye ŋuti susu de amegbetɔwo me. Ɛ̃, Yehowa tsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye deŋgɔ la ƒe akpa sue aɖe na mí.

Yehowa Lé Fu Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ

3. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa nya nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo le edzi yim nyuie wu mí?

3 Yehowa menye ame si nu madzɔmadzɔ wɔwɔ metsɔa fu lãme na o. Ele nu siwo le edzi yim la kpɔm. Biblia gblɔ na mí le Noa ƒe ŋkekea ŋu be: “Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo ɖe anyigba la dzii, eye wòkpɔ be eƒe dzimesusuwo katã le vɔ̃wɔwɔ ko ŋu ɖaa.” (1 Mose 6:5) Bu nu si nya mawo fia ŋu kpɔ. Zi geɖea, míenɔa te ɖe nudzɔdzɔ ʋɛ aɖewo siwo míese alo esiwo me míeto dzi dea dzesi nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. Gake Yehowa ya nya nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo le edzi yim le xexea me katã. Ekpɔa wo katã! Gawu la, ete ŋu nyaa nu si le amewo ƒe dzi me—tamesusu gbegblẽ si le megbe na nu madzɔmadzɔ wɔwɔ mawo.—Yeremiya 17:10.

4, 5. (a) Aleke Biblia ɖee fiae be Yehowa tsɔ ɖe le eme na ame siwo ŋu wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖo? (b) Aleke wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Yehowa ŋutɔ hã ŋui?

4 Gake menye ɖeko Yehowa nya nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo le edzi yim la ko evɔ o. Etsɔa ɖe le eme na ame siwo ŋu wowɔe ɖo la hã. Esi dukɔ siwo nye futɔwo nɔ ŋuta sẽm le Yehowa ƒe amewo ŋu la, “ewɔa nublanui na Yehowa ne ame siwo te wo ɖe anyi kple ame siwo sẽ ŋuta le wo ŋu na wole hũ ɖem.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:18) Ðewohĩ ède dzesii be zi ale si amewo le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe kpɔm la, zi nenemae megatɔa dzi na wo o. Menye aleae wòle kura le Yehowa ya gome o! Ele nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo katã le edzi yim la teƒe kpɔm anɔ ƒe 6,000 sɔŋ enye esia, ke hã ale si gbegbe wòlé fu nuwɔna mawoe la metrɔ o. Ke boŋ Biblia na kakaɖedzi mí be nu siawo abe “aʋatsoɖe,” “asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi” kple “aʋatsoɖasefo si daa alakpa ɣesiaɣi” ene la nye ŋunyɔnuwo nɛ.—Lododowo 6:16-19.

5 Gabu ale si gbegbe Yehowa bu fɔ Israel ƒe kplɔla madzɔmadzɔwo vevie ŋu kpɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã eƒe nyagblɔɖila wòbia be: “Menye miawoe wòle be mianya nu si le dzɔdzɔe oa?” Esi Yehowa ɖɔ ale si wole woƒe ŋusẽ zãm madzemadzee tsitotsito vɔ la, egblɔ nu si ado tso eme na ŋutsu gblẽku mawo ɖi be: “Woayɔ Yehowa be wòaxɔ na yewo, gake matɔ na wo o. Aɣla mo ɖe wo ɣemaɣi le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta.” (Mika 3:1-4) Aleke gbegbe Yehowa lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔe nye esi! Ne míagblɔe la, eya ŋutɔ ŋue wowɔe ɖo gbã! Satana yi edzi le alɔme dzodzro ɖem le eŋu ƒe akpe geɖee nye esia. (Lododowo 27:11) Gakpe ɖe eŋu la, nu madzɔmadzɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake si wowɔ ɖe Via ŋu, esi wowui abe hlɔ̃dola ene togbɔ be “mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o” la, ɖu dzi na Yehowa vevie ŋutɔ. (1 Petro 2:22; Yesaya 53:9) Edze ƒãa be Yehowa meŋe aɖaba ƒu ame siwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo la dzi o, eye menye ɖe metsɔ ɖeke le eme na wo hã o.

6. Aleke míedina be míawɔ nui ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu, eye nu ka tae?

6 Ke hã ne míekpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe alo wowɔ nu si mesɔ o ɖe mía ŋutɔwo ŋu la, le dzɔdzɔmenu la, míedina be míaɖe ale si gbegbe wòte ɖe mía dzii la afia. Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ tsi tre ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme ɖe sia ɖe ŋu le go sia go me. (1 Mose 1:27) Ekema nu ka tae Mawu ɖe mɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo le edzi yim ɖo?

Nya Vevitɔ Si Fɔ Ðe Te

7. Ƒo nu tso ale si wotɔ gbe Yehowa ƒe ŋkɔ kple ale si wòɖua dzii ŋu.

7 Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo ku ɖe nya vevi aɖe si fɔ ɖe te ŋu. Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Wɔla lae dze be wòanye anyigbaa kple nu siwo katã le eme la dzi ɖula. (Psalmo 24:1; Nyaɖeɖefia 4:11) Gake le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, wogblẽ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu eye wotsi tre ɖe ale si wòɖua dzii ŋu. Aleke wòdzɔe? Yehowa de se na ame gbãtɔ, Adam, be megaɖu ati aɖe si le abɔ si nye eƒe Paradisoƒe la me ƒe tsetse o. Ke ne egbe toɖoɖo ɖe? Mawu gblɔ nɛ be: “Ku kee nàku.” (1 Mose 2:17) Se si Mawu de la dzi wɔwɔ mahe fukpekpe aɖeke vɛ na Adam alo srɔ̃a Xawa o. Gake Satana ble Xawa wòxɔ edzi se be Mawu le nane ƒe mɔ xem ɖe wo madzemadzee. Nu kae Satana gblɔ be adzɔ ne eɖu atia ƒe tsetse aɖe? Satana gblɔ na Xawa kaŋ be: “Miele kuku ge akpɔ o. Elabena Mawu nyae be gbe si gbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”—1 Mose 3:1-5.

8. (a) Nu kae Satana ƒe nya si wògblɔ na Xawa la fia? (b) Nu ka ŋue Satana tsi tre ɖo ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe dziɖulanyenye ŋu?

8 Le nya siawo me la, menye ɖeko Satana le gbɔgblɔm be Yehowa tsɔ nya vevi aɖe ɣla ɖe Xawa ko evɔ o, ke ele gbɔgblɔm hã be Mawu da alakpa nɛ. Tela la na be Xawa ke ɖi Ame si ƒomevi tɔ ŋkɔ Yehowa. Nu si Satana wɔ la na wòƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ ale gbegbe. Eye ena wòtɔ gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye, alo ale si wòɖua dzii hã. Satana kpɔ egbɔ be yemedo nya aɖeke ɖa si ku ɖe ale si wònye nyateƒe be Mawue nye dziɖula gãtɔ kekeake ŋu o. Ke boŋ etsi tre ɖe eƒe se nu nɔnɔ, eƒe dzedze be wòanyee, kple eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu. Ne míagblɔe bubui la, ele fiafiam be Yehowa mele Eƒe dziɖuɖu ŋu dɔ wɔm le mɔ dzɔdzɔe kple mɔ nyuitɔ si aɖe vi na Eteviwo nu o.

9. (a) Nu kae nye tomaɖomaɖo me tsonu na Adam kple Xawa, eye biabia vevi kawoe esia fɔ ɖe te? (b) Nu ka tae Yehowa metsrɔ̃ aglãdzelawo ko nyaa navɔ o?

9 Nu si do tso emee nye be Adam kple Xawa siaa gbe toɖoɖo Yehowa esi woɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la. Woƒe tomaɖomaɖo na wodze na tohehe si nye ku, abe ale si Mawu gblɔe pɛpɛpɛ ene. Satana ƒe aʋatsokaka la fɔ biabia vevi aɖewo ɖe te. Ðe Yehowa dze nyateƒe be wòaɖu ameƒomea dzia, alo ɖe wòle be amegbetɔ ŋutɔ naɖu eɖokui dzi? Ðe Yehowa le eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ wɔm le mɔ nyuitɔ kekeake nua? Yehowa ate ŋu azã eƒe ŋusẽkatãtɔnyenye atsrɔ̃ aglãdzela mawo le afi ma enumake hafi. Gake nya siwo fɔ ɖe te la meku ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu o, ke boŋ ɖe eƒe ŋkɔ kple ale si wòɖua dzii ŋu. Eya ta Adam, Xawa, kple Satana tsɔtsrɔ̃ ɖa maɖo kpe Mawu ƒe dzedze be wòanye dziɖula dzi o. Ðe wo tsɔtsrɔ̃ ɖa agafɔ nya bubu geɖe ɖe te ku ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu boŋ. Mɔ ɖeka kolia si dzi woato anya nenye be amegbetɔwo ate ŋu aɖu wo ɖokui dzi dzidzedzetɔe, Mawu manɔmee nye be woaɖe mɔ ɣeyiɣi nava yi.

10. Nu kae ŋutinya ɖe fia tso amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu?

10 Nu kae ɣeyiɣi siwo va yi la ɖe fia? Le ƒe akpe geɖe siwo va yi me la, amegbetɔwo te dziɖuɖu ƒomevi vovovowo kpɔ, siwo dometɔ aɖewoe nye ame ɖeka ko si kpɔ ŋusẽ ɖe nuwo dzi ƒe dziɖuɖu, amehawo ƒe dziɖuɖu, dziɖuɖu siwo me dukɔa ƒe kesinɔnuwo nye amewo katã tɔ sɔsɔe, kple dziɖuɖu siwo me womedea vovototo amegãwo kple ame tsɛwo me o, eye nunɔamesiwo nye ame sia ame tɔ. Nu si do tso wo katã me la ɖo kpe nya si Biblia gblɔ kaŋ la ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.” (Nyagblɔla 8:9) Eya ta nya si nyagblɔɖila Yeremiya gblɔ la sɔ pɛpɛpɛ be: “Oo Yehowa, menyae nyuie be amegbetɔ ƒe mɔ mele eya ŋutɔ si me o. Eye ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.”—Yeremiya 10:23.

11. Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ amegbetɔƒomea le fukpekpe me tom?

11 Yehowa nya tso gɔmedzedzea me be amegbetɔƒomea ƒe eɖokui si nɔnɔ, alo eɖokui dzi ɖuɖu, ahe fukpekpe manyagblɔwo vɛ. Ekema nu madzɔmadzɔe wònye be wòɖe mɔ nu si ado tso eme godoo la le dodom tso emea? Kura o! Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be ehiã be woawɔ dɔ na viwò be woada dɔléle aɖe si ate ŋu awui la nɛ. Ènya be viwòa ase veve ne wokoe, eye esia te ɖe dziwò vevie. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ènya hã be dɔwɔwɔ na viwòa ana wòatsi agbe eye wòava nɔ lãmesẽ me. Nenema kee Mawu hã nya—eye egblɔe ɖi gɔ̃ hã—be yeƒe mɔɖeɖe ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu ahe vevesese kple fukpekpe aɖewo vɛ. (1 Mose 3:16-19) Gake enya hã be ne yeɖe mɔ ameƒomea katã kpɔ aglãdzedzea me tsonu gbegblẽwo koe woate ŋu akpɔ gbɔdzɔe tegbee eye gɔmesese nanɔ eŋu. Le mɔ sia nu la, woate ŋu akpɔ nyaa gbɔ tegbee, yi ɖe mavɔmavɔ me.

Amegbetɔwo Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Nya La

12. Abe ale si wòdze le Hiob gome ene la, nutsotso kae Satana tsɔ ɖe amegbetɔwo ŋu?

12 Nya sia ƒe akpa bubu aɖe hã li. Esi Satana nɔ nya tsɔm ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze kple eƒe dzɔdzɔenyenye ŋua, menye ɖeko wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple eƒe ŋkɔ ŋu ko o; eƒo nu tsi tre ɖe Mawu subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nya si Satana gblɔ na Yehowa tso ame dzɔdzɔe Hiob ŋu: “Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe aƒe kpakple eƒe nuwo katã ŋu godoo va kpe oa? Èyra eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba la dzi. Gake ne èdo wò asi ɖa gblẽ nu siwo katã le esi dome la, aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume godoo.”—Hiob 1:10, 11.

13. Nu ka fiamee Satana nɔ esi wòtsɔ nya ɖe Hiob ŋu, eye aleke esia ku ɖe amegbetɔwo katã ŋu?

13 Satana ʋli nya be Yehowa nɔ eƒe ametakpɔŋusẽ zãm be yeatsɔ able Hiob nu ne wòasubɔ ye. Esia le fiafiam hã be Hiob ƒe nuteƒewɔwɔa nye ameŋkumenuwɔwɔ ko, be nu si wòakpɔ tso Mawu gbɔ ta koe wòle esubɔm ɖo. Satana gblɔ tɔteteɖedzitɔe be ne Mawu ƒe yayra mele Hiob dzi o la, eya gɔ̃ hã aƒo fi ade ewɔla. Satana nya be ame aɖeke mede Hiob nu o elabena enye “ame dzɔdzɔe si wɔa nuteƒe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” a Le esia ta ne Satana te ŋu gblẽ Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me la, nu kae wòafia na ameƒomea me tɔ mamlɛawo? Eya ta Satana nɔ nya tsɔm ɖe ame siwo katã di be yewoasubɔ Mawu la ƒe nuteƒewɔwɔ nɛ ŋu. Nyateƒee, Satana keke nyaa ɖe enu hegblɔ na Yehowa be: “Amegbetɔ atsɔ nu sia nu si le esi la ana ɖe eƒe agbe ta.”—Hiob 1:8; 2:4.

14. Nu kae ŋutinya ɖe fia le nya si Satana tsɔ ɖe amegbetɔwo ŋu me?

14 Ŋutinya ɖee fia be abe Hiob ene la, ame geɖe yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa le yometiti me—esia to vovo na nya si Satana gblɔ. Woto woƒe nuteƒewɔwɔ me do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, eye esia na Yehowa te ŋu ɖo Satana ƒe alɔmeɖenya siwo wògblɔ dadatɔe be amegbetɔwo adzudzɔ Mawu subɔsubɔ ne woto nɔnɔme sesẽwo me la ŋu. (Hebritɔwo 11:4-38) Ɛ̃, ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la gbe be yewomatrɔ megbe ade Mawu o. Ne nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake mimi wo ɖo gɔ̃ hã la, woyia edzi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖe edzi boŋ be wòado ŋusẽ yewo ne yewoado dzi.—2 Korintotɔwo 4:7-10.

15. Biabia kae ate ŋu afɔ ɖe te ku ɖe Mawu ƒe ʋɔnu siwo wòdrɔ̃ va yi kple esiwo wòagadrɔ̃ le etsɔme ŋu?

15 Gake Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ yi ŋgɔ wu eƒe dziɖulanyenye kpakple amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe nyaa ko. Ale si Yehowa drɔ̃ ʋɔnu ame ɖekaɖekawo kple dukɔ blibowo gɔ̃ hã ŋuti nuŋlɔɖi le Biblia me na mí. Ʋɔnu siwo wòadrɔ̃ le etsɔme hã ŋuti nyagblɔɖiwo le eme. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo le dzɔdzɔe eye woayi edzi anɔ dzɔdzɔe ɣesiaɣi?

Nu Si Ta Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye De Ŋgɔ Wu

Yehowa ‘matsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu’ gbeɖe o

16, 17. Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be amegbetɔwo ƒe susu se ɖe afi aɖe ko le ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋutɔŋutɔ ƒe nyawo me?

16 Woate ŋu agblɔ le Yehowa ŋu wòasɔ be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ.” (5 Mose 32:4) Mía dometɔ aɖeke meli si ate ŋu aƒu asi akɔ be yeƒe mɔwo katã dzɔ o, elabena zi geɖea, míaƒe susu si se ɖe afi aɖe ko la wɔnɛ be nu si nye dzɔdzɔetɔ la doa viviti ɖe mí. Le kpɔɖeŋu me, bu Abraham ŋu kpɔ. Eɖe kuku na Yehowa ɖe Sodom tsɔtsrɔ̃ ta—togbɔ be vɔ̃ɖinyenye xɔ aƒe ɖe afi ma hã. Ebia Yehowa be: “Ðe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua?” (1 Mose 18:23-33) Edze ƒãa be ŋuɖoɖoae nye ao. Esi ame dzɔdzɔe Lot kple vianyɔnuviwo va ɖo Zoar dedie vɔ ko hafi Yehowa na ‘dzokpe kple dzo dza ɖe Sodom dzi.’ (1 Mose 19:22-24) Gake ‘dzi ku Yona ya vevie’ esi Mawu kpɔ nublanui na Niniwetɔwo. Le esi Yona do ŋgɔ gblɔ tsɔtsrɔ̃ si gbɔna wo dzi ŋu nya ɖi ta la, eƒe dzidzɔe wòanye be wòakpɔe be wotsrɔ̃ wo—metsɔ le eme ale si gbegbe wotrɔ dzi me anukwaretɔe o.—Yona 3:10–4:1.

17 Yehowa na kakaɖedzi Abraham be menye ɖeko Yeƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ bia be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ko o, ke ebia hã be yeakpɔ ame dzɔdzɔewo ta. Gake le Yona ya gome la, ele be wòasrɔ̃e be nublanuikpɔlae Yehowa nye. Ne ame vɔ̃ɖiwo trɔ tso woƒe mɔwo dzi la, ‘elɔ̃na faa be yeatsɔe ake wo.’ (Psalmo 86:5) Yehowa mele abe amegbetɔ siwo vɔ̃na ɖe woƒe ɖoƒe ta la ene o, eya ta medrɔ̃a toheʋɔnu be yeatsɔ aɖe yeƒe ŋusẽ afia o, eye megbea nublanuikpɔkpɔ hã le vɔvɔ̃ be woava bui be ŋusẽe mele ye si o ta o. Eƒe nɔnɔmee nye be yeaɖe nublanuikpɔkpɔ afia nenye be nane li si dzi wòanɔ te ɖo akpɔ nublanui.—Yesaya 55:7; Ezekiel 18:23.

18. Zã Biblia nàtsɔ aɖee fia be Yehowa menɔa te ɖe seselelãme dzro ko dzi wɔa nu o.

18 Gake seselelãme dzro ko meflua Yehowa o. Esime Yehowa ƒe amewo ƒo wo ɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ me vĩi la, egblɔ kaŋ be: “Madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme nu, eye mabia akɔnta wò ɖe ŋunyɔnu siwo katã nèwɔ la ta. Nye ŋku makpɔ nublanui na wò o, eye nye dɔme hã matrɔ ɖe ŋuwò o, elabena mahe wò zɔzɔme ava dziwò.” (Ezekiel 7:3, 4) Eya ta ne amegbetɔwo lé woƒe mɔ tsɔ dzimesesẽtɔe la, Yehowa drɔ̃a ʋɔnu si dze wo la wo. Gake kpeɖodzi sẽŋu dzie wònɔa te ɖo drɔ̃a ʋɔnu. Eya ta esime ɣlidodo ɖe Sodom kple Gomora ta ɖo Yehowa ƒe tome la, egblɔ be: “Maɖi ayi be makpɔe ɖa be ɣli si le ɖiɖim le wo ta la le eme hã.” (1 Mose 18:20, 21) Aleke gbegbe míate ŋu ada akpee nye si be Yehowa mele abe amegbetɔ siwo tsia klokloklo tsoa nya me hafi va sea kpeɖodzinyawo la ene o! Nyateƒee, Yehowa le abe ale si Biblia ƒo nu tso eŋui ene pɛpɛpɛ be, “Mawu nyateƒetɔ, ame si mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o.”—5 Mose 32:4.

Ka Ðe Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Dzi

19. Nu kae míate ŋu awɔ nenye be biabia aɖewo siwo tɔtɔa ame le mía si ku ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu?

19 Menye nu sia nu si Yehowa wɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me ŋue Biblia ƒo nu tsoe tsitotsito o; eye mena ale si Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu ame ɖekaɖekawo kple ƒuƒoƒowo le etsɔme ŋuti numeɖeɖe tsitotsito hã o. Ne míaƒe susu le mía wɔm eveve le nudzɔdzɔ alo nyagblɔɖi aɖewo siwo le Biblia me siwo me womeɖe tsitotsito o ŋu la, míate ŋu aɖe nuteƒewɔwɔ si tɔgbi nyagblɔɖila Mika ɖe fia la afia, esi wòŋlɔ be: “Manɔ Mawu, nye xɔnametɔ la, sinu kpɔm.”—Mika 7:7.

20, 21. Nu ka tae kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Yehowa awɔ nu si dzɔ ɣesiaɣi?

20 Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be le nɔnɔme ɖe sia ɖe mea, Yehowa awɔ nu si dzɔ. Ne edze abe ɖe amegbetɔwo ŋe aɖaba ƒu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ dzi ene hã la, Yehowa ya do ŋugbe be: “Tɔnyee nye hlɔ̃biabia; nye la, maɖo eteƒe.” (Romatɔwo 12:19) Ne míelala kpɔ esinu la, míagblɔ kple kakaɖedzi sẽŋu abe apostolo Paulo ene be: “Ðe Mawu wɔa nu madzɔmadzɔa? Gbeɖe!”—Romatɔwo 9:14.

21 Gake fifia la, míekpɔtɔ le ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ me. (2 Timoteo 3:1) Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple “ameteteɖeanyi” siwo le edzi yim na be wowɔ ŋutasẽnu geɖe ɖe amewo ŋu. (Nyagblɔla 4:1) Gake Yehowa metrɔ o. Ekpɔtɔ lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, eye etsɔ ɖe le eme na ame siwo ŋu wowɔnɛ ɖo la vevie. Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa eye míenɔ eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi la, ado ŋusẽ mí be míado dzi le nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã me va se ɖe esime eƒe ɣeyiɣi ɖoɖia nade be wòaɖe wo ɖa le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te.—1 Petro 5:6, 7.

a Yehowa gblɔ le Hiob ŋu be: “Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o.” (Hiob 1:8) Le esia ta anɔ eme be Hiob nɔ agbe le Yosef ƒe ku megbe kpakple do ŋgɔ na ɣeyiɣi si wotia Mose wòva zu Israel-viwo kplɔla. Eya ta woate ŋu agblɔ le ɣeyiɣi ma me be ame aɖeke mewɔa nuteƒe abe Hiob ene o.